NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME
Yi Edzi Nàkpɔ Dzidzɔ Ne Nuwo Meyi Abe Ale Si Nèkpɔ Mɔe Ene O Hã
David di vevie be yeatu gbedoxɔ nyui aɖe na Yehowa (1Kr 17:1, 2; w06 7/15 19 ¶1)
Yehowa gblɔ na David be menye eyae atu gbedoxɔa o (1Kr 17:4)
David yi edzi lé fɔ ɖe dɔ si Yehowa de esi la ŋu (1Kr 17:7; 18:14)
Ne tsitsi, lãmesẽnyawo alo nu bubu aɖe wɔe be mɔnukpɔkpɔ masu asiwò be nàwɔ dɔ aɖe oa, yi edzi nàlé fɔ ɖe nu siwo nàte ŋu awɔ ŋu.—Dw 18:5; w21.08 22-23 ¶11.