NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME
Seɖoƒe Li Na Yehowa Ƒe Dzigbɔɖi
Yehowa ɖe mɔ Asiria ɖu Israel dzi (2Fi 17:5, 6; mwbr22.11 5 ¶4)
Yehowa he to na eƒe amewo elabe woyi edzi nɔ nu vɔ̃ɖiwo wɔm (2Fi 17:9-12; mwbr22.11 5 ¶5)
Yehowa gbɔ dzi ɖi na Israel-viwo eye wòyi edzi nɔ nu xlɔ̃m wo (2Fi 17:13, 14)
Mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒoa gbɔa dzi ɖi blewu na amegbetɔ madeblibowo. (2Pe 3:9) Ke hã, atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo kpuie ale be eƒe tameɖoɖo nava eme. Nu ka tae wòle be esia nàʋã mí míalɔ̃ woaɖɔ mí ɖo eye míado vevie gbeƒãɖeɖedɔa?