INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb21 September axa 13
  • Wò Susu Nenɔ Yehowa Ŋu Ðaa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wò Susu Nenɔ Yehowa Ŋu Ðaa
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Jason Worilds: Yehowa Subɔsubɔ Ana Nàkpɔ Dzidzedze Godoo
    Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
  • Nu Kae Nye Yehowa Ƒe Susu?
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Nukatae Manɔ Dɔ Lém Alea Gbegbe?
    Nyɔ!—1997
  • Abraham—Ame Si Si Xɔse Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
mwb21 September axa 13

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Wò Susu Nenɔ Yehowa Ŋu Ðaa

Ne mímele dɔ kpɔm awɔ oa, ate ŋu asesẽ na mí be míatsɔ Mawu Fiaɖuƒea kple Eƒe dzɔdzɔenyenye aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. Ne míekpɔ nyuie oa, míalɔ̃ axɔ dɔ aɖe si ana Yehowa subɔsubɔ nasesẽ na mí alo ana míada le Biblia me gɔmeɖosewo dzi. Gake míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa zãa eƒe ŋusẽ tsɔ “xɔna na ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.” (2Kr 16:9) Naneke mate ŋu axe mɔ na mía Fofo lɔ̃amea be wòagakpe ɖe mía ŋu ahakpɔ míaƒe hiahiãwo gbɔ na mí o. (Ro 8:32) Eya ta ne míele dɔ si míawɔ tiam la, ele be míaka ɖe Yehowa dzi eye míana esubɔsubɔ nanye nu vevitɔ na mí le agbe me.—Ps 16:8.

MIKPƆ WƆWƆFIA ƑE VIDEO SI NYE WƆ DƆ NA YEHOWA TSO LUƲƆ BLIBO ME, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Fotoa tso video sia me: “Wɔ Dɔ Na Yehowa Tso Luʋɔ Blibo Me.” Thomas le ŋku lém ɖe Yao ŋu esi wògbe be yemaxɔ zãnu le dɔ me o.

    Nu ka tae Yao gbe be yemaxɔ zãnu o?

  • Fotoa tso video sia me: “Wɔ Dɔ Na Yehowa Tso Luʋɔ Blibo Me.” Yao le dɔ me eye wòle gbeɖuɖɔ nu blam atsɔ avɛ ƒu gbe.

    Aleke míawɔ Kolosetɔwo 3:23 ŋu dɔe?

  • Fotoa tso video sia me: “Wɔ Dɔ Na Yehowa Tso Luʋɔ Blibo Me.” Yao le Biblia srɔ̃m kple Thomas.

    Aleke kpɔɖeŋu nyui si Yao ɖoa wɔ dɔ ɖe Thomas dzi?

  • Fotoa tso video sia me: “Wɔ Dɔ Na Yehowa Tso Luʋɔ Blibo Me.” Yao kple Thomas kpã le dɔ me kaba yina kpekpe.

    Na Yehowa naxɔ nɔƒe gbãtɔ le wò nyametsotsowo kple nuwɔnawo me

    Aleke míawɔ Mateo 6:22 ŋu dɔe?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe