INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp21 No. 2 axa 4-6
  • Ðe Xexe Sia Awu Enua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Xexe Sia Awu Enua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu kae Mawu Enu O?
  • Nu Kae Awu Enu?
  • NU SI HI×Amegbetɔwo Ƒe Dziɖuɖuwo Ðeɖe Ða
  • Ðe Woatsrɔ̃ Anyigba La?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tsi Tsrɔ̃ Xexeame—Ðe Wòagadzɔ Akea?
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Xexea Me Ƒe Nuwuwu​—Èvɔ̃nɛa, Èkpɔa Mɔ Nɛa, Alo Eti To Me Na Wò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • “Nuwuwu La”—Nu Kae Wòfia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
wp21 No. 2 axa 4-6
Dzi le ƒome aɖe dzɔm eye wole nu ɖum ɖekae le gota. Vifofoa le nane mem eye etsɔ nuɖuɖu le dadam ɖe kplɔ dzi.

Ðe Xexe Sia Awu Enua?

Ðewohĩ ènya be Biblia gblɔ be xexea awu enu. (1 Yohanes 2:17) Ðe esia fia be amegbetɔ aɖeke maganɔ anyigba dzi oa? Ðe anyigbaa ava tsi ƒuƒlu, alo woatsrɔ̃e keŋkeŋua?

BIBLIA ÐO BIABIA EVE SIAWO ŊU BE AO!

Nu kae Mawu Enu O?

AMEGBETƆWO

Nya Si Biblia Gblɔ: Mawu ‘mewɔ anyigba la dzodzro o, ke boŋ ɖe wòmèe be woanɔ edzi.’—YESAYA 45:18.

Tɔ aɖe si le towo kple ave dome.

ANYIGBAA

Nya Si Biblia Gblɔ: “Dzidzime nu yina, eye dzidzime vana, ke anyigba ya li tegbee.”—NYAGBLƆLA 1:4.

NU SI WÒFIA: Le Biblia ƒe nya nua, womatsrɔ̃ anyigbaa gbeɖe o, amewo anɔ edzi ɣesiaɣi. Ke nu kae wòfia be xexea awu enu?

BU EŊU KPƆ: Biblia tsɔ ale si xexe sia awu enua sɔ kple nu si dzɔ le Noa ƒe ŋkekea me. Ɣemaɣia, “ŋutasesẽ yɔ anyigba la dzi fũu.” (1 Mose 6:13) Gake Noa ya nye ame dzɔdzɔe. Eya ta Mawu kpɔ eya kple eƒe ƒomea ta gake etsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo le tsiɖɔɖɔa me. Biblia gblɔ tso nu si dzɔ ɣemaɣia ŋu be: ‘wotsrɔ̃ xexe si nɔ anyi ɣemaɣi esime tsi ɖee.’ (2 Petro 3:6) Nenemae xexea wu enu ɣemaɣi. Gake nu kae wotsrɔ̃? Menye anyigbaa o, ke boŋ ame vɔ̃ɖi siwo nɔ edzi ye. Eya ta ne Biblia gblɔ be xexea awu enua, mefia be woatsrɔ̃ anyigbaa o. Ke boŋ efia be woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo le anyigbaa dzi kple woƒe habɔbɔwo.

Nu Kae Awu Enu?

KUXIWO KPLE NU VƆ̃ÐI WƆWƆ

Nya Si Biblia Gblɔ: “Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o; àdi wo le wo nɔƒe, ke womaganɔ afi ma o. Ke ame fafawo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—PSALMO 37:10, 11.

Fotoawo: 1. Fiafi siwo tsyɔ nu moa le dodom tso fiase aɖe si me wovae fi nu lea me. 2. Ŋutsu aɖe tsɔ akplo si me yɔ kple gaa le ŋutsu bubu nam.

NU SI WÒFIA: Le Noa ƒe ŋkekea mea, Tsiɖɔɖɔa meɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖa keŋkeŋ o. Le Tsiɖɔɖɔa megbea, ame vɔ̃ɖiwo gana agbea sesẽ na ame sia ame. Gake eteƒe madidi o, Mawu aɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖa keŋkeŋ. Abe ale si hakpalaa gblɔe enea: “Ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o.” Mawu ato eƒe Fiaɖuƒea dzi aɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe sia ɖe ɖa—Fiaɖuƒe sia nye dziɖuɖu si le dziƒo eye aɖu ame siwo katã ɖoa to Mawu dzi.

BU EŊU KPƆ: Ðe ame siwo le dzi ɖum le anyigba dzi egbea alɔ̃ abɔbɔ ɖe Mawu Fiaɖuƒea tea? Biblia ɖee fia be womalɔ̃ o. Ke boŋ woatsi tre ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu bometsitsitɔe. (Psalmo 2:2) Nu kae ado tso eme? Mawu Fiaɖuƒea aɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã ɖa, eye “eya ɖeɖe anɔ anyi tegbee.” (Daniel 2:44) Gake nu ka tae wòahiã be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo nu nayi?

NU SI HI×Amegbetɔwo Ƒe Dziɖuɖuwo Ðeɖe Ða

Nya Si Biblia Gblɔ: “Ŋusẽ mele amegbetɔ si be eya ŋutɔ nafia mɔ eƒe zɔzɔme o.”—YEREMIYA 10:23.

Amewo le teƒe aɖe si woklã dunyahelawo ƒe foto ɖe gli ŋu lea tom va yina.

NU SI WÒFIA: Womewɔ amegbetɔwo be woaɖu wo ɖokuiwo dzi o. Womete ŋu le wo nɔvi amegbetɔwo dzi ɖum nyuie o, eye womete ŋu le woƒe kuxiwo hã gbɔ kpɔm o.

BU EŊU KPƆ: Agbalẽ si nye Britannica Academic gblɔ be: “Edze be dziɖuɖuwo mete ŋu le xexea ƒe kuxiwo gbɔ kpɔm o; eƒe ɖewoe nye ahedada, dɔwuame, dɔléle, dzɔdzɔmefɔkuwo, aʋawɔwɔ alo ŋutasẽnuwɔna bubuawo.” Eyi edzi be: “Ame aɖewo . . . xɔe se be ne dziɖuɖu ɖeka le xexe bliboa dzi ɖum ko hafi woate ŋu akpɔ ta na kuxi mawo.” Ke hã, ne amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã wɔ ɖeka be yewoaɖu xexea dzi gɔ̃ hã, amegbetɔ madeblibowo koe wokpɔtɔ nye, eye womate ŋu aɖe kuxi siwo míeyɔ va yia ɖa gbeɖe o. Mawu Fiaɖuƒea koe nye dziɖuɖu si ate ŋu akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã gbɔ keŋkeŋ.

Eya ta le Biblia ƒe nya nua, xexea ƒe nuwuwu fia ale si woava ɖe nu vɔ̃ɖi ɖe sia ɖe si li egbea ɖa; esia menye nu si wòle be ame nyuiwo navɔ̃ na o. Enye nu si wòle be woanɔ mɔ kpɔm na boŋ, elabe Mawu ƒe xexe yeyea, si nya kpɔ ŋutɔa ava xɔ ɖe xexe xoxo dzeakaɖa sia teƒe!

Ɣekaɣie nu siawo katã adzɔ? Nyati si kplɔe ɖo ana míakpɔ ale si Biblia ɖo nya sia ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe