INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb21 November axa 7
  • Nu Siwo Míate Ŋu Awɔ Be Kpekpe Na Gbeadzi Naɖe Vi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Siwo Míate Ŋu Awɔ Be Kpekpe Na Gbeadzi Naɖe Vi
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Si Ðoa Eƒe Taɖodzinu Gbɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Na Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Naɖe Vi na Wò Bliboe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Kpekpe Hena Gbeadziyiyi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
mwb21 November axa 7
Fotoawo: 1. Nɔviŋutsu aɖe le nu si me wòavae dzro kple nɔviawo le kpekpe na gbeadzi mea dzram ɖo. Nu siwo le dzedzem le foto sueawo me: trakt vovovowo, ame aɖe le nyadzɔdzɔ gblɔm, aƒemenɔla aɖe gbe trakt aɖe xɔxɔ. 2. Nɔviŋutsua le kpekpe na gbeadzi dzi kpɔm le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi, eye elé trakt kple Biblia ɖe asi.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Nu Siwo Míate Ŋu Awɔ Be Kpekpe Na Gbeadzi Naɖe Vi

Abe ale si wòle le hame ƒe kpekpewo gome enea, kpekpe na gbeadzi nye ɖoɖo nyui si Yehowa wɔ be míato edzi ado ŋusẽ mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ. (Heb 10:24, 25) Ele be kpekpe bliboa naxɔ miniti atɔ̃ alo adre. Miniti mawo ke mee woama nɔviawo, ana wo teƒe si woawɔ dɔ le ahado gbe ɖa. (Ne miekpa le kpekpe aɖe hafi awɔ kpekpe na gbeadzia, ke ele be wòaganɔ kpuie wu gɔ̃ hã.) Ele be ame si le kpekpea dzi kpɔ gea nadzra ɖo do ŋgɔ ɖe nane si aɖe vi na nɔvi siwo le gbeadzi yi ge gbe ma gbe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne nɔvi siwo va kpekpe na gbeadzi Memleɖagbe dometɔ geɖe mede gbeadzi le kwasiɖa domedome oa, ke anyo be miadzro nya siwo miate ŋu atsɔ aɖo dze kple amewoa ko me. Nya bubu kawo hã mee miate ŋu adzro wòaɖe vi?

  • Kpɔɖeŋudzeɖonya aɖe si tso Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽa me

  • Ale si miazã nudzɔdzɔ aɖe si amewo nya atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme

  • Ale si miawɔ aɖo dzeɖonyanutsinya aɖe si amewo lɔ̃a gbɔgblɔ le mia gbɔ ŋu

  • Ale si miaɖo dze kple ame aɖe si mexɔ Mawu dzi se o, ame aɖe si xɔe se be ɖe nuwo dzɔ le wo ɖokui si, ame aɖe si doa gbe bubu, alo ame aɖe si le subɔsubɔha aɖe si mebɔ ɖe miaƒe nutoa me oa me

  • Ale si miazã jw.org nyatakakadzraɖoƒea, JW Library® dɔwɔnua, alo Biblia ƒe teƒe aɖe

  • Ale si miazã Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nuia dometɔ aɖe

  • Ale si miawɔ gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe koŋ. Le kpɔɖeŋu me, ɖaseɖiɖi to telefon dzi, lɛta ŋɔŋlɔ, dutoƒoɖaseɖiɖi, tɔtrɔyiwo alo Biblia nusɔsrɔ̃

  • Dedienɔnɔ ƒe nyawo, ale si miatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu, ale si miaɖe nɔnɔme nyuiwo afia, ale si susu nyui nanɔ mia si ɖe amewo ŋu, kple emawo tɔgbi

  • Nusɔsrɔ̃ alo video aɖe si tso Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia gbalẽ gbadzaa me

  • Ale si nɔviawo ate ŋu ade dzi ƒo na woƒe gbeadzizɔhɛwo ahakpe ɖe wo ŋu

  • Ŋɔŋlɔ aɖe alo nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname aɖe si ku ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe