INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb21 July axa 9
  • Ðo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔ Dzidzɔ Geɖe Le Wò Subɔsubɔdɔa Me—Bia Nyawo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Kpɔ Dzidzɔ Geɖe Le Wò Subɔsubɔdɔa Me​—Zã Mawu Ƒe Nyaa
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Do Gbe Ða Na Yehowa Be Wòakpe Ðe Ŋuwò
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woaɖu Numame Gbegblẽwo Dzi
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
mwb21 July axa 9

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI | KPƆ DZIDZƆ GEÐE LE WÒ SUBƆSUBƆDƆA ME

Ðo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ

Dzi mee toɖoɖo Mawu tsona. (Lod 3:1) Eya ta ele be míadze agbagba aɖo amewo ƒe dzi gbɔ ne míele nu fiam wo. Aleke?

Mègafia Biblia me nyateƒewo wò nusrɔ̃via ko o, kpe ɖe eŋu wòakpɔ ale si nusɔsrɔ̃a ka eya ŋutɔ kple ƒomedodo si le eya kple Yehowa dome. Kpe ɖe eŋu wòakpɔ ale si Biblia ƒe dzidzenuwo ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃, nyuiwɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye fia. Bia nyawoe ŋuɖɔɖotɔe nàtsɔ akpe ɖe eŋu wòanya ale si wòsena le eɖokui me tso nu siwo srɔ̃m wòle ŋu. Na wòakpɔ ale si wòaɖe vi nɛ ne etrɔ asi le eƒe agbenɔnɔ kple nuŋububu siwo mesɔ oa ŋu. Wò dzidzɔ agba go ne èkpɔe be wò nusrɔ̃via lɔ̃ Yehowa vevie.

MIKPƆ WƆWƆFIA ƑE VIDEO SI NYE KPƆ DZIDZƆ LE NUSRƆ̃LAWƆWƆDƆA ME—NA WÒ NUFIAFIAÐAŊU NAGANYO ÐE EDZI—ÐO AMEWO ƑE DZI GBƆ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Foto si tso video si nye ‘Kpɔ Dzidzɔ Le Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Me—Na Wò Nufiafiaɖaŋu Naganyo Ðe Edzi—Ðo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ’ me. Rut le nya biam Dzidzɔ esi wonɔ Biblia srɔ̃m.

    Susu ka tae Rut bia Dzidzɔ be: “Ède ŋugble le nu si míesrɔ̃ nyitsɔ Dzoɖagbe ŋua?”

  • Foto si tso video si nye ‘Kpɔ Dzidzɔ Le Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Me—Na Wò Nufiafiaɖaŋu Naganyo Ðe Edzi—Ðo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ’ me. Rut le Ŋɔŋlɔawo me ɖem na Dzidzɔ.

    Aleke Rut kpe ɖe Dzidzɔ ŋu wòkpɔe be mɔfiame siwo le Biblia mea ɖee fia be Yehowa lɔ̃e?

  • Foto si tso video si nye ‘Kpɔ Dzidzɔ Le Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Me—Na Wò Nufiafiaɖaŋu Naganyo Ðe Edzi—Ðo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ’ me. Dzidzɔ le to ɖom Rut.

    Ne míefia nu wòɖo nusrɔ̃via ƒe dzi gbɔa, aʋãe wòaɖe afɔ siwo hiã be wòasubɔ Yehowa

    Aleke Rut kpe ɖe Dzidzɔ ŋu wòkpɔ ale si wòate ŋu aɖee afia Mawu be yelɔ̃e?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe