INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb20 September axa 3
  • Nɔ Ŋudzɔ Be Màgakaka Alakpanyawo O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔ Ŋudzɔ Be Màgakaka Alakpanyawo O
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Ðekemanyala Xɔa Nya Sia Nya Dzi Sena”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Yi Edzi Nànɔ Nusiwo Nèsrɔ̃ La Ŋudɔ Wɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Ðe Nènya Nyateƒe Bliboa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Internet Zazã—Nɔ Ŋudzɔ ɖe Eƒe Afɔkuwo Ŋu!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
mwb20 September axa 3

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Nɔ Ŋudzɔ Be Màgakaka Alakpanyawo O

Nyɔnu aɖe si le nu ƒlem le fiase me la ƒe nu ku esi wòkpɔ nane si woɖo ɖee le fon dzi.

Egbea, ele bɔbɔe ŋutɔ be nyatakakawo naɖo ame miliɔn geɖe gbɔ kaba to agbalẽwo, radio, television kple internet dzi. Ame siwo subɔa “nyateƒe Mawu” la madi be yewoakaka alakpanyawo o. Eye womadi be yewoakakae le manyamanya me gɔ̃ hã o. (Ps 31:5; 2Mo 23:1) Alakpanyawo kaka ate ŋu agblẽ nu le amewo ŋu vevie. Ne èdi be yeanya ne nya aɖe nye nyateƒea, ke bia ɖokuiwò be:

  • ‘Ðe kakaɖedzi le afi si mese nyaa tso ŋua?’ Ðewohĩ ame si gbɔ nèse nyaa lea menya nyateƒe bliboa o. Ne amewo le nya aɖe kakam la, nyaa nɔa tɔtrɔm godoo, eya ta kpɔ nyuie ne mènya ale si tututu nyaa dzɔe o. Esi wònye be nɔviwo kana ɖe ame siwo le ŋgɔ xɔm le hameawo me ƒe nyawo dzi ta la, ele be ame siwo le ŋgɔ xɔm la nakpɔ nyuie be yewoƒe nyatakakawo nye nyateƒe

  • ‘Ðe nyaa nye ameŋugblẽnya?’ Ne nyaa aƒo ɖi ŋkɔ nyui si le ame aɖe alo ame aɖewo ŋu la, ke anyo be nàgakakae o.—Lod 18:8; Flp 4:8

  • ‘Ðe nya sia ate ŋu anye nyateƒea?’ Ðɔ ŋu ɖo le nya siwo ŋu wotrɔ asi le be wòavivi le tome na ame la ŋu

MIKPƆ VIDEO SI NYE AMEŊUNYAGBƆGBLƆ—NU KAE MAWƆ? EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Wobla ŋutsuvi aɖe ɖe ʋuƒo aɖe ŋu eye hɛwo tɔ ʋuƒoa ƒo xlãe.

    Le Lododowo 12:18 ƒe nya nu la, nu kae míaƒe nyawo ate ŋu agblẽ le amewo ŋu?

  • Ame aɖewo ƒo ƒu le ameŋugblẽnya gblɔm.

    Aleke Filipitɔwo 2:4 kpe ɖe mía ŋu be míaɖɔ ŋu ɖo ne míele amewo ƒe nya gblɔm?

  • Ŋutsu aɖe trɔ megbe de ame aɖe si le ameŋugblẽnyawo gblɔm.

    Nu kae wòle be míawɔ ne míele dze ɖom eye ameŋugblẽnyawo va le gegem ɖe dzeɖoɖoa me?

  • Ŋutsu aɖe le ameŋugblẽnya gblɔm, eye ŋutsu bubu aɖe si dzra ɖo abe nyadzɔdzɔdɔwɔla ene la le eŋlɔm.

    Hafi míate ame aɖe ŋu nya gbɔgblɔa, nya kawoe wòle be míabia mía ɖokui?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe