INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w22 July axa 8-13
  • Kpe Asi Ðe Mía Kplɔla Yesu Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Asi Ðe Mía Kplɔla Yesu Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • YESU LE MƆ FIAM GBEƑÃÐEÐEDƆA
  • YESU ÐO KLUVI EYOMEDZELAWO NU
  • YESU NA EYOMEDZELAWO LE HABƆBƆ ÐEDZESI AÐE ME
  • “Miɖo Ŋku Ame Siwo Le Ŋgɔ Xɔm Le Mia Dome La Dzi”
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Ame Kae Nye Kluvi Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela La?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • ‘Wodzea Alẽvi La Yome Ðaa’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • “Dɔla” Si Nye Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela Siaa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
w22 July axa 8-13

NUSƆSRƆ̃NYATI 29

Kpe Asi Ðe Mía Kplɔla Yesu Ŋu

“Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba dzi la katã de asi nam.”​—MAT. 28:18.

HADZIDZI 13 Kristo, Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola

NYA VEVIAWOa

1. Nu kae nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu egbea?

EGBEA, Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒeŋutinya nyuia le xexea me katã. (Marko 13:10; 1 Tim. 2:3, 4) Yehowa tɔe dɔ sia nye eye ele vevie nɛ ale gbegbe be etia Via malɔ̃nugbɔa be wòakpɔ edzi. Eya ta míeka ɖe edzi be Yesu afia mɔ mí míawɔ dɔa ade goe abe ale si Yehowa di ene hafi nuwuwua nava.—Mat. 24:14.

2. Nu kawoe míava srɔ̃ le nyati sia me?

2 Le nyati sia mea, míakpɔ ale si Yesu le “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” zãm tsɔ le Biblia me mɔfiame nam eƒe amewo. Eye míakpɔ ale si wòto kluvia dzi le ɖoɖo wɔm na eyomedzelawo be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔ gãtɔ le ŋutinya me. (Mat. 24:45) Azɔ hã, míakpɔ ale si mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu akpe asi ɖe Yesu kple kluvi nuteƒewɔlaa ŋu.

YESU LE MƆ FIAM GBEƑÃÐEÐEDƆA

3. Ŋusẽ kae Yehowa na Yesu?

3 Yesue le mɔ fiam gbeƒãɖeɖedɔa. Nu ka tae míeka ɖe esia dzi? Do ŋgɔ teti hafi Yesu nayi dziƒoa, edo go kple eyomedzela wɔnuteƒe aɖewo le to aɖe dzi le Galilea eye wògblɔ na wo be: “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba dzi la katã de asi nam.” Eyome egblɔ be: “Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.” (Mat. 28:18, 19) Edze ƒãa be Yehowa na ŋusẽ Yesu be wòakpɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi.

4. Nu ka tae míeka ɖe edzi be Yesu gakpɔtɔ le gbeƒãɖeɖedɔa dzi kpɔm?

4 Yesu gblɔ be woaɖe gbeƒã ahawɔ nusrɔ̃lawo le “dukɔwo katã me,” eye be yeanɔ anyi kple ye yomedzelawo “ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mat. 28:20) Nya mawo na wòdze kɔtɛe be Yesu akpɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi tso ɣemaɣi va de asi na míaƒe ŋkekea me.

5. Aleke míele asi kpem ɖe eŋu be nyagblɔɖi si le Psalmo 110:3 le eme vam?

5 Ðe Yesu tsi dzi be amewo mava de ha ɖe subɔsubɔdɔa ŋu le xexea ƒe nuwuɣi oa? Kura o. Elabe enyae be nya si hakpalaa gblɔ be, “Wò dukɔ atsɔ wo ɖokuiwo ana faa le wò aʋakpegbe” la ava eme. (Ps. 110:3) Ne wò hã èɖea gbeƒã nya nyuia, ke èle asi kpem ɖe Yesu kple kluvi nuteƒewɔlaa ŋu eye èle akpa aɖe wɔm be nyagblɔɖia nava eme. Dɔa le edzi yim nyuie, gake kuxi aɖewo doa mo ɖa.

6. Kuxi kae Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo doa goe egbea?

6 Kuxi siwo Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo doa goe dometɔ ɖekae nye tsitretsiɖeŋu. Xɔsegbelawo, subɔsubɔhakplɔlawo, kple dunyahelawo gblɔa alakpanyawo tso míaƒe dɔa ŋu na amewo. Eye míaƒe ƒometɔwo, ame nyanyɛwo kple dɔwɔhati siwo xɔ nya mawo dzi se la ate ŋu aƒoe ɖe mía nu be míadzudzɔ gbeƒãɖeɖedɔa, eye míagasubɔ Yehowa o. Le dukɔ aɖewo mea, wodoa ŋɔdzi na mía nɔviwo, wodzea wo dzi, eye woléa ɖewo dea gaxɔ me gɔ̃ hã. Gake esia mewɔa nuku na mí o. Elabe Yesu gblɔe ɖi be: “Dukɔwo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta.” (Mat. 24:9) Le nyateƒe mea, ale si amewo lé fu mí gɔ̃ hã nye kpeɖodzi be míaƒe nu dzea Yehowa ŋu. (Mat. 5:11, 12) Abosam ye le megbe na tsitretsiɖeŋu sia. Gake ŋusẽ le Yesu si wui! Eye Yesu le kpekpem ɖe mía ŋu míele gbeƒã ɖem nya nyuia na amewo le dukɔwo katã me. Nu kae ɖo kpe esia dzi?

7. Nu kawoe ɖee fia be Nyaɖeɖefia 14:6, 7 le eme vam?

7 Kuxi bubu si míedoa goe le gbeƒãɖeɖedɔa mee nye gbegbɔgblɔ. Yesu ɖee fia apostolo Yohanes le ŋutega me be togbɔ be gbegbɔgblɔwo asɔ gbɔ le míaƒe ŋkekea me hãa, woaɖe gbeƒã na amewo, gbe ka kee wodona o. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 14:6, 7.) Egbea, míele mɔnukpɔkpɔ nam ame geɖe ale si míate ŋui be woase Fiaɖuƒegbedeasia. Nyati siwo wotu ɖe Biblia dzi la le míaƒe jw.org nyatakakadzraɖoƒea le gbegbɔgblɔ siwo wu 1,000 me be amewo nate ŋu axlẽ le xexea ƒe akpa sia akpa! Dɔdzikpɔhaa da asi ɖe edzi be woaɖe Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa si míetsɔna srɔ̃a Biblia kple amewo la ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 700 me! Wowɔ videowo na tokunɔwo be woatsɔ asrɔ̃ Biblia, eye wota agbalẽwo na ŋkunɔwo hã. Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vam vavã! Amewo tso “dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã” me va le Biblia me nyateƒea srɔ̃m. (Zak. 8:23; Zef. 3:9) Míaƒe dɔdzikpɔla Yesu Kristo ye na nu siawo katã le eme vam.

8. Nu nyui kawoe le dodom tso míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me?

8 Egbea, ame miliɔn enyi kple edzivɔ siwo tso dukɔ 240 mee le Yehowa ƒe habɔbɔa me; eye ƒe sia ƒea, ame akpe geɖe xɔa nyɔnyrɔ va wɔa ɖeka kpli wo! Gake nu si ɖe dzesi wue nye ale si nusrɔ̃la yeye siawo dzea agbagba doa “amenyenye yeye la.” (Kol. 3:8-10) Wo dometɔ geɖe nye agbe gbegblẽ nɔlawo, ŋutasẽlawo, nazãbulawo, kple dulɔ̃lawo tsã, gake Biblia kpe ɖe wo ŋu wotrɔ. Nya si Yesaya gblɔ ɖi be “womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o” la le eme vam. (Yes. 2:4) Ne míedzea agbagba be míayi edzi ado amenyenye yeyea, esia ate ame geɖe ɖe Mawu ƒe habɔbɔa ŋu eye wòaɖee afia be míele to ɖom míaƒe dɔdzikpɔla Kristo Yesu. (Yoh. 13:35; 1 Pet. 2:12) Nu ka dzie esia katã ɖo kpee? Eyae nye be Yesu le kpekpem ɖe mía ŋu.

YESU ÐO KLUVI EYOMEDZELAWO NU

9. Le Mateo 24:45-47 ƒe nya nua, nu kae Yesu gblɔ ɖi be adzɔ le nuwuɣia?

9 Xlẽ Mateo 24:45-47. Yesu gblɔe ɖi be le nuwuɣia, yeaɖo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” aɖe ye yome dzelawo nu be wòana Biblia me mɔfiame wo. Eya ta míakpɔ mɔ be kluvi ma anɔ dɔ dzi vevie le míaƒe ŋkekea me. Eye wole dɔ dzi hã vavã! Yesu le kluvi ma si nye ŋutsu amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe la dzi tom le ‘gbɔgbɔmenuɖuɖu’ nam Mawu ƒe amewo kple ɖetsɔlemetɔwo “le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” Ŋutsu amesiamina mawo meɖua aƒetɔ ɖe ame bubuwo ƒe xɔse dzi o. (2 Kor. 1:24) Ke boŋ wodea dzesii be Yesu Kristo ye nye mí katã míaƒe “kplɔla kple dziɖula.”—Yes. 55:4.

Foto vovovoawo: Agbalẽ vovovo siwo míetsɔ srɔ̃ Biblia kple amewo tso blema va de asi na fifia. 1. Ƒe 1946: “Mawu Nanye Nyateƒetɔ.” Nɔvinyɔnu aɖe tsɔ agbalẽ sia le atsu kple asi aɖe fiam le gbeadzi. 2. Ƒe 1968: “Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee.” Ŋutsu aɖe le agbalẽ sia xlẽm le aƒe me. 3. Ƒe 1982: “Àte Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi.” Nɔviŋutsu aɖe tsɔ agbalẽ sia le Biblia fiam ame aɖe. 4. Ƒe 1995: “Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me.” Nɔviŋutsu aɖe tsɔ agbalẽ sia le Biblia srɔ̃m kple eƒe dɔwɔhati aɖe le ŋdɔnuɖuɣi. 5. Ƒe 2005 kple 2015: “Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?” gbalẽa kple “Nu Kae Biblia Fia Mí?” gbalẽa. Nɔvinyɔnu aɖe le Biblia srɔ̃m kple nyɔnu aɖe. 6. Ƒe 2021: “Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!” Nɔvinyɔnu aɖe to videokadodo dzi le Biblia srɔ̃m kple nyɔnu aɖe.

10. Agbalẽ siwo dze le nɔnɔmetataa mea dometɔ kae kpe ɖe ŋuwò nèva srɔ̃ nyateƒea?

10 Tso ƒe 1919 me va de asi na fifiaa, kluvi nuteƒewɔlaa trɔa asi le agbalẽ vovovowo ŋu be woatsɔ akpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu woasrɔ̃ Biblia me nyateƒea. Le ƒe 1921 mea, kluvia ta agbalẽ si nye Mawu Ƒe Saŋku (le yevugbe me) be woatsɔ akpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu woasrɔ̃ Biblia me gɔmedzenufiafiawo. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, wota agbalẽ bubuwo kpee. Agbalẽ siwo gbɔna dometɔ kae wosrɔ̃ kpli wò, si na nèva nya Yehowa helɔ̃e? “Mawu Nanye Nyateƒetɔ” (si le yevugbe me); Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee; Àte Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi; Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me; Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?; Nu Kae Biblia Fia Mí?; alo Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! si nye míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽ yeyea. Ðe wotrɔ asi le agbalẽ siawo katã ŋu be woakpe ɖe mía ŋu míawɔ nusrɔ̃lawo, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe va ɖe ɣeyiɣi dzi.

11. Nu ka tae wòhiã be mí katã míado vevie Biblia sɔsrɔ̃?

11 Menye ɖetsɔlemetɔwo koe wòle be woasrɔ̃ Biblia eye woase eƒe nufiafiawo gɔme nyuie o. Ehiã be mí katã míawɔe nenema. Apostolo Paulo gblɔ be: “Ame tsitsiwo tɔe nye nuɖuɖu sesẽ.” Eyi edzi gblɔ be ne míedo vevie Biblia sɔsrɔ̃ eye míewɔ ɖe nu siwo míesrɔ̃ dzia, akpe ɖe mía ŋu ‘míade vovo nyui kple vɔ̃ dome.’ (Heb. 5:14) Ale si agbe nyui nɔnɔ yi to le xexea me egbea ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi. Gake Yesu megblẽ mí ɖi o. Ekpɔa egbɔ be míexɔ mɔfiame nyuiwo tso Biblia me be woado ŋusẽ míaƒe xɔse. Eye kluvia dzie wòtona trɔa asi le wo ŋu be woaɖe vi na mí.

12. Abe Yesu enea, aleke míeɖee fia be míedea bubu Mawu ƒe ŋkɔ ŋu?

12 Abe Yesu enea, míedea bubu Mawu ƒe ŋkɔ ŋu. (Yoh. 17:6, 26) Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1931 mea, míetsɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo. Esia ɖe ale si gbegbe Mawu ƒe ŋkɔa le vevie na mí kple ale si míedi be eƒe ŋkɔ nanɔ mía ŋu fia. (Yes. 43:10-12) Eye tso ƒe ma ƒe October mea, Mawu ƒe ŋkɔa dzena le Gbetakpɔxɔ magazine ɖe sia ɖe ƒe akpa dzi. Azɔ hã, esi Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖa le woƒe Biblia geɖe mea, míawo ya míedee Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me le afi siwo wòle be wòanɔ!

YESU NA EYOMEDZELAWO LE HABƆBƆ ÐEDZESI AÐE ME

13. Nu kae na nèka ɖe edzi be Yesu le “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” zãm egbea? (Yohanes 6:68)

13 Yesu to “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi wɔ ɖoɖo na eyomedzelawo le anyigba dzi wozu habɔbɔ ɖedzesi aɖe eye ede dɔ asi na wo be woakpe ɖe amewo ŋu woasubɔ Mawu le mɔ nyuitɔ nu. Aleke nèsena le ɖokuiwò me tso habɔbɔ ma ŋu? Ðewohĩ èsena le ɖokuiwò me abe apostolo Petro ene; egblɔ na Yesu be: “Ame ka gbɔe míadzo ayi? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.” (Yoh. 6:68) Ðewohĩ èbia ɖokuiwò ɣeaɖewoɣi be afi kae yeanɔ ne ɖe yemeke ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu o hã. Esia sɔ elabena habɔbɔ sia dzie Kristo tona fiaa nu mí be míawɔ nuteƒe na Mawu. Yesu naa hehe mí be míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa nyuie. Eye ekpena ɖe mía ŋu be míado ‘amenyenye yeyea’ ne míaƒe nu nadze Yehowa ŋu.—Ef. 4:24.

14. Aleke Yehowa ƒe habɔbɔa me nɔnɔ ɖe vi na wò le corona dɔvɔ̃ ƒe ɣeyiɣia me?

14 Yesu naa mɔfiame eƒe amewo ne wodo go kuxiwo. Esia dze ƒãa esime corona dɔvɔ̃a do. Ɣemaɣia, ame geɖe menya nu si woawɔ o. Gake Yesu to habɔbɔa dzi na mɔfiame siwo me kɔ mí be míanɔ dedie. Wode dzi ƒo na mí be míaɖɔ ŋɔtitsyɔnu eye míanɔ adzɔge vie tso amewo gbɔ ne míedo ɖe ame dome. Woɖoa ŋku edzi na hamemetsitsiwo be woanɔ hamea me tɔwo yɔm edziedzi abia woƒe fɔfɔme ta se, eye woakpe ɖe wo ŋu be woanɔ dedie ayi edzi asubɔ Yehowa. (Yes. 32:1, 2) Azɔ hãa, Dɔdzikpɔha ƒe nyatakaka ƒe videowo na mɔfiame geɖe mí eye wode dzi ƒo na mí.

15. Mɔfiame kawoe míexɔ ku ɖe ale si míawɔ kpekpeawo kple gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le dɔvɔ̃ɣia, eye nu kawoe do tso eme?

15 Le dɔvɔ̃ɣia, míexɔ mɔfiame siwo me kɔ ku ɖe ale si míawɔ hame ƒe kpekpewo kple gbeƒãɖeɖedɔae ŋu. Gbe ɖeka kple eƒe zãdodo koa, ɖoɖoawo trɔ. Fifia ehiã be míawɔ hame ƒe kpekpewo eye míakpɔ takpekpe wɔnawo le mɔ̃ dzi. Ehiã be míawɔ gbeƒãɖeɖedɔa to telefon alo lɛtaŋɔŋlɔ dzi. Gake Yehowa yra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi. Gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi le teƒeteƒewo eye nuteƒekpɔkpɔ nyuiwo su ame geɖe si.—Kpɔ aɖaka si nye “Yehowa Le Yayram Ðe Míaƒe Gbeƒãɖeɖedɔa Dzi.”

Yehowa Le Yayram Ðe Míaƒe Gbeƒãɖeɖedɔa Dzi

  • Nɔviŋutsu aɖe kple srɔ̃a ʋu tso wo de Titina Amerika va le Europa ƒe 15 aɖewoe nye esia. Esi dɔvɔ̃a doa, woɖoe be yewoaɖe gbeƒã na yewoƒe ƒometɔwo katã kple ame nyanyɛ aɖewo le yewo de. Be woate ŋu aɖo wo katã gbɔa, woto Internet dzi ŋlɔ lɛta siwo wu 200 sɔŋ ɖo ɖe wo. Woto mɔ ma ke dzi wɔ tɔtrɔyiwo, eye woɖo míaƒe agbalẽwo kple videowo ƒe link (lien) ɖe ame siwo tsɔ ɖe le nyaa me. Yehowa yra ɖe woƒe agbagbadzedzewo dzi. Le ɣleti enyi mea, nɔviŋutsua kple srɔ̃a nɔ Biblia srɔ̃m kple ame 14!

  • Esi míewɔ gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ le November 2020 me va yia, nɔviŋutsu aɖe ƒo ka na ŋutsu aɖe si woa kplii wode suku ƒe geɖe va yi, eye wònae Gbetakpɔxɔ si nye “Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?” Ŋutsua xɔ magazinea eye wòlɔ̃ be yewoadzro eme kwasiɖa si kplɔe ɖo. Esi wogaɖo dzea, ŋutsua gblɔ na mía nɔvia be: “Hafi nàyɔm zi gbãtɔa, medo gbe ɖa na Mawu be wòana manya nu si wòdi tso asinye.” Ŋutsua lɔ̃ be yeasrɔ̃ Biblia, ete kpekpeawo dede, eye wòva le wɔwɔm ɖe nu siwo srɔ̃m wòle dzi. Egblɔ na nɔviŋutsua emegbe be: “Tsãa, mesena le ɖokuinye me be nane bu le nye agbe me. Nyemenya nu si tututu wònye o; gake fifia menya be Yehowae. Manɔ akpe dam na wò ɖaa be nèkpe ɖe ŋunye meva te ɖe eŋu.”

16. Nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?

16 Ðewohĩ ame aɖewo asusu be habɔbɔa gatsi dzi ɖe míaƒe dedienɔnɔ le dɔvɔ̃ɣia ŋu fũu akpa. Gake esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, eva dze ƒãa be mɔfiame siwo wona mí la hiã eye woɖe vi. (Mat. 11:19) Ne míede ŋugble le ale si Yesu le eƒe amewo kplɔm lɔlɔ̃tɔe ŋua, míaka ɖe edzi be nu ka kee adzɔ le etsɔme o, Yehowa kple Via malɔ̃nugbɔa magblẽ mí ɖi gbeɖe o.—Xlẽ Hebritɔwo 13:5, 6.

17. Nu ka tae wòdzɔa dzi na wò be Yesu nye mía kplɔla?

17 Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be Yesue nye mía kplɔla! Ena míele habɔbɔ si wɔ ɖeka me. Togbɔ be míaƒe dekɔnuwo kple gbegbɔgblɔwo to vovo eye míetso dukɔ vovovowo me hãa, nu mawo memaa mía me o. Míexɔa mɔfiame geɖe tso Mawu ƒe Nyaa me eye míexɔa hehe nyuie be míate ŋu awɔ gbeƒãɖeɖedɔa. Mía dometɔ ɖe sia ɖe le agbagba dzem be míado amenyenye yeyea eye míalɔ̃ mía nɔewo. Ɛ̃, susu geɖe li si tae wòanye dada na mí be Yesu nye mía kplɔla!

NU KAE NA NÈKA ÐE EDZI BE . . .

  • Yesu le mɔ fiam gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole le xexea me katã?

  • Yesu le mɔ fiam “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la be wòakpe ɖe mía ŋu míasubɔ Yehowa?

  • Yesu le mɔ fiam eyomedzelawo be woate ŋu aɖu kuxiwo dzi?

HADZIDZI 16 Mikafu Yah Ðe Mesia Fiaɖuƒea Ta

a Egbea, ŋutsu, nyɔnu kple ɖevi miliɔn geɖe le gbeƒã ɖem nya nyuia dzonɔamemetɔe. Èle wo domea? Ne nenemaea, ke èle dɔ wɔm le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe kpɔkplɔ te. Le nyati sia mea, míakpɔ nu siwo ɖee fia be Yesu le mɔ fiam gbeƒãɖeɖedɔa egbea. Ŋugbledede le esia ŋu ana míaɖoe kplikpaa be míayi edzi asubɔ Yehowa le Kristo ƒe mɔfiafia te.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe