INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w20 November axa 8-11
  • Yehowa Yra Ame Siwo Trɔ Yi Wo De

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Yra Ame Siwo Trɔ Yi Wo De
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “FIFIA MEKPƆE BE MELE LÃ ÐEM LE TEƑE NYUITƆ”
  • DZIDZƆ SI LE NUSRƆ̃LAWƆWƆDƆA ME
  • ALE SI YEHOWA KPE ÐE MÍA ŊU
  • DZIDZƆ SI MÍEKPƆNA NE MÍEKPE ÐE AMEWO ŊU WOVA LE YEHOWA SUBƆM
  • “NU SI TUTUTU WÒLE BE MÍAWƆE NYE EMA MÍEWƆ”
  • “Mesrɔ̃ Nu Geɖe Tso Amewo Gbɔ!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Dzidzɔ Kple Yayra Siwo Mekpɔ Le Yehowa Subɔsubɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Kristotɔwo ƒe Lɔlɔ̃ Nɔ Te Ðe Dzoto Nu
    Nyɔ!—2000
  • Biblia me Nyateƒea Tsɔtsɔ Yi na Pigmiwo
    Nyɔ!—2004
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
w20 November axa 8-11
Onésime kple Géraldine le gbeƒã ɖem na ame aɖe le fiase me.

Onésime kple Géraldine

Yehowa Yra Ame Siwo Trɔ Yi Wo De

NƆVI gbogbo siwo ʋu le wo de yi yevuwode la dometɔ geɖe trɔ gbɔ va wo de. Lɔlɔ̃ na Yehowa kple wo haviwo ʋã wo woʋu yi teƒe siwo gbeƒãɖela geɖewo hiã le. (Mat. 22:37-39) Nu kawoe wotsɔ sa vɔe, eye yayra kawoe wokpɔ? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa, na míatrɔ ɖe Afrika dukɔ si nye Cameroon ŋu.

“FIFIA MEKPƆE BE MELE LÃ ÐEM LE TEƑE NYUITƆ”

Le ƒe 1998 me la, nɔviŋutsu Onésime ʋu tso wo de Cameroon yi duta. Enɔ duta ƒe 14 sɔŋ. Esi wònɔ hame ƒe kpekpe me gbe ɖeka la, wowɔ kpɔɖeŋu aɖe ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Nuƒolaa gblɔ be, “Ne ame eve le lã ɖem le teƒe vovovo eye ame ɖeka le lã geɖe ɖem evɔ ame evelia ya mekpɔ lã boo aɖeke aɖe o la, ɖe mayi ɖe afi si ame gbãtɔ le be wòakpɔ lã aɖe oa?”

Kpɔɖeŋu sia na Onésime kpɔe be ele be yeatrɔ ayi yewo de Cameroon afi si amewo ɖoa to nya nyuia le la ale be yeavae kpe ɖe gbeƒãɖela siwo le afi ma la ŋu. Gake etsi dzi vie. Esi wònɔ yevuwode ʋuu ta la, ɖe wòagate ŋu atrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu le wo dea? Be wòate ŋu anya la, etrɔ yi wo de Cameroon ɣleti ade. Emegbe le ƒe 2012 me la, eʋu va afi ma.

Onésime gblɔ be: “Ehiã be matrɔ ɖe yame ƒe nɔnɔme kple ale si agbea le le afi ma ŋu. Ehiã be magasrɔ̃ ale si wonɔa anyi ɖe bentsi dzi le Fiaɖuƒe Akpataa me.” Egblɔ fefetɔe be: “Ne metsɔ susu ɖo kpekpeawo ŋu nyuie la, ewɔnɛ be meɖea susu ɖa le zikpui bɔbɔe siwo dzi menɔ kpɔ le Fiaɖuƒe Akpata bubuwo me la dzi.”

Le ƒe 2013 me la, Onésime ɖe Géraldine, si nɔ France ƒe asieke si trɔ va Cameroon la. Yayra kawoe wokpɔ esi wotsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ? Onésime gblɔ be: “Míede Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Suku eye míesubɔ le Betel. Le ƒe si va yi me la, Biblia nusrɔ̃vi 20 ye xɔ nyɔnyrɔ le míaƒe hamea me. Fifia mekpɔe be mele lã (alo amewo) ɖem le teƒe nyuitɔ.” (Marko 1:17, 18) Srɔ̃anyɔnua gblɔ be: “Mekpɔ yayra geɖe wu ale si mekpɔ mɔe.”

DZIDZƆ SI LE NUSRƆ̃LAWƆWƆDƆA ME

Judith kple Sam-Castel le gbeƒã ɖem na ŋutsu aɖe le ƒuta.

Judith kple Sam-Castel

Judith ʋu yi Amerika gake edi vevie be yeawɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me. Egblɔ be, “Ɣesiaɣi si meɖi tsa va mía de Cameroon eye ɣeyiɣia de be matrɔ adzo la, mefaa avi, elabe egahiã be magblẽ Biblia nusrɔ̃vi gbogbo aɖewo ɖi.” Gake esesẽ nɛ be wòatrɔ agbɔ va wo de Cameroon. Enɔ dɔ nyui aɖe wɔm si wɔe be wòtea ŋu kpɔa ga tsɔ kpɔa tɔa si le Cameroon ƒe atikewɔnyawo gbɔ nɛ. Ke hã, eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye wòtrɔ gbɔ. Egblɔ be yesusua ale si agbea de ame dzi le yevuwode la ŋutɔ. Edo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu eye nutome sue dzi kpɔla kple srɔ̃a de dzi ƒo nɛ.

Judith gblɔ be, “Dzi dzɔm ŋutɔ be le ƒe etɔ̃ me la, mekpe ɖe ame ene ŋu wova xɔ nyɔnyrɔ.” Judith va zu mɔɖela vevi. Fifia, eya kple srɔ̃a, Sam-Castel, wole nutome sue dzi kpɔla dɔa wɔm. Ke Judith tɔ ya ɖe? Judith kple nɔviawo te ŋu ke ɖe kɔdzi aɖe ŋu le yevuwode si lɔ̃ faa be yewoawɔ dɔ na tɔa femaxee. Dzidzɔtɔea, wowɔ dɔ na tɔa dzidzedzetɔe.

ALE SI YEHOWA KPE ÐE MÍA ŊU

Victor kple Caroline le gbeƒã ɖem na ŋutsu aɖe le abɔ aɖe me.

Caroline kple Victor

Nɔviŋutsu si ŋkɔe nye Victor ʋu yi Canada. Esi wòxlẽ Gbetakpɔxɔ aɖe si ƒo nu tso suku kɔkɔ dede ŋu vɔ la, ebu tame tso eŋu. Edzudzɔ yunivɛsiti dede eye wòsrɔ̃ asinudɔ aɖe. Egblɔ be: “Esia kpe ɖe ŋunye mekpɔ dɔ kaba eye wòna mete ŋu wɔ mɔɖeɖedɔ si menɔ didim xoxoxo be mawɔ.” Emegbe Victor ɖe Caroline, eye woɖi tsa yi Cameroon. Esi woɖi tsa yi Cameroon ƒe alɔdzedɔwɔƒea la, wode dzi ƒo na wo be woabu eŋu kpɔ be yewoate ŋu ava subɔ le dukɔa me hã. Victor gblɔ be, “Susu aɖeke meli si ta míagbe o, eye esi míenɔa agbe tsɛ taa, míelɔ̃.” Togbɔ be lãmesẽnyawo ɖea fu na Caroline vie hã la, woʋu yi Cameroon.

Victor kple Caroline dze mɔɖeɖedɔa gɔme nɔ kpekpem ɖe ame gbogbo siwo di be yewoasrɔ̃ Biblia ŋu. Le gɔmedzedzea, wonɔ agbe ɖe ga si wodzra ɖo la nu. Emegbe la, woyi vae wɔ dɔ le Canada ɣleti ʋɛ aɖewo si na wokpɔ ga vi aɖe si kpe ɖe wo ŋu wogatrɔ gbɔ va yi mɔɖeɖedɔa dzi le Cameroon. Yayra kawoe wokpɔ? Wode Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua, wova zu mɔɖela veviwo, eye fifia wonye ɣeyiɣiawo katã ƒe xɔtudɔwɔlawo. Victor gblɔ be: “Esi míelɔ̃ faa ɖe asi le agbe si me dzidzeme le ŋu la, Yehowa kpe ɖe mía ŋu.”

DZIDZƆ SI MÍEKPƆNA NE MÍEKPE ÐE AMEWO ŊU WOVA LE YEHOWA SUBƆM

Stéphanie kple Alain tɔ ɖe kekevi gbɔ le ɖase ɖim na nyɔnu aɖe.

Stéphanie kple Alain

Le ƒe 2002 me la, Alain, si le yunivɛsiti dem le Germany la xlẽ trakt si nye Sɔhɛwo—Agbemedɔ Kae Miawɔ? Emenyawo ʋãe wòɖo taɖodzinu yeyewo. Le ƒe 2006 me la, ede Subɔsubɔdɔ Ƒe Hehenasukua eye woɖoe ɖe wo de Cameroon.

Le Cameroon la, ekpɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ nɔ wɔwɔm. Emegbea, ekpɔ dɔ aɖe si ana wòakpɔ ga geɖe, gake ekpɔe be dɔ ma wɔwɔ ana yemagawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me o. Eya ta, esi wokpee be woava wɔ mɔɖela vevi ƒe dɔa la, elɔ̃ enumake. Eƒe dɔtɔ gblɔ be yeada ɖe ga dzi nɛ, gake Alain gbe. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, eɖe Stéphanie, si nɔ France ƒe geɖe. Kuxi kawoe Stéphanie do goe esi wòʋu va Cameroon?

Egblɔ be: “Lãmesẽnyawo meva de dzinye o, gake medea kɔdzi edziedzi eye meva kpɔ gbɔdzɔe vie.” Yehowa yra wo ɖe woƒe dzidodo ta. Alain gblɔ be: “Esi míeva ɖe gbeƒã le kɔƒe totroe aɖe si nye Katé me la, míekpɔ ame geɖe siwo lɔ̃ be yewoasrɔ̃ Biblia. Emegbe la, míeva nɔ Biblia srɔ̃m kpli wo le telefon dzi. Biblia nusrɔ̃viawo dometɔ eve xɔ nyɔnyrɔ eye míeɖo gbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe hã.” Stéphanie gblɔ be: “Naneke mesɔ kple dzidzɔ si gbegbe ame kpɔna ne ekpe ɖe amewo ŋu wova le Yehowa subɔm o. Subɔsubɔ le afi sia na míele dzidzɔ ma tɔgbi kpɔm.” Egbea, Alain kple Stéphanie le nutome sue dzi kpɔla ƒe dɔa wɔm.

Nu Si Dea Ame Dzi Ne Ele Subɔsubɔm Le Wo De

“Míenya ale si amewo wɔa nu kple ale si wobua nuwo ŋu le mía de xoxo. Amewo mebua mí be míenye amedzrowo o, eye míetea ŋu ɖoa dze kpli wo bɔbɔe.”—Alain

“Míetea ŋu yia afi sia afi faa, teƒe siwo amedzrowo metea ŋu yina bɔbɔe o gɔ̃ hã.”—Stéphanie

“NU SI TUTUTU WÒLE BE MÍAWƆE NYE EMA MÍEWƆ”

Léonce kple Gisèle le gbeƒã ɖem na nyɔnu aɖe le tɔdzisasrã dzi.

Léonce kple Gisèle

Gisèle xɔ nyɔnyrɔ esi wònɔ ɖɔktasuku le Italy. Ale si mɔɖela atsu kple asi siwo srɔ̃ Biblia kplii nɔa agbe tsɛ la wɔ dɔ ɖe edzi eye wòdi be yeasrɔ̃ wo awɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me. Eya ta, esi wòsusɔ vie wòawu suku ma nu la, edze mɔɖeɖedɔa gɔme.

Gisèle di vevie be yeawɔ geɖe na Yehowa le Cameroon, gake etsi dzi vie. Egblɔ be: “Ehiã be maɖe asi le Italy ƒe dukɔmevinyenyea ŋu, agblẽ xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ɖi.” Togbɔ be enɔ alea hã la, Gisèle ʋu va tsi Cameroon le May 2016 me. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, eɖe Léonce. Cameroon alɔdzedɔwɔƒea tsɔe ɖo wo ŋkume be woaʋu yi Ayos, afi si gbeƒãɖela geɖe wu hiã le.

Aleke agbea nɔ le Ayos? Gisèle gblɔ be: “Zi geɖe la akaɖinyawo ɖea fu kwasiɖa geɖe, eye míete ŋu daa míaƒe asitelefonwo ɖe dzo dzi o. Ta míetea ŋu zãa wo zi geɖe o. Mesrɔ̃ ale si maɖa nu le mlekpui dzi, eye zã mee míetsɔa tɔtsi ɖe asi tsɔa agbatsɔkeke ɖadea tɔ me, elabe ɣemaɣie amewo mesɔa gbɔ ɖe tɔa to o.” Nu kae kpe ɖe wo ŋu wodo dzi? Gisèle gblɔ be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔa, srɔ̃nye lɔlɔ̃a, kple ƒometɔwo kpakple xɔlɔ̃wo ƒe dzideƒonamenyawo kple ga kpekpeɖeŋu si wonana mí lae kpe ɖe mía ŋu.”

Ðe dzi dzɔ Gisèle be yetrɔ gbɔ va yewo dea? Eɖo eŋu kakaɖedzitɔe be: “Ɛ̃! Míeto nɔnɔme sesẽ aɖewo me eye dzi ɖe le mía ƒo ɣeaɖewoɣi, gake esi míenya ɖu seselelãme mawo dzi ko la, nye kple srɔ̃nye míekpɔe be nu si tututu wòle be míawɔe nye ema míewɔ. Míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye fifia míeva te ɖe eŋu wu.” Léonce kple Gisèle de Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua eye fifia wole ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe mɔɖela veviwo ƒe dɔa wɔm.

Abe tɔƒodela siwo ƒo dzi nɔna wonɔa te ɖe nɔnɔme sesẽ vovovowo nu be yewoakpɔ lã geɖe aɖe ene la, nenema kee ame siwo trɔ yi wo de hã lɔ̃na faa be yewoatsɔ nu vovovowo asa vɔe be yewoakpe ɖe ame siwo si dzi nyui le la ŋu be woase Fiaɖuƒe nya nyuia. Yehowa maŋlɔ lɔlɔ̃ si mía nɔvi siawo ɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta la be o. (Neh. 5:19; Heb. 6:10) Ne èle duta eye nèse be wohiã Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe le mia de la, ɖe nàlɔ̃ agbɔa? Ne èwɔe alea la, àkpɔ yayra geɖe.—Lod. 10:22.

Aleke Wowɔe?

Ne èle eŋu bum be yeatrɔ ava mia de la, ekema de dzesi nu si kpe ɖe nɔvi siawo ŋu.

  • Nu kawoe nàkpɔ mɔ na?

    “Nɔ mɔ kpɔm be ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo, siwo tsɔ ɖe le eme na wò la ate ŋu aɖe dzi le ƒowò be màgaʋu o. Gake ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.”—Alain

  • Aleke nàdzra ɖoe?

    “Nyemedo gbe ɖa le nye agbe me nenema gbegbe kpɔ o.”—Gisèle

    “Medzra ga ɖo ale be nyemava nɔ amewo sinu kpɔm be woana ga kpekpeɖeŋum o.”—Géraldine

    “Meyi kɔdzi be manya ale si nye lãmesẽ le.”—Stéphanie

  • Aleke nàwɔ akpɔ wò nuhiahiãwo gbɔ?

    “Le gɔmedzedzea la, ga si medzra ɖo la nue menɔ agbe ɖo. Emegbea, meva nɔ nu fiam le suku aɖe, eye meva srɔ̃ ale si wowɔa adzalẽ eye medzraa wo.”—Géraldine

    “Míewɔa kpetike aɖewo dzrana ale be míakpɔ ga vi aɖe tso afi ma hã.”—Gisèle

    “Meɖea gbe gɔme le internet dzi.”—Onésime

  • Nu kae nàwɔ be nànɔ dedie?

    “Mehaya xɔ si te ɖe nɔviwo ŋu.”—Géraldine

    “Nye ɖeka nyemezɔna le gbeadzi o.”—Gisèle

    “Nye ɖeka nyemedona ne zã do o. Azɔ hã, nyemedoa nu xɔasiwo alo tsɔa wo ɖe asi o.”—Stéphanie

    “Nyemenɔa gbɔgblɔm na amewo be yevuwodee metso va o, eye esi nyemedi be mato vovo le amewo dome o ta la, mewɔa nu abe ame sia ame ko ene.”—Judith

  • Nu kae nàwɔ be nàyi edzi anɔ dɔa wɔm kple dzidzɔ?

    “Míesrɔ̃a ale si míatrɔ ɖe nuwo ŋu. Míetsɔ susu ɖo nu si ta míeva ɖo la ŋu eye míaƒe susu nɔa nu nyuiwo ŋu.”—Victor

    “Mesrɔ̃ ale si mana nu siwo le asinye la nadze ŋunye.”—Alain

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe