INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb22 May axa 11
  • Dze Agbagba Nàɖu Wò Dzodzrowo Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dze Agbagba Nàɖu Wò Dzodzrowo Dzi
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Wòle Be Manya Tso Sigaret Kple Shisha Nono Ŋu?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Nu Kae Wòle Be Manya Le Atamanono Ŋu?
    Nyɔ!—2011
  • Aleke Mawu Bua Atamanonoe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Aleke Nàwɔ Aɖu Dzodzro Vɔ̃wo Dzi?
    Nyɔ!—2003
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
mwb22 May axa 11

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Dze Agbagba Nàɖu Wò Dzodzrowo Dzi

Esi míede blibo o taa, ele be míadze agbagba ɣesiaɣi be míaɖu míaƒe dzodzrowo dzi. Ne míewɔa nu sia nu si dzro mí la, ate ŋu ana míaƒe nu magadze Yehowa ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo ɖe mɔ woƒe lɔlɔ̃ na nuɖuɖu, nudodo, kple mlɔƒe vu tsyɔ woƒe lɔlɔ̃ na Mawu dzi. Ame aɖewo hã ɖia kɔ na woƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo le mɔ siwo tsi tre ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu nu. (Ro 1:26, 27) Eye bubuwo hã wɔa nu gbegblẽ si wo hatiwo ɖo na wo, le esi wodi be yewoadze wo ŋu ta.—2Mo 23:2.

Nu kae míawɔ be míaɖu míaƒe dzodzrowo dzi? Ele be míadze agbagba ana míaƒe susu nanɔ nu siwo adze Yehowa ŋua wɔwɔ ŋu. (Mt 4:4) Azɔ hã, ele be míaɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu. Nu ka tae? Elabe enya nu si nyo na mí, eye enya ale si yeaɖi kɔ na míaƒe dzodzro siwo sɔ.—Ps 145:16.

MIKPƆ VIDEO SI NYE MÈGATSƆ ATAMANONO GBLẼ WÒ AGBE DOMEE O, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Fotoa tso video sia me: “Mègatsɔ Atamanono Gblẽ Wò Agbe Domee O.” Ame aɖewo le fli me le gegem ɖe atama dzraƒe aɖe eye wokpenɛ ɖe nu hafi dona le xɔa me.

    Nu ka tae ame aɖewo noa atama?

  • Fotoa tso video sia me: “Mègatsɔ Atamanono Gblẽ Wò Agbe Domee O.” Atamanola aɖe le kpe vɔ̃ɖi aɖe kpem si ɖee fia be ede abi eƒe dzitodzito ŋu.

    Nu kae atamanono ate ŋu agblẽ le ŋuwò?

  • Fotoa tso video sia me: “Mègatsɔ Atamanono Gblẽ Wò Agbe Domee O.” Asitsala lolo dzɔatsu aɖe tsi yevutamaze ɖe akpoŋ ŋu tsɔ le mɔ̃ trem na ɖetugbui aɖe.

    Nu ka tae atamanono tẽe alo enono to mɔ bubuwo dzi menyo o?—2Ko 7:1.

  • Fotoa tso video sia me: “Mègatsɔ Atamanono Gblẽ Wò Agbe Domee O.” Ðetugbui aɖe le xɔ aɖe tame le ale si ɣea ƒe keklẽ na yame kɔa kpɔm.

    Àte ŋu aɖu atamanono ƒe dzodzroa dzi!

    Ne ame aɖe di be nàno atama alo be enono ma wòa, nu kae nàte ŋu awɔ be nàganoe o?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe