INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb22 September axa 5
  • Mawu Ðoe Be Srɔ̃tɔwo Nanɔ Wo Nɔewo Gbɔ Ðaa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Ðoe Be Srɔ̃tɔwo Nanɔ Wo Nɔewo Gbɔ Ðaa
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Trenɔnɔ Kple Srɔ̃ɖeɖe Ŋu?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Srɔ̃ɖeɖe—Nunanae Wònye Tso Mía Mawu Si Lɔ̃ Mí Gbɔ
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Dzadzraɖo ɖe Srɔ̃ɖeɖe si Akpɔ Dzidzedze Ŋu
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Srɔ̃ɖeɖe—Enye Nunana Tso Mawu Gbɔ
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
mwb22 September axa 5
Atsu kple asi aɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔm ɖekae.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Mawu Ðoe Be Srɔ̃tɔwo Nanɔ Wo Nɔewo Gbɔ Ðaa

Ne Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe kpɔ dzidzedzea, edea bubu Yehowa ŋu eye dzi dzɔa atsu kple asia hã. (Mr 10:9) Hafi Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe nanɔ anyi ɖaa eye dzidzɔ nanɔ emea, ele be woawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi ne wole ame si woaɖea tiam.

Lala ‘nàto sɔhɛnyenye me ado’ hafi anɔ ŋugbedodo me kple ame aɖe, elabe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nu sẽna wu le sɔhɛmenɔɣi, eye esia ate ŋu ana be màbu nuwo ŋu nyuie o. (1Ko 7:36) Anyo be nàzã wò trenɔɣia atsɔ awɔ nu siwo ana wò kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli eye nàtu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖo. Esia adzra wò ɖo nyuie na srɔ̃ɖeɖe si akpɔ dzidzedze.

Hafi nàlɔ̃ aɖe ame aɖea, ele vevie be nàgbɔ dzi ɖi anya “dzi me ƒe ame ɣaɣla” si le esi. (1Pe 3:4) Ne ède dzesi nanewo siwo ate ŋu ava nye kuxi gãa, wò kplii miɖo dze tso wo ŋu. Abe ale si wòle le kadodo ɖe sia ɖe gome enea, wò susu nenɔ nu siwo nàwɔ wòaɖe vi na srɔ̃wò ŋu, ke menye viɖe siwo nàkpɔ ko ŋu o. (Flp 2:3, 4) Ne èwɔa Biblia ƒe mɔfiamewo dzi hafi ɖe srɔ̃a, anɔ bɔbɔe be nàyi edzi nenema eye esia ana dzidzɔ nanɔ wò srɔ̃ɖeɖea me.

MIKPƆ VIDEO SI NYE DZADZRAÐO NA SRƆ̃ÐEÐE—AKPA 3: ‘BU EŊU KƆNTA GBÃ,’ EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke nuwo nɔ yiyim le nɔvinyɔnua kple Shane dome?

  • Nu kae wòde dzesii esi wòva nɔ enyam nyuie?

  • Aleke edzilawo kpe ɖe eŋu, eye aleke wòtso nya me nyuie?

Nɔviŋutsu si le zɔzɔm kple nɔvinyɔnu aɖea ate ŋu ade ŋugble le nyabiase siawo ŋu:

Nɔnɔme nyui kawoe le esi? Nu kawo wɔm wòle si ɖee fia be etsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ? Ðe wòwɔna ɖe mɔfiame siwo tso Yehowa kple Eƒe habɔbɔa gbɔ dzia? Ðe wòtsɔa ɖe le eme na ame bubuwoa?

Nɔvinyɔnu si le zɔzɔm kple nɔviŋutsu aɖea ate ŋu ade ŋugble le nyabiase siawo ŋu:

Nɔnɔme nyui kawoe le esi? Ðe Mawu subɔsubɔ kple agbanɔamedzi siwo le esi le hamea mea le vevie nɛ wu dɔwɔɖui, ga, kamedefefewo kple modzakaɖeɖea? Aleke wòwɔa nu ɖe eƒe ƒometɔwo ŋu? Ðe wòtsɔa ɖe le eme na ame bubuwoa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe