KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Wɔwɔ Ðe Ameɖeɖelehame Ƒe Ðoɖoa Dzi Nye Lɔlɔ̃ɖeɖefia
Ameɖeɖelehame ƒe ɖoɖoa kpɔa hamea ta eye wotoa edzi ɖɔa nu gbegblẽ wɔla siwo gbe dzimetɔtrɔa ɖo. (1Ko 5:6, 11) Ne míekpe asi ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo sia ŋu la, enyea lɔlɔ̃ɖeɖefia. Esi wònye ameɖeɖe le haa me tena ɖe ƒometɔwo, ʋɔnudrɔ̃kɔmitia, kple ame bubu ɖe sia ɖe dzi ɖe, aleke esia ate ŋu anye lɔlɔ̃ɖeɖefiae?
Vevietɔe nye be, eɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowa kple eƒe nudidi siwo ku ɖe kɔkɔenyenye ŋu. (1Pe 1:14-16) Egaɖenɛ fiana hã be míelɔ̃ ame si woɖe le haa me. Togbɔ be ameɖeɖelehame nye tohehe si nu sẽ hã la, ate ŋu atse “dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafaku.” (Heb 12:5, 6, 11) Ne míeva le ha dem kple ame si woɖe le haa me alo ame si ɖe eɖokui le haa me la, ke mímele asi kpem ɖe Yehowa ƒe amehehe ƒe ɖoɖo sia ŋu o. Ðo ŋku edzi be Yehowa hea to na eƒe amewo “ale si dze.” (Yr 30:11) Míeyia edzi kpea asi ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo sia ŋu eye míewɔa nu siwo ana mía kplii dome ƒomedodoa me nasẽ ɖe edzi, gake míenɔa mɔ kpɔm hã be ame si woɖe le haa me la natrɔ agbɔ va mía Fofo nublanuikpɔlaa gbɔ.—Yes 1:16-18; 55:7.
MIKPƆ VIDEO SI NYE WƆ NUTEƑE KPLE DZI BLIBO, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:
Aleke dzila Kristotɔwo sena le wo ɖokui me ne wo vi aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ?
Aleke hamea ate ŋu akpe ɖe ƒomea me tɔ siwo yi edzi le nuteƒe ewɔm la ŋu?
Biblia me ŋutinya kae na míekpɔe be ele vevie be míawɔ nuteƒe na Yehowa wu míaƒe ƒometɔwo?
Aleke míate ŋu aɖee afia be míewɔa nuteƒe na Yehowa wu míaƒe ƒometɔwo?