INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb20 September axa 4
  • Nu Vevitɔ Si Nɔ Avɔgbadɔa Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Vevitɔ Si Nɔ Avɔgbadɔa Me
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Nu Nyui Siwo Ava La Ƒe Vɔvɔli”
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nu Kae Nye Nubablaɖaka La?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Wotu Avɔgbadɔ Hena Tadedeagu
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
mwb20 September axa 4
Nubablaɖakaa.

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 25-26

Nu Vevitɔ Si Nɔ Avɔgbadɔa Me

25:9, 21, 22

Nu vevitɔ si nɔ avɔgbadɔa me kple Israel-viwo domee nye Nubablaɖakaa. Alilikpo si nɔ kerubi eve siwo nɔ Aɖakaa ƒe avulénutunua tame dome la ɖee fia be Mawu nɔ wo dome. Le ƒe sia ƒe ƒe Avuléŋkekea dzi la, nunɔlagãa gena ɖe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea eye wòvae gena nyitsu kple gbɔ̃ ƒe ʋu ɖe nutunua ŋgɔ tsɔ léa avu ɖe Israel-viwo ƒe nu vɔ̃wo ta. (3Mo 16:14, 15) Nu sia si wòwɔna la le tsitre ɖi na ale si Yesu, si nye Nunɔla Gãtɔ, do ɖe Yehowa ŋkume le dziƒo eye wòtsɔ asixɔxɔ si le eƒe vɔsaa ŋu la yi nɛ.—Heb 9:24-26.

Tsɔ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna la da ɖe viɖe siwo míakpɔ le tafea ta si nu wosɔ ɖo la gbɔ:

ŊƆŊLƆAWO

  • 1Yh 1:8, 9

  • Heb 9:13, 14

  • Ro 6:23

VIÐEAWO

  • mɔkpɔkpɔ be míava nɔ agbe tegbee

  • woatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí

  • dzitsinya nyui asu mía si

Nu kae wòle be míawɔ be míakpɔ viɖe siawo?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe