INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp22 No. 1 axa 3
  • Míate Ŋu Aɖu Fuléle Dzi!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míate Ŋu Aɖu Fuléle Dzi!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Fuléle Bɔ Alea Gbegbe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
  • Ŋgɔdonya
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
  • Fuléle Nu Ayi Keŋkeŋ Gbe Ðeka!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
  • Fuléle Le Nu Gblẽm Le Afi Sia Afi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
wp22 No. 1 axa 3
Fotoawo: Ŋutsu aɖe le ŋku ɖom ale si amewo lé fuia dzi eye wòle nu xam vevie. 1. Nyɔnu aɖe si lé fon ɖe asi la le gbɔ ɖimee. 2. Nyɔnu bubu aɖe hãa mebui ɖe ɖeke me o. 3. Ŋutsu aɖe si le nyadzɔdzɔgbalẽ xlẽm la le nyanyrãm ɖe edzi. 4. Ŋutsu aɖe le nyadzɔdzɔwo gblɔm le TV dzi.

Míate Ŋu Aɖu Fuléle Dzi!

Ðe ame aɖe wɔ nu manyomanyo ɖe ŋuwò kpɔ le esi wòlé fu wò ta?

Ne medzɔ ɖe wò ŋutɔ dziwò kpɔ o hãa, ànya kpɔ fulélenuwɔna aɖewo teƒe kpɔ. Zi geɖea, míesea ale si amewo wɔa nu vlowo ɖe ame bubuwo ŋu le ŋutigbalẽ si le wo ŋu, woƒe dzixɔse alo dukɔ si me wotso ta. Esia wɔe be dziɖuɖu geɖe de se be woahe to na ame sia ame si awɔ nu vlo ɖe ame ƒomevi aɖewo ŋu le fuléle ta.

Fuléle hea fuléle geɖe vɛ. Zi geɖe ne wolé fu ame aɖe eye wowɔ nu manyomanyo ɖe eŋua, eya hã wɔa wɔɖenui, eye esia dzia fuléle ɖe edzi.

Ðewohĩ wo dzu wò, do ŋɔdzi na wò, ɖu fewu le ŋuwò, bu nazã alo susu vɔ̃ ɖe ŋuwò kpɔ. Gake fuléle yi ŋgɔ wu nu siawo. Zi geɖea, fuléle nana amewo sẽa ŋuta, gblẽa amewo ƒe nuwo dome, dɔa amewo gbɔ sesẽe, alo wua amewo kura gɔ̃ hã.

Magazine sia aɖo biabia siwo gbɔna ŋu, eye wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míawɔ aɖu fuléle dzi:

  • Nu ka tae fuléle bɔ alea gbegbe?

  • Aleke míawɔ aɖu fuléle dzi?

  • Ðe fuléle nu ayi keŋkeŋ gbe ɖeka?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe