Ŋgɔdonya
Ðe nu siwo le dzɔdzɔm fifia ɖee fia be xexea ƒe nuwuwu ɖoa? Ne nenemae la, ɖe nane li míawɔ be míate ŋu atsi agbea? Ne xexea wu enua, nu kae adzɔ kplɔe ɖo? Ale si Biblia ɖo nya siawo ŋua afa kɔ na wò ŋutɔ. Míadzro wo me le nyati siwo gbɔna me.