AGBEMEŊUTINYA
‘Gbeƒãɖeɖedɔa Vivia Nunye Fifia Ŋutɔ!’
BALCLUTHA si nye du si le New Zealand ƒe Anyiehe ƒukpowo dzie menɔ tsi. Esi menɔ ɖevimea, melɔ̃ Yehowa eye melɔ̃ nyateƒea hã. Kpekpeawo dzɔa dzi nam eye hamea nye teƒe si mekpɔa dzidzɔ henɔa dedie le. Togbɔ be ŋu kpeam hãa, medea gbeadzi kwasiɖa sia kwasiɖa eye edzɔa dzi nam. Nyemevɔ̃na be maɖe gbeƒã na nye sukuhatiwo kple ame bubuwo o. Edzɔ dzi nam be menye Yehowa Ðasefo, eye esi mexɔ ƒe 11 la, metsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe na Mawu.
NYEMEGAVA NƆ DZIDZƆ KPƆM O
Nublanuitɔea, esi mexɔ abe ƒe 13 enea, nye kple Yehowa dome ƒomedodoa me va nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm. Mekpɔe be nye sukuhatiwo vo awɔ nu si wodi eye mesusu be nane nɔ ŋunye tom. Mesusu be dzinyelawo ƒe sewo kple Kristotɔwo ƒe mɔfiamewo le kpaɖii akpa eye Yehowa subɔsubɔ nye agba. Menya be Yehowa li ya, gake nye kplii dome menɔ kplikplikpli o.
Medea gbeadzi vie ko ale be woagabum de ame siwo gbɔdzɔa dome o. Ne meyi hãa, nyemedzrana ɖo hafi yina o, eya ta esesẽna be madze dzeɖoɖowo gɔme ayi edzi. Esia wɔe be nye subɔsubɔdɔa megava nɔ ku aɖeke tsem o, nyemenɔ dzidzɔ kpɔm o eye gbeadzidede megadzɔa dzi nam o. Mebia ɖokuinye be, ‘Aleke míanɔ dɔ sia wɔm kwasiɖa sia kwasiɖa, ɣleti sia ɣleti?’
Kaka maxɔ ƒe 17 la, meva di vevie be manɔ ɖokuinye si. Eya ta mefɔ agba vae tsi Australia. Nye dzodzoa te ɖe dzinyelawo dzi eye wotsi dzi ɖe ŋunye, gake wosusu be mayi edzi asubɔ Yehowa.
Le Australia la, nye subɔsubɔ yi to kuraa. Ƒãa hafi medea kpekpeawo zi ɖeka. Meva nɔ ha dem kple sɔhɛ siwo hã dea kpekpeawo evɔa wolɔ̃ agbeɖuɖu kple ahanono le zãɣeɖuƒewo. Ne mebu ɣeyiɣi mawo ŋua, mekpɔnɛ be nye afɔ ɖeka nɔ nyateƒea me eye evelia nɔ xexea me, gake nye dzi medze eme le evea siaa me o.
MESRƆ̃ NU VEVI AÐE
Ƒe eve megbea, meva do go nɔvinyɔnu aɖe si ƒe nuwɔna kpe ɖe ŋunye meva bu ale si menɔ agbea nɔmee la ŋu. Nye kple nɔvinyɔnu tre atɔ̃ aɖewoe nɔ aƒe me eye míekpe nutome sue dzikpɔla kple srɔ̃a Tamara be woava nɔ mía gbɔ kwasiɖa ɖeka. Ne nutome sue dzikpɔlaa ƒe ŋku biã ɖe hamedɔ aɖewo ŋua, srɔ̃a Tamara va nɔa mía gbɔ míeɖoa dze eye míekoa nu ɖekae. Esia dzɔa dzi nam ŋutɔ. Mekpɔa eɖokui o eye wòle bɔbɔe be míaɖo dze kplii. Ewɔ nuku nam be togbɔ be edoa vevie Yehowa subɔsubɔ hã la, efena eye egbɔnɔnɔ dzɔa dzi nam.
Dzo nɔ nɔvinyɔnu Tamara me ŋutɔ. Ale si wòlɔ̃ nyateƒea kple ale si wòtsɔa dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋua wɔa dɔ ɖe ame dzi. Enɔ dzidzɔ kpɔm elabe enɔ eƒe ŋutete katã wɔm le Yehowa subɔsubɔ me. Nye ya nyemenɔ dzidzɔ kpɔm o, elabe ɖeko menɔ Yehowa subɔm ɖewoɖewoe. Eƒe nɔnɔme kple ale si wònɔ dzidzɔ kpɔmee la kpɔ ŋuse gã aɖe ɖe dzinye. Eƒe kpɔɖeŋu nyuia na meɖo ŋku nyateƒenya aɖe si le Ŋɔŋlɔawo me dzi. Eyae nye be: Yehowa di be mí katã ‘míasubɔ ye kple dzidzɔ kple aseyetsotso.’—Ps. 100:2.
MEGAVA TSƆ DZO ÐE SUBƆSUBƆDƆA ŊU
Medi be manɔ dzidzɔ kpɔm abe Tamara ene, gake hafi ema nate ŋu adzɔa, ele be mawɔ tɔtrɔ gã aɖewo. Exɔ ɣeyiɣi ya, gake ʋɛʋɛʋɛa, mewɔ tɔtrɔ siwo hiã. Medzrana ɖo ɖe gbeadzi ŋu eye mewɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa edziedzi. Esia wɔe be dzi va ɖo ƒonye eye nyemegavɔ̃na o. Esi meva nɔ Biblia zãm geɖe wu le gbeadzi taa, meva kpɔa dzidzɔ wu. Eteƒe medidi o, meva nɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔm ɣleti sia ɣleti.
Meva dze xɔ̃ ɖevi kple ame tsitsi siwo le woƒe ŋutete katã wɔm le Yehowa subɔsubɔ me eye wole dzidzɔ kpɔm. Woƒe kpɔɖeŋu nyuiwo kpe ɖe ŋunye meva bu nu siwo le vevie wu le agbe mea ŋu, eye meva nɔ Biblia xlẽm gbe sia gbe. Meva nɔ dzidzɔ kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me geɖe wu eye mlɔebaa, meva zu gbesiagbe mɔɖela. Nye dzi dze eme eye meva nɔ dzidzɔ kpɔm le hamea me. Nyemegakpɔ dzidzɔ ma tɔgbi kpɔ o.
MEKPƆ ZƆHƐ MƆÐELA NYUI AÐE
Ƒe ɖeka megbea, medo go Alex si nye nɔviŋutsu dɔmenyotɔ aɖe si lɔ̃ Yehowa kple subɔsubɔdɔa. Ɣemaɣia, enye subɔsubɔdɔwɔla eye wònɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔm ƒe adee nye ema. Evae wɔ gbeƒãɖeɖedɔa le afi si hiahiã geɖe le le Malawi kpɔ. Le afi maa, ewɔ dɔ kple dutanyanyuigblɔla siwo ɖo kpɔɖeŋu nyuiwo nɛ eye wode dzi ƒo nɛ be wòayi edzi atsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ.
Le ƒe 2003 mea, nye kple Alex míeɖe srɔ̃ eye tso ɣemaɣia, míeyi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi. Míesrɔ̃ nu vevi geɖewo eye Yehowa hã yra mí le mɔ geɖewo nu.
YEHOWA GAYRA MÍ LE MƆ BUBU AÐE NU
Míele gbeadzi le Timor-Leste ƒe du si nye Gleno me
Le ƒe 2009 mea, wokpe mí be míava wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Timor-Leste, si nye dukɔ sue aɖe le Indonesia ƒukpowo dzi. Míaƒe nu ku, eye dzi dzɔ mí, ke hã, míetsi dzi vie. Ɣleti atɔ̃ megbea, míevae ɖo Dili, si nye fiadua me.
Ehiã be míawɔ tɔtrɔ gã aɖewo. Ele be míatrɔ ɖe agbenɔnɔ le afi ma ŋu, míatrɔ ɖe dekɔnu yeyewo, gbegbɔgblɔ yeyewo kple nuɖuɖu yeyewo ŋu. Zi geɖe le gbeadzia, míedoa go ame siwo da ahe kolikoli, ame siwo menya agbalẽ o, kple ame siwo wote ɖe anyi. Eye zi geɖea, míedoa go ame siwo ŋu aʋa kple ŋutasẽnuwɔwɔ gblẽ nu le vevie la.a
Nu nyuiwo doa go tso gbeadzisubɔsubɔdɔa me! Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖekaa, medo go Maria,b nyɔnuvi si xɔ ƒe 13 eye wòlé blanui vevie. Nɔa ku ƒe ʋɛ aɖewo va yi, eye ƒãa hafi wòkpɔa tɔa. Abe ɖevi bubuwo enea, ame aɖeke meli akpe ɖe Maria ŋu o. Meɖo ŋku edzi be gbe ɖekaa, enɔ avi fam esime wònɔ eƒe dzimenyawo gblɔm nam. Ke hã, nyemenɔ nya si gblɔm wònɔa gɔme sem o, elabe nyemese gbea nyuie o. Medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye made dzi ƒo nɛ, eye kaka makpɔa, mete mawunyakpukpui siwo afa akɔ nɛ la xexlẽ nɛ. Le ƒe ʋɛ siwo kplɔe ɖo mea, mekpɔ ale si Biblia trɔ Maria ƒe agbenɔnɔ, dzedzeme kple eƒe agbe katã. Fifia, exɔ nyɔnyrɔ eye eya hã le Biblia srɔ̃m kple amewo. Fifia, Maria va le Yehowa ƒe ƒome gãa me eye wòsena le eɖokui me be wolɔ̃ ye.
Yehowa le yayram ɖe dɔa dzi le Timor-Leste. Togbɔ be ƒe ewo siwo va yi me koe gbeƒãɖela akpa gãtɔ xɔ nyɔnyrɔ hãa, wo dometɔ geɖe nye mɔɖelawo, subɔsubɔdɔwɔlawo, alo hamemetsitsiwo. Wo dometɔ aɖewo wɔa dɔ le gbegɔmeɖeƒea eye wokpea asi ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖeɖe ɖe wo degbea me ŋu. Dzi dzɔam ŋutɔ ne mekpɔ wo wole ha dzim le kpekpeawo me, ne dzidzɔ le mo na wo, eye mekpɔ ale si wole tsitsim le xɔse me.
Nye kple Alex, míele mɔ dzem yina ɖe gbeadzi le teƒe aɖe si womewɔa dɔ le edziedzi o, be míama Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽviwo
NU BUBU AÐEKE MATE ŊU ANA MAKPƆ DZIDZƆ WU ESIA O
Vovototo gã aɖe nɔ subɔsubɔdɔ si míewɔ le Australia kple esi míewɔ le Timor-Leste la dome. Gake nu bubu aɖeke mate ŋu ana makpɔ dzidzɔ wu esia o. Ɣeaɖewoɣia, asiʋu siwo me lã ƒuƒuiwo kple agblemenukuwo le, si me amewo mimi ɖoe míeɖona. Ɣeaɖewoɣia, míesrɔ̃a Biblia kple amewo le xɔ sue si me xɔ dzo, si me womede simiti anyigba o la me, eye koklowo nɔa du ƒum le teƒea. Togbɔ be kuxi siawo li hãa, megblɔna na ɖokuinye zi geɖe be, ‘Dzidzɔ le dɔa me!’
Míeɖo ʋu yina gbeadzi
Ne mekpɔ megbea, medaa akpe be dzinyelawo wɔ wo tɔ sinua fia Yehowa ƒe mɔwom, eye wokpe ɖe ŋunye le nye sɔhɛme, esime nyemegava tsɔ dzo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o hã. Lododowo 22:6 me nyawo va eme ɖe dzinye. Enye dzidzɔ kple dada na nɔnye kple tɔnye be nye kple Alex míele Yehowa subɔm. Tso ƒe 2016 mea, míele nutome sue dzikpɔla dɔa wɔm le Australasia ƒe alɔdzedɔwɔƒea ƒe anyigbamamaa me.
Mele Kaleb kple Sofia ƒe video ɖem na ɖevi aɖewo siwo doa Timoresgbe
Tsãa, gbeƒãɖeɖedɔa mevivia nunye o. Gake fifia, evivia nunye ŋutɔ! Meva de dzesii be togbɔ be kuxiwo le agbea me hãa, nu si nana míekpɔa dzidzɔ vavãtɔe nye be míasubɔ Mawu tso dzi blibo me. Nyateƒee, ƒe 18 siwo nye kple Alex míetsɔ subɔ Yehowae nye ɣeyiɣi siwo me mekpɔ dzidzɔ wu. Meva se nya siwo hakpala David gblɔ na Yehowa la gɔme nyuie. Egblɔ be: “Ame siwo katã si wò tso la akpɔ dzidzɔ; woanɔ aseyetsotso dzi ɖaa. . . . Ame siwo lɔ̃a wò ŋkɔ la atso aseye ɖe ŋuwò.”—Ps. 5:11.
Edzɔa dzi na mí be míasrɔ̃ Biblia kple nutoa me tɔ siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo!
a Tso ƒe 1975 la, aʋa nɔ Timor-Leste ƒe blaeve kple edzivɔ elabe amewo nɔ ʋiʋlim be yewoaxɔ ɖokuisinɔnɔ.
b Míetrɔ ŋkɔa.