INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb21 January axa 3
  • Dzilawo, Mina Sidzedze Nakpɔ Mia Viwo Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzilawo, Mina Sidzedze Nakpɔ Mia Viwo Ta
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me?—Akpa 2 Lia
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Dzilawo Mikpɔ Mia Viwo Ta!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woalɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Mía Viwo—Domenyinu Xɔasi Ŋutɔ Aɖee Wonye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
mwb21 January axa 3
Dzila aɖewo le ale si wo viwo akpɔ wo ɖokuiwo ta fiam wo; ɖeviawo le ale si woagbe ne ame aɖe di be woawɔ nane si Yehowa lé fui la wɔm fia.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Dzilawo, Mina Sidzedze Nakpɔ Mia Viwo Ta

Xexea dina be míabu nyui be vɔ̃ eye míabu vɔ̃ be nyui. (Yes 5:20) Nublanuitɔea, ame aɖewo wɔa nu gbegblẽ siwo Yehowa lé fui; eƒe ɖee nye ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ. Sukuhatiwo alo ame bubuwo ate ŋu able mía nɔvi sɔhɛwo nu be woawɔ nu siwo yewowɔna. Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu be woanɔ te ɖe tetekpɔ sia kple bubuwo nu dzidzedzetɔe?

Fia Yehowa ƒe dzidzenuwo viwòwo. (3Mo 18:3) Fia nu siwo Biblia gblɔ tso gbɔdɔdɔ ŋu la wo vivivi le woƒe ƒexɔxɔ kple nugɔmesese nu. (5Mo 6:7) Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mefiaa vinyewo ŋutsu kple nyɔnu dome lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔna siwo mesɔ o, ale si wòle vevie be woado awu le nɔnɔme nyui me, kple ale si mele be woaɖe mɔ amewo nanɔ wo lém le mɔ gbegblẽ nu oa? Ðe vinyewo nya nu si woawɔ ne ame aɖe di be yeaɖe gbɔdɔnuwɔnawo afia wo alo bia be woawɔ nane si Yehowa lé fuia?’ Nu siawo nyanya do ŋgɔ ate ŋu akpɔ wo ta be woagaɖo afɔku me o. (Lod 27:12; Nyg 7:12) Ne èfiaa nu siawo viwòwoa, ke èle eɖem fia be yelɔ̃ domenyinu xɔasi si Yehowa na wò la vevie.—Ps 127:3.

MIKPƆ VIDEO SI NYE TU XƆ SI ANƆ ANYI ÐAA—KPƆ VIWÒWO TA TSO “NU VƆ̃ÐI” ME, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Foto si tso video si nye ‘Tu Xɔ Si Anɔ Anyi Ðaa—Kpɔ Viwòwo Ta Tso “Nu Vɔ̃ɖi” Me’ me. Vidada aɖe kple viaŋutsuvi le video si nye ‘Kpɔ Viwòwo Ta’ kpɔm

    Nu ka tae wòsesẽna na dzila aɖewo be woafia nu wo viwo tso gbɔdɔnyawo ŋu?

  • Foto si tso video si nye ‘Tu Xɔ Si Anɔ Anyi Ðaa—Kpɔ Viwòwo Ta Tso “Nu Vɔ̃ɖi” Me’ me. Dzila aɖewo le ‘Srɔ̃ Nu Tso Nufiala Gã La Gbɔ’ kple agbalẽ bubuwo srɔ̃m kple wo vi eveawo.

    Nu ka tae wòle be dzilawo namla wo viwo le “Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me”?—Ef 6:4.

  • Foto si tso video si nye ‘Tu Xɔ Si Anɔ Anyi Ðaa—Kpɔ Viwòwo Ta Tso “Nu Vɔ̃ɖi” Me’ me. Dzila aɖewo siwo le Afrika le mawunyakpukpui aɖewo me dzrom kple wo viwo.

    Sidzedze kpɔa ame ta

    Nu kawoe Yehowa ƒe habɔbɔa na dzilawo be wòakpe ɖe wo ŋu woafia nu wo viwo tso gbɔdɔnyawo ŋu?—w19.05 12, aɖaka

  • Nu ka tae wòle be nànɔ dze ɖom kple viwòwo edziedzi hafi woava ɖo nɔnɔme sesẽwo me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe