INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb23 July axa 11
  • Àte Ŋu Ana Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Ana Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Vidada aɖe ƒe Aɖaŋuɖoɖo si Me Nunya Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Tohehe Nye Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ɖeɖefia
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Zã Biblia Ƒe Gɔmeɖosewo Nàtsɔ Akpe Ðe Viwòwo Ŋu Woakpɔ Dzidzedze
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
mwb23 July axa 11
Fotoawo: Wota wo tso video sia me: “Na Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me.” 1. Nyɔnuviawo le wo dzilawo kpɔm esi wonɔ akpɔnɔ vivi aɖe ɖum. 2. Nyɔnuviawo le nu kom le ƒometadeagua me. 3. Nyɔnuviawo dometɔ ɖeka le wo nɔ si dze dɔ mlɔ zikpui mea gbɔ.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Àte Ŋu Ana Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me

Yehowa di be ƒomewo nakpɔ dzidzɔ. (Ps 127:3-5; Nyg 9:9; 11:9) Gake kuxi siwo le xexea me kple vodada siwo ƒomea me tɔwo wɔna ate ŋu agblẽ míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ me. Nu kae ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ be dzidzɔ nanɔ ƒomea me?

Srɔ̃ŋutsu dea bubu srɔ̃a ŋu. (1Pe 3:7) Ekpɔa vovo ɖe eŋu. Mebia nu geɖe wu tso srɔ̃a si o, ke boŋ edaa akpe nɛ ɖe nu siwo wòwɔna na eya kple ƒomea ta. (Kol 3:15) Elɔ̃a srɔ̃a eye wòkafunɛ.—Lod 31:28, 31.

Srɔ̃nyɔnu dia mɔ siwo dzi wòato akpe ɖe srɔ̃a ŋu. (Lod 31:12) Ebɔbɔa eɖokui nɛ eye wòwɔa nu aduadu kplii. (Kol 3:18) Eƒoa nu na srɔ̃a bubutɔe eye wòƒoa nu nyui tsoa eŋu.—Lod 31:26.

Dzilawo kpɔa vovo ɖe wo viwo ŋu. (5Mo 6:6, 7) Wogblɔna na wo viwo be yewolɔ̃ wo. (Mt 3:17) Ne wole to hem na woa, wowɔnɛ le lɔlɔ̃ me eye wosea nu gɔme na wo.—Ef 6:4.

Ðeviwo dea bubu wo dzilawo ŋu eye woɖoa to wo. (Lod 23:22) Wogblɔa woƒe susuwo kple woƒe seselelãmewo na wo dzilawo. Wolɔ̃na faa wo dzilawo hea wo eye womedzea agla ɖe wo ŋu o.—Lod 19:20.

MIKPƆ WƆWƆFIA ƑE VIDEO SI NYE NA DZIDZƆ NANƆ WÒ ƑOMEA ME, EYE MIAÐO BIABIA SIA ŊU:

Nu kae ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe wɔ si na dzidzɔ le ƒomea me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe