NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI
Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Amewo Kpekpe Na Ŋkuɖodzia (March 19–April 15)
“Míeva be míakpe wò na wɔna vevi aɖe si ame miliɔn geɖe ade. Wɔna mae nye Yesu ƒe ku ƒe ŋkuɖodzia.” Tsɔ amekpegbalẽvi ɖeka na amea alo nàɖoe ɖee to mɔ̃ dzi. “Àkpɔ gamea kple teƒe si woawɔe le le míaƒe nutoa me [alo ale si nàwɔ akpɔe le Internet dzi] la le edzi. Míele kpewòm hã be nàse nuƒo tɔxɛ aɖe kwasiɖanuwuwu si do ŋgɔ nɛ.”
Ne Amea Ðe Ðetsɔleme Fia: Ðe video si nye Ðo Ŋku Yesu Ƒe Kua Dzi nɛ [alo nàɖo eƒe link ɖee to text message alo e-mail dzi].
Nya Si Nàgblẽ Ði: Nu ka tae Yesu ku?
Yiyi Zi Gbãtɔa (March 1-18, April 16-30)
Nyabiase: Ame kae Yesu nye?
Mawunyakpukpui: Mt 16:16
Nya Si Nàgblẽ Ði: Nu ka tae Yesu ku?
Tɔtrɔyib
Nyabiase: Nu ka tae Yesu ku?
Mawunyakpukpui: Mt 20:28
Nya Si Nàgblẽ Ði: Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa ŋu?