INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb21 July axa 3
  • Se Veve Ðe Ame Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Se Veve Ðe Ame Nu
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Veveseseɖeamenu—Enaa Woɖea Dɔmenyonyo Kple Dɔmekɔkɔ Fiana
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Ðe Mawu Sea Veve Ðe Mía Nua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
  • Se Veve Ðe Amewo Nu
    Nyɔ!—2020
  • Kpɔ Dzidzɔ Geɖe Le Wò Subɔsubɔdɔa Me—Bia Nyawo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
mwb21 July axa 3

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI | KPƆ DZIDZƆ GEÐE LE WÒ SUBƆSUBƆDƆA ME

Se Veve Ðe Ame Nu

Veveseɖeamenu fia be ame nadze agbagba ase ame bubu ƒe hiahiãwo, nuŋububu, seselelãme kple nɔnɔmewo gɔme. Ne míedi vevie be míakpe ɖe amewo ŋua, anɔ bɔbɔe be míase veve ɖe wo nu eye woakpɔ esia adze si. Ne míesea veve ɖe amewo nu le gbeadzia, enana wotena ɖe Yehowa ŋu, elabe wokpɔnɛ be elɔ̃ yewo eye wòtsɔ ɖe le eme na yewo.—Flp 2:4.

Veveseɖeamenu menye mɔnu dzro aɖe si dzi míetona fiaa nu amewo ko o; ele be wòadze le míaƒe mo, nuƒoƒo, nuwɔna, kple ale si míeɖoa to amewoe hã me. Míeɖea veveseɖeamenu fiana ne míetsɔa ɖe le eme na amewo tso dzi me. Míebua woƒe dzixɔsewo, nu siwo dzɔa dzi na wo, kple nɔnɔme siwo me tom wolea ŋu. Míaɖo aɖaŋu nyuiwo na wo eye míakpe ɖe wo ŋu, gake mímazi wo dzi be woatrɔ o. Dzi dzɔa mí ŋutɔ ne ame siwo míeɖea gbeƒã na la lɔ̃ faa míekpe ɖe wo ŋu.

MIKPƆ WƆWƆFIA ƑE VIDEO SI NYE KPƆ DZIDZƆ LE NUSRƆ̃LAWƆWƆDƆA ME—NA WÒ NUFIAFIAÐAŊU NAGANYO ÐE EDZI—SE VEVE ÐE AME NU, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Foto si tso video si nye ‘Kpɔ Dzidzɔ Le Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Me—Na Wò Nufiafiaɖaŋu Naganyo Ðe Edzi—Se Veve Ðe Ame Nu’ me. Dzidzɔ kple Rut le kɔfinoƒe aɖe, eye Dzidzɔ le nu si tae mate ŋu asrɔ̃ nua gbe ma gbe oa me ɖem.

    Esi Dzidzɔ tsi megbea, aleke Rut ɖee fia be yese veve ɖe enu?

  • Foto si tso video si nye ‘Kpɔ Dzidzɔ Le Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Me—Na Wò Nufiafiaɖaŋu Naganyo Ðe Edzi—Se Veve Ðe Ame Nu’ me. Rut le to ɖom veveseɖeamenutɔe.

    Esi Dzidzɔ gblɔ be yemate ŋu asrɔ̃ nua oa, aleke Rut ɖee fia be yese veve ɖe enu?

  • Foto si tso video si nye ‘Kpɔ Dzidzɔ Le Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Me—Na Wò Nufiafiaɖaŋu Naganyo Ðe Edzi—Se Veve Ðe Ame Nu’ me. Dzidzɔ ƒe xɔ me le nyamaa eye Rut kpe ɖe eŋu wòdzrae ɖo.

    Ne míesea veve ɖe amewo nua, etea wo ɖe Yehowa ŋu

    Esi Dzidzɔ gblɔ be yemete ŋu wɔa nu ɖe ɖoɖo nu oa, aleke Rut ɖee fia be yese veve ɖe enu?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe