NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME
Kafu Yehowa Ðe Eƒe Nunya Ta
Yehowa na nunya si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu Salomo (1Fi 10:1-3; w99 7/1 30 ¶6)
Nunya si Yehowa na Salomo la wɔ nuku na Seba-fianyɔnua ŋutɔ (1Fi 10:4, 5; w99 11/1 20 ¶6)
Seba-fianyɔnua kafu Yehowa le esi wòɖo Salomo fiae ta (1Fi 10:6-9; w99 7/1 30-31)
Míate ŋu asrɔ̃ Seba-fianyɔnua aɖee afia be míedea asixɔxɔ nunya si tso Mawu gbɔa ŋu. Le mɔ ka nu? Mɔ ɖekae nye be míawɔ ɖe nu siwo Yesu fia mí la dzi eye míadze agbagba asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu. (Mt 12:42; 1Pe 2:21) Mɔ bubu hãe nye be míaƒo nu tso Mawu ƒe nunya ŋu na amewo le gbeadzi.