INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb21 January axa 11
  • Tiae Be Yeasubɔ Yehowa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tiae Be Yeasubɔ Yehowa
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyɔnyrɔxɔxɔ Ana Nàkpɔ Yayra Geɖe!
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Kristotɔzuzu Bia Be Ame Naxɔ Nyɔnyrɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Dzedze Na Kristotɔwo Ƒe Nyɔnyrɔxɔxɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Akpa si Nyɔnyrɔxɔxɔ Wɔna le Mia Kple Mawu Dome Ƒomedodo Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
mwb21 January axa 11
Mɔ gɔdɔ̃gɔdɔ̃ aɖe si le eɖem fia be Yehowa subɔsubɔ le abe mɔzɔzɔ ene. Dzesi siwo le mɔa dzia le tsitre ɖi na Biblia sɔsrɔ̃, kpekpeawo dede, gbeƒãɖeɖedɔa, kple nyɔnyrɔxɔxɔ.

Afi kae nèɖo le nyɔnyrɔxɔxɔmɔa dzi?

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Tiae Be Yeasubɔ Yehowa

Ne Biblia nusrɔ̃vi alo sɔhɛ gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔe nènyea, ɖe nèle nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu buma? Nu ka tae wòle be nàbu nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu? Adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ nana ame va nɔa ƒomedodo tɔxɛ aɖe me kple Yehowa. (Ps 91:1) Woate ŋu ana ame nakpɔ ɖeɖe hã. (1Pe 3:21) Nu kawoe nàwɔ be nàɖo taɖodzinu siawo gbɔ?

Ka ɖe edzi be nyateƒeae nye esia. Ne nanewo me mekɔ na wò tututu oa, ku nu me tso wo ŋu. (Ro 12:2) De dzesi tɔtrɔ siwo wòle be nàwɔ, eye didi be wò nu nadze Yehowa ŋu neʋã wò nàwɔ tɔtrɔ mawo. (Lod 27:11; Ef 4:23, 24) Do gbe ɖa nɛ ɣesiaɣi be wòakpe ɖe ŋuwò. Ka ɖe edzi be Yehowa azã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔa atsɔ ado ŋusẽ wò eye wòakpe ɖe ŋuwò. (1Pe 5:10, 11) Mave wò kpɔ gbeɖe ne èdze agbagba wɔ nu siawo o. Yehowa subɔsubɔe nye tiatia nyuitɔ si nàte ŋu awɔ le agbe me!—Ps 16:11.

MIKPƆ VIDEO SI NYE AFƆ SIWO WÒHIÃ BE AME NAÐE HAFI ADZE AXƆ NYƆNYRƆ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Kuxi kawo dzie ame aɖewo ɖu hafi te ŋu xɔ nyɔnyrɔ?

  • Nu kawo wɔwɔe ate ŋu ana nàva xɔ Yehowa dzi se eye nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe nɛ?

  • Nu kae ʋã ame aɖewo woɖe afɔ siwo hiã be woadze axɔ nyɔnyrɔ?

  • Yayra kawoe ame siwo tiae be yewoasubɔ Yehowa la kpɔna?

  • Nu kae adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ fia?

Le nyɔnyrɔxɔnuƒoa ƒe nuwuwua, nuƒolaa abia tso ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ si be woatso eye woakɔ gbe dzi aɖo biabia eve siwo gbɔna ŋu:

Ðe nètrɔ dzi me tso wò nu vɔ̃wo me eye nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa helɔ̃ ɖe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo si wòwɔ to Yesu Kristo dzi la dzia?

Ðe nènya be wò nyɔnyrɔxɔxɔ aɖee afia be èva zu Yehowa Ðasefo kple Yehowa ƒe habɔbɔa me tɔa?

Ne ame siwo le nyɔnyrɔ xɔ gea ɖo biabia siawo ŋu be ɛ̃ la, efia be ‘wole eme ʋum le dutoƒo’ be yewoxɔ tafea dzi se eye yewotsɔ yewo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa bliboe.—Ro 10:9, 10.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe