INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp21 No. 2 axa 7-9
  • Ɣekaɣie Xexea Awu Enu? Nya Si Yesu Gblɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ɣekaɣie Xexea Awu Enu? Nya Si Yesu Gblɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SE NYA EVE SIWO YESU GBLƆ TSO NUWUWUA ŊU ÐA:
  • DZESIA
  • “ŊKEKE MAMLƐAWO”
  • PARADISOA TU AƑE!
  • Nyabiase Ene Le Nuwuwua Ŋu Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • “Ŋkeke Mamlɛawo” Mee Míele Nyateƒea?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Mawu Ƒe Tameɖoɖo Ava Eme Kpuie
    Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
  • Ðe Xexea Me Ƒe Nuwuwu Ðo Vɔa?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
wp21 No. 2 axa 7-9
Yesu le ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesia me ɖem na eƒe apostolowo.

Ɣekaɣie Xexea Awu Enu? Nya Si Yesu Gblɔ

Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me enea, ne Biblia le nu ƒom tso xexea ƒe nuwuwu ŋua, mefia anyigbaa alo amegbetɔwo katã ƒe nuwuwu o. Ke boŋ, efia ame vɔ̃ɖiwo kple nu vɔ̃ɖi siwo katã wɔm wole le anyigba dzia ƒe nuwuwu. Gake ɖe Biblia gblɔ ɣeyiɣi si me xexe vɔ̃ɖi sia awu enua?

SE NYA EVE SIWO YESU GBLƆ TSO NUWUWUA ŊU ÐA:

“Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.”—MATEO 25:13.

“Mikpɔ nyuie, minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ɣeyiɣi ɖoɖi la o.”—MARKO 13:33.

Eya ta ame aɖeke mele anyigba dzi si nya ɣeyiɣi si tututu xexe sia awu enu o. Gake Mawu ɖo “ɣeyiɣi” alo ‘ŋkeke kple gaƒoƒo’ si tututu dzi nuwuwua ava. (Mateo 24:36) Ðe esia fia be mɔ aɖeke meli si dzi míato anya ne nuwuwua le aƒe tum oa? Mefia nenema kura o. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ ŋudzɔ, ade dzesi nudzɔdzɔ vovovo siwo aɖee fia be nuwuwua tu aƒe.

DZESIA

Nudzɔdzɔ vovovo siawoe anye “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi.” Yesu gblɔ be: “Dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu, nuɖuɖu ave le teƒeteƒewo, eye anyigba aʋuʋu le teƒeteƒewo.” (Mateo 24:3, 7) Egblɔ hã be “dɔvɔ̃wo” alo dɔléle siwo kakana kabakaba ava. (Luka 21:11) Ðe nèkpɔe be nudzɔdzɔ siwo Yesu gblɔ ɖia le eme vam fifia?

Egbea, aʋawɔwɔ dziŋɔwo, dɔtoto, anyigbaʋuʋuwo kple dɔléle vovovowo le nu gblẽm le amewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2004 mea, anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe le Indian Ƒugãa me, si na ahom sesẽ aɖe tu eye wòwu ame abe 225,000 sɔŋ ene. Esi corona dɔvɔ̃a doa, ewu ame miliɔn ade alafa asieke le xexea me godoo le ƒe etɔ̃ me. Yesu gblɔ be nudzɔdzɔ siawoe aɖo kpe edzi be xexe sia ƒe nuwuwu gogo.

“ŊKEKE MAMLƐAWO”

Biblia yɔ ɣeyiɣi si ado ŋgɔ teti na xexea ƒe nuwuwu be “ŋkeke mamlɛawo.” (2 Petro 3:3, 4) Timoteo Ƒe Agbalẽ Evelia 3:1-5 gblɔ be agbe nyui nɔnɔ ayi to kura le ŋkeke mamlɛawo me. (Kpɔ aɖaka si nye “Do Ŋgɔ Teti Na Xexea Ƒe Nuwuwu.”) Ðe nèkpɔnɛ amewo ɖea ɖokuitɔdidi, ŋukeklẽ, adãwɔwɔ kple nɔnɔme bubu siwo me lɔlɔ̃ medzena le o fiana egbea? Esia hã nye kpeɖodzi be míegogo xexea ƒe nuwuwu.

Ɣeyiɣi didi kae ŋkeke mamlɛawo axɔ? Biblia na míenya be “ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ” be Mawu natsrɔ̃ “ame siwo le anyigba la gblẽm.”—Nyaɖeɖefia 11:15-18; 12:12.

Aʋawɔwɔwo

Asrafowo le aʋa wɔm; wobe ɖe mɔxenu aɖe megbe le tu dam.
  • Tso ƒe 2007 va se ɖe 2017 mea, ame siwo ku le aʋawɔwɔ kple nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze mea dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve kple edzivɔ

Dɔlélewo

Ŋutsu aɖe le dɔba dzi le kɔdzi.
  • Dɔléle siwo wua ame wu dometɔ aɖewoe nye dzidɔ, gbagbadɔ, dzitodzito me dɔ, dɔléle siwo ɖea fu na vidzĩwo, mitsinyenyedɔ, kansa, yɔmekpe

Dɔwuame

Nyɔnuvi aɖe si dɔ le wuwum la lé agba ɖe asi.
  • Le ƒe 2021 mea, dɔ wu ame ewo kloe le alafa me le xexea me godoo ɖi tsi ɖe wo ŋu, eye ɖevi ɖeka le etɔ̃ me siwo mekpɔ xɔ ƒe atɔ̃ o hã ɖi ku glaŋui le esi womekpɔa nu nyui ɖuna o ta

Gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole le xexea me godoo

Yehowa Ðasefowo tɔ ɖe ɖaseɖikekeviwo gbɔ le dze ɖom kple ŋutsu aɖe.
  • Yehowa Ðasefo siwo le gbeƒã ɖem la wu miliɔn 8 kple afã, eye womaa Biblia srɔ̃gbalẽwo le gbegbɔgblɔ 1,000 kple edzivɔ me le dukɔ 240 me

PARADISOA TU AƑE!

Mawu ɖo ŋkeke kple gaƒoƒo si wòatsrɔ̃ xexe gblẽku sia ɖi xoxo. (Mateo 24:36) Gake nya nyui geɖe gali—Mawu “medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o.” (2 Petro 3:9) Ele mɔnukpɔkpɔ nam mí katã be míasrɔ̃ nu tso ye ŋu eye míawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. Nu ka tae? Elabe edi be míatsi agbe le xexe sia ƒe nuwuwu eye míanɔ agbe le yeƒe xexe yeyea me esime anyigbaa atrɔ azu paradiso.

Mawu wɔ ɖoɖo wole nu fiam amewo le xexea me godoo be woakpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ ale si woanɔ agbe le eƒe Fiaɖuƒea te le xexe yeyea me. Yesu gblɔ be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia “le anyigba blibo la katã dzi.” (Mateo 24:14) Le xexea me godooa, Yehowa Ðasefowo zãa gaƒoƒo biliɔn geɖe tsɔ ɖea gbeƒã Biblia me gbedeasi, si naa mɔkpɔkpɔ ame. Yesu gblɔ be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔ sia le anyigba bliboa katã dzi hafi nuwuwua nava.

Madidi o, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo nu ayi keŋkeŋ. Gake nya nyuiae nye be àte ŋu atsi agbe le xexe sia ƒe nuwuwu ava nɔ Paradiso si ŋugbe Mawu doa me le anyigbaa dzi. Nyati si kplɔe ɖo ana nàkpɔ nu siwo nàte ŋu awɔ be nànɔ agbe le xexe yeye ma me.

DO ŊGƆ TETI NA XEXEA ƑE NUWUWU

“Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava. Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, totrilawo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu, ame siwo ŋu ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme dzena le, gake womenana wòkpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi o.”—2 TIMOTEO 3:1-5.

Nya si Yesu gblɔ ɖi ku ɖe “ŋkeke mamlɛawo” ŋua naa mɔkpɔkpɔ mí

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe