NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 23-24
Mègadze Amehawo Yome O
Míate ŋu awɔ nuxlɔ̃ame si Yehowa na ame siwo aɖi ɖase le ʋɔnu kple ʋɔnudrɔ̃lawo be woagadze amehawo yome aɖi aʋatsoɖase alo atrɔ gbo nya o la ŋu dɔ le go bubuwo hã me. Xexea le agbagba dzem ɣesiaɣi be yeana Kristotɔwo nawɔ nu alo abu nuwo ŋu le mɔ si madze Yehowa ŋu o la nu.—Ro 12:2.
Nu ka tae manyo be míadze amehawo yome
ne míese wobewobewo alo nya aɖe si ŋu kpeɖodzi mele o?
ne míele awu si míado, ɖa si míawɔ alo modzaka si míaɖe la tiam o?
ne míele nu ƒom tso amewo ŋu alo le nu wɔm kple wo le ale si woƒe ganyawo le, dukɔ si me wotso alo gbe si wodona ta o?