INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb21 May axa 13
  • Ðe Lɔlɔ̃ Fia Le Ƒomea Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Lɔlɔ̃ Fia Le Ƒomea Me
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ƒomegbenɔnɔ si Dzea Mawu Ŋu
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Nu Vevi Eve Siwo Naa Srɔ̃ɖeɖe Nɔa Anyi Didina
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
mwb21 May axa 13
Ƒome aɖe le ha dzim ɖekae le kpekpe.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ðe Lɔlɔ̃ Fia Le Ƒomea Me

Lɔlɔ̃e nye ka si blaa ƒomea ɖekae. Lɔlɔ̃ manɔmeea, asesẽ ŋutɔ be ƒomea me tɔwo nawɔ ɖeka eye woawɔ nu aduadu. Aleke srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, kple dzilawo ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia le ƒomea me?

Srɔ̃ŋutsu si lɔ̃a srɔ̃a abu srɔ̃a ƒe hiahiãwo, eƒe susu kple seselelãmewo ŋu. (Ef 5:28, 29) Akpɔ eƒe ƒomea ƒe ŋutilãme kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ, eye wòakpɔ egbɔ be woanɔ Ƒometadedeagu wɔm kwasiɖa sia kwasiɖa. (1Ti 5:8) Srɔ̃nyɔnu si lɔ̃a srɔ̃a abɔbɔ eɖokui nɛ eye wòade “bubu deto” eŋu. (Ef 5:22, 33; 1Pe 3:1-6) Ele be srɔ̃tɔ evea siaa nalɔ̃ atsɔ anɔ wo nɔewo kem faa. (Ef 4:32) Dzila siwo lɔ̃a wo viwoa tsɔa ɖe le eme na wo dometɔ ɖe sia ɖe, eye wofiaa nu wo be woalɔ̃ Yehowa. (5Mo 6:6, 7; Ef 6:4) Kuxi kawo me tom ɖeviawo le le suku? Ne wo hatiwo le nya ƒom ɖe wo nua, aleke wowɔa nui? Ne lɔlɔ̃ bla ƒomea ɖekaea, woaɖe dzi ɖi eye woase le wo ɖokuiwo me be yewole dedie.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ÐE LƆLƆ̃ SI NU METSINA O FIA LE WÒ ƑOMEA ME, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Foto si tso video si nye ‘Ðe Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O Fia Le Wò Ƒomea Me’ me. Ŋutsu aɖe kple srɔ̃a le ŋɔŋlɔ aɖe me dzrom ɖekae esi wogbɔ tso kpekpe.

    Aleke srɔ̃ŋutsu si lɔ̃a srɔ̃a dea asixɔxɔ eŋu eye wòkpɔa eƒe hiahiãwo gbɔ nɛ?

  • Foto si tso video si nye ‘Ðe Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O Fia Le Wò Ƒomea Me’ me. Nɔvinyɔnu aɖe si gbɔ tso kpekpe la le to ɖom srɔ̃a si menye Ðasefo oa dzigbɔɖitɔe eye wòle nu wɔm ɖe eŋu le bubu me.

    Aleke srɔ̃nyɔnu si lɔ̃a srɔ̃a aɖee afia be yedea bubu deto eŋu?

  • Foto si tso video si nye ‘Ðe Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O Fia Le Wò Ƒomea Me’ me. Ƒome aɖe si gbɔ tso kpekpea le nu ɖum ɖekae eye wole dze ɖom tso nya vevi siwo wode dzesi le kpekpea me ŋu.

    Aleke dzila siwo lɔ̃a wo viwoa kua Mawu ƒe Nyaa ɖe to me na wo?

MIKPƆ NYUIE LE ELEKTRONIKMƆ̃WO ZAZÃ ŊU

Ele bɔbɔe be elektronikmɔ̃wo zazã nava xɔ ɣeyiɣi si wòle be ƒomea nazã atsɔ atu wo nɔewo ɖo le lɔlɔ̃ mea le wo si. Anyo be dzilawo naɖo seɖoƒe na ɣeyiɣi si woawo ŋutɔwo kple wo viwo azã ɖe mɔ̃ɖaŋunuwo ŋu. Azɔ hã, ele be dzilawo natso nya me le ame siwo wo viwo ado ka kple le Internet dzia ŋu, nenye be woaɖe mɔ le esia ŋue nye ema.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe