INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w22 August axa 26-31
  • Yehowa Ƒe Amewo Lɔ̃ Dzɔdzɔenyenye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Ƒe Amewo Lɔ̃ Dzɔdzɔenyenye
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU KAE NYE DZƆDZƆENYENYE?
  • NU SIWO NÀWƆ BE NÀGALƆ̃ YEHOWA ƑE NUDIDIWO GEÐE WU
  • Lɔ̃ Dzɔdzɔenyenye Kple Wò Dzi Blibo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Miyi Edzi Mianɔ “Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye” Dim Gbãgbiagbã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Kpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ƒe Dzɔdzɔenyenye Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Dzɔdzɔenyenye Didi Akpɔ Mía Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
w22 August axa 26-31

NUSƆSRƆ̃NYATI 36

Yehowa Ƒe Amewo Lɔ̃ Dzɔdzɔenyenye

“Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum.”—MAT. 5:6.

HADZIDZI 9 Yehowae Nye Míaƒe Fia!

NYA VEVIAWOa

1. Tetekpɔ kae dze ŋgɔ Yosef, eye aleke wòwɔ nui?

YAKOB ƒe vi Yosef dze ŋgɔ tetekpɔ sesẽ aɖe. Eƒe aƒetɔ Potifar srɔ̃ gblɔ nɛ be ‘wòava mlɔ ye gbɔ.’ Gake Yosef gbe. Egbea ame aɖe agblɔ be, ‘Nu ka tae Yosef melɔ̃ na nyɔnua o?’ Eƒe aƒetɔ Potifar menɔ aƒea me o. Kluvie Yosef nye eye nyɔnua ate ŋu ana agbea nasesẽ nɛ ne melɔ̃ nɛ o. Gake Yosef gbe be yemawɔ nu si wòbia o togbɔ be eƒoe ɖe enu enuenu hã. Nu ka tae? Yosef gblɔ be: “Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia gbegbe ahawɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu?”—1 Mose 39:7-12.

2. Aleke Yosef wɔ nya be ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Mawu ŋu?

2 Aleke Yosef wɔ nya be yeƒe Mawu bua ahasiwɔwɔ be enye “vɔ̃ gã”? Ƒe alafa eve megbe hafi Mawu va de se be “Mègawɔ ahasi o.” (2 Mose 20:14) Gake Yosef nya Yehowa nyuie ale gbegbe be ete ŋu de dzesi ale si wòase le eɖokui me tso nuwɔna ma ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yosef nya be ɖe Yehowa ɖoe be srɔ̃ɖeɖe nanɔ ŋutsu ɖeka kple nyɔnu ɖeka ko dome. Anɔ eme hã be esee be Yehowa kpɔ ye mamagã Sara ta zi eve sɔŋ be womede asi eŋu o; nenema kee wòkpɔ Isak srɔ̃ Rebeka hã ta. (1 Mose 2:24; 12:14-20; 20:2-7; 26:6-11) Ŋugbledede le nu siawo ŋu kpe ɖe Yosef ŋu wòde dzesi nu si Mawu buna nu nyui kple nu si wòbuna nu vɔ̃. Esi wòlɔ̃ Yehowa taa, eɖoe kplikpaa be yeawɔ nu si sɔ le eŋkume.

3. Nu kae míava srɔ̃ le nyati sia me?

3 Ðe nèlɔ̃ dzɔdzɔenyenyea? Ðikeke mele eme o be èlɔ̃e. Gake esi míede blibo o taa, ne míekpɔ nyuie oa, míava bu dzɔdzɔenyenye abe ale si xexea bunɛ ene. (Yes. 5:20; Rom. 12:2) Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu si dzɔdzɔenyenye nye kple ale si wòaɖe vi na mí ne míelɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔwɔ. Eyome míakpɔ nu etɔ̃ siwo míate ŋu awɔ be míagalɔ̃ Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo geɖe wu.

NU KAE NYE DZƆDZƆENYENYE?

4. Aleke ame aɖewo bua dzɔdzɔenyenye?

4 Ame geɖe bua ame dzɔdzɔe be enye ame si susuna be yeƒe nuwɔna ye nye nyuitɔ ɣesiaɣi eye wòkpɔa vodada le ame bubuwo ŋu. Gake nɔnɔme mawo medzea Mawu ŋu kura o. Yesu he nya ɖe subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eƒe ɣeyiɣia me ŋu elabe wobua wo ɖokuiwo ame dzɔdzɔewo evɔa womewɔna ɖe Mawu ƒe nudidiwo dzi o. (Nyagb. 7:16; Luka 16:15) Dzɔdzɔenyenye vavãtɔ mefia nenema kura o.

5. Le Biblia mea, nu kae dzɔdzɔenyenye fia? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

5 Dzɔdzɔenyenye nye nɔnɔme nyui aɖe ŋutɔ. Kpuie koa, efia be woawɔ nu si sɔ le Yehowa Mawu ŋkume. Le Biblia mea, wozãnɛ wòfiana be ame nanɔ agbe ɖe nudidi kɔkɔtɔ, si nye Yehowa ƒe nudidiwo nu. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa de se be asitsalawo nazã “nudakpe si sɔ hede pɛpɛpɛ.” (5 Mose 25:15) Le Hebrigbe mea, nya ma agate ŋu afia be woazã nudakpe si le dzɔdzɔe. Eya ta ele be Kristotɔ si di be Mawu nabu ye ame dzɔdzɔe la naɖi anukware le asitsanyawo me ɣesiaɣi. Ame dzɔdzɔe léa fu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ. Edina be ‘yeadze Yehowa ŋu bliboe,’ eya ta ebua ale si Yehowa ase le eɖokui me ŋu hafi tsoa nya me.—Kol. 1:10.

6. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ƒe nudidiwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu ye nye nyuitɔ? (Yesaya 55:8, 9)

6 Biblia gblɔ be Yehowa nye “dzɔdzɔenyenyenɔƒe,” si fia be eya gbɔe dzɔdzɔenyenye tso. (Yer. 50:7) Yehowa ye nye Wɔlaa, eya ta eya koe dze agblɔ nu si nye nyui kple nu si nye vɔ̃ na mí. Ede blibo, eya ta eƒe susu le nyui kple vɔ̃ ŋu kɔ boo wu mí amegbetɔ madeblibowo tɔ. (Lod. 14:12; xlẽ Yesaya 55:8, 9.) Gake esi Mawu wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu taa, anya wɔ be míanɔ agbe ɖe eƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu, eye edzɔa dzi na mí be míawɔe nenema. (1 Mose 1:27) Míelɔ̃ mía Fofo la, ta míedzea agbagba be míasrɔ̃e ale si míate ŋui.—Ef. 5:1.

7. Nu ka tae mɔfiame siwo sɔ hiã? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

7 Ne míewɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzia, eɖea vi na mí. Ènya nu si taea? Bu eŋu kpɔ: Nu kae nèsusu be adzɔ ne xɔtulawo kple mɔdolawo zãa dzidzenu siwo dze woawo ŋutɔ ŋu eye wogbea mɔfiame siwo ku ɖe woƒe dɔa ŋu dzi wɔwɔ? Ke ne dɔnɔdzikpɔlawo mewɔ ɖe dɔdada ƒe mɔfiamewo dzi o hã ɖe? Àlɔ̃ ɖe edzi be amewo ƒe agbe aɖo afɔku me. Edze ƒãa be mɔfiame kple dzidzenu siwo sɔ la kpɔa ame ta. Nenema kee Mawu ƒe mɔfiamewo le nyui kple vɔ̃ ŋu kpɔa mía ta.

8. Yayra kawoe ame siwo lɔ̃a dzɔdzɔenyenye akpɔ?

8 Yehowa yraa ame siwo dzea agbagba be yewoawɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi. Edo ŋugbe be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Ps. 37:29) Bu ale si amewo akpɔ dzidzɔ eye ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa axɔ aƒe ɖi ne ame sia ame wɔna ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi ŋu kpɔ. Nenemae Yehowa di be agbea nanɔ na mí. Nyateƒee, susu nyui geɖe li siwo ta wòle be míalɔ̃ dzɔdzɔenyenye. Gake nu kawoe míagate ŋu awɔ be míalɔ̃ nɔnɔme nyui sia geɖe wu? Na míadzro wo dometɔ etɔ̃ me.

NU SIWO NÀWƆ BE NÀGALƆ̃ YEHOWA ƑE NUDIDIWO GEÐE WU

9. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míalɔ̃ dzɔdzɔenyenye?

9 Nu Gbãtɔ: Lɔ̃ Yehowa, Ame si ɖo nudidiawo. Esia le vevie ne míedi be míalɔ̃ dzɔdzɔenyenye. Zi ale si míelɔ̃ Yehowa la, zi nenemae míadi be míawɔ ɖe eƒe nudidi dzɔdzɔeawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne ɖe Adam kple Xawa lɔ̃ Yehowaa, anye ne woɖo toe.—1 Mose 3:1-6, 16-19.

10. Nu kawoe Abraham wɔ si na wòse Yehowa ƒe susuwo gɔme?

10 Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míagawɔ nu abe Adam kple Xawa ene o? Eyae nye be míanɔ nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu, míana eƒe nɔnɔmewo nalé dzi na mí eye míadze agbagba ase eƒe susuwo gɔme. Ne míewɔe alea, míagalɔ̃ Yehowa ɖe edzi. Bu Abraham ŋu kpɔ: Elɔ̃ Yehowa vevie. Esi wòsesẽ nɛ be wòase Yehowa ƒe nyametsotso aɖewo gɔme gɔ̃ hã, medze aglã o. Ke boŋ edze agbagba be yeanya Yehowa nyuie. Le kpɔɖeŋu me, esi Abraham se be Yehowa tso nya me be yeatsrɔ̃ Sodom kple Gomora la, Abraham vɔ̃ be Yehowa, “anyigba blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la la,” atsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu. Abraham kpɔe be ema masɔ kura o, ta etsɔ ɖokuibɔbɔ bia nya aɖewo Yehowa. Yehowa gbɔ dzi ɖi ɖo eƒe nyawo ŋu. Mlɔebaa, Abraham va kpɔe be Yehowa dzroa ame ɖe sia ɖe ƒe dzi me kpɔna eye matsrɔ̃ ame maɖifɔwo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu gbeɖe o.—1 Mose 18:20-32.

11. Aleke Abraham ɖee fia be yelɔ̃ Yehowa eye yeka ɖe eyama dzi?

11 Abraham kple Yehowa dome dzeɖoɖo ku ɖe Sodom kple Gomora ŋu la wɔ dɔ ɖe Abraham dzi ŋutɔ. Ena wòva lɔ̃ Yehowa ɖe edzi eye wògade bubu eŋu wu tsã. Ƒe aɖewo megbea, dodokpɔ sesẽ aɖe va Abraham dzi: Yehowa bia tso esi be wòatsɔ via malɔ̃nugbɔa asa vɔe. Ðe Abraham ayi edzi aka ɖe Yehowa dzia? Fifia si Abraham va nya Yehowa nyuie wu taa, megabia nya aɖekee o. Ðeko wòkplɔ via kpoo wodze mɔ. Bu ale si gbegbe wòanya se veve esime wònɔ dzadzram ɖo be yeatsɔ ye via asa vɔe ŋu kpɔ. Anya de ŋugble le nu siwo wòva nya tso Yehowa ŋua ŋu vevie. Enya be Yehowa mawɔ nu madzɔmadzɔ gbeɖe o. Apostolo Paulo gblɔ be Abraham bui be Yehowa ate ŋu afɔ ye vi Isak ɖe tsitre. (Heb. 11:17-19) Azɔ hã ɣemaɣia, Isak medzi vi o, evɔ Yehowa ŋutɔ do ŋugbe va yi be dukɔ ado tso Isak me. Abraham lɔ̃ Yehowa eye wòka ɖe edzi be awɔ nu si le dzɔdzɔe ɣesiaɣi. Xɔse ʋãe wòɖo to Yehowa togbɔ be menɔ bɔbɔe nɛ o hã.—1 Mose 22:1-12.

12. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Abraham? (Psalmo 73:28)

12 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Abraham? Ele be míayi edzi anɔ nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu. Esia ana míate ɖe eŋu eye míagalɔ̃e geɖe wu. (Xlẽ Psalmo 73:28.) Nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu amla míaƒe dzitsinya ale be wòakpe ɖe mía ŋu míabu nuwo ŋu abe ale si Mawu bua woe ene. (Heb. 5:14) Esia awɔe be ne ame aɖe te mí kpɔ be míawɔ nu gbegblẽa, míagbe. Mímaɖe mɔ wòava susu me na mí gɔ̃ hã be míawɔ nu wòave Yehowa eye mía kplii dome nagblẽ o. Nu bubu kae míate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be míelɔ̃ dzɔdzɔenyenye?

13. Aleke míawɔ ati dzɔdzɔenyenye yome? (Lododowo 15:9)

13 Nu Evelia: Ðee fia gbe sia gbe be yelɔ̃ dzɔdzɔenyenye. Ebia agbagbadzedze be míade kame gbe sia gbe, gake ana míanɔ lãmesẽ me. Le mɔ ma ke nua, ne míedzea agbagba be míawɔ Yehowa ƒe nudidiwo dzi gbe sia gbea, míava lɔ̃ wo. Yehowa sea nu gɔme na mí eye mebiaa nu si míate ŋu awɔ o tso mía si o. (Ps. 103:14) Eka ɖe edzi na mí be “[yelɔ̃a] ame si tia dzɔdzɔenyenye yome.” (Xlẽ Lododowo 15:9.) Ale si ko míedzea agbagba be míaɖo taɖodzinu siwo míeɖo le Yehowa subɔsubɔ me gbɔa, nenema kee wòle be míadze agbagba be míati dzɔdzɔenyenye yome. Ne míewɔe alea la, Yehowa agbɔ dzi ɖi na mí eye wòakpe ɖe mía ŋu míayi ŋgɔ vivivi.—Ps. 84:5, 7.

14. Nu kae nye “dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu la,” eye nu ka tae wòle be míadoe ɣesiaɣi?

14 Yehowa ɖo ŋku edzi na mí lɔlɔ̃tɔe be nu dzɔdzɔe wɔwɔ menye agba o. (1 Yoh. 5:3) Ke boŋ ɖe wòkpɔa mía ta eye míehiã takpɔkpɔ ma gbe sia gbe. Apostolo Paulo ƒo nu tso aʋawɔnu aɖe si kpɔa Kristotɔ ta la ŋu. (Ef. 6:14-18) Aʋawɔnu ma ƒe akpa aɖee nye “dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu,” si fia Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo. Ale si ko akɔtakpoxɔnu kpɔa asrafo ƒe dzi taa, nenema kee Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo kpɔa míaƒe kpɔɖeŋudzia, si fia ame si míenye le ememe la ta. Eya ta dze agbagba ɖe sia ɖe be nàdo dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnua ɣesiaɣi!—Lod. 4:23.

15. Aleke nàwɔ ado dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnua?

15 Aleke nàwɔ ado dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnua? Àte ŋu awɔ esia ne èdea ŋugble le Mawu ƒe mɔfiamewo ŋu ɣesiaɣi hafi tsoa nya me. Le kpɔɖeŋu me, hafi nàɖo dze tso nya aɖe ŋu, nàse ha aɖe, nàkpɔ video alo television dzi wɔna aɖe, alo axlẽ agbalẽ aɖea, bia ɖokuiwò be: ‘Ŋusẽ kae wòakpɔ ɖe nye dzi dzi? Ðe wòadze Yehowa ŋua? Alo ɖe wòado nu siwo Yehowa buna nu madzɔmadzɔ, abe gbɔdɔdɔ manɔsenu, ŋutasesẽ, ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi ene, ɖe ŋgɔa?’ (Flp. 4:8) Ne ètsoa nya me wòwɔa ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nua, ekema Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo akpɔ wò dzia ta.

Nɔvinyɔnu aɖe le zɔzɔm le ƒuta esi ɣea gba amigo eye wòle ale si ƒutsotsoewo le gbagbam ɖe go dzi kpɔm.

Wò dzɔdzɔenyenye ate ŋu “anɔ abe ƒutsotsoewo ene” (Kpɔ memama 16-17 lia)

16-17. Aleke Yesaya 48:18 ka ɖe edzi na mí be anya wɔ be míanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu tegbee?

16 Ðe nèbia ɖokuiwò kpɔ be, ‘Ðe wòanya wɔ nam be mayi edzi alé Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo me ɖe asi tso ŋkeke yi ŋkekea?’ Bu nya si Yehowa gblɔ le Yesaya 48:18 ŋu kpɔ. (Xlẽe.) Yehowa do ŋugbe be míaƒe dzɔdzɔenyenye ate ŋu “anɔ abe ƒutsotsoewo ene.” Kpɔe ɖa le susu me be èle ƒuta eye nèkpɔ ale si ƒutsotsoeawo le mimlim va le gbagbam ɖe go dzi madzudzɔmadzudzɔe. Ðe wòava susu me na wò be gbe ɖekaa ƒutsotsoeawo atɔ tea? Gbeɖe! Elabe ènya be ƒutsotsoe mawo va gbãna ɖe go dzi tso keke ƒe aɖe ƒe, eye anɔ nenema ɖaa.

17 Wò dzɔdzɔenyenye ate ŋu anɔ abe ƒutsotsoewo ene. Nu kae akpe ɖe ŋuwò? Hafi nàtso nya me le nane ŋua, de ŋugble le nu si Yehowa adi be nàwɔ ŋu gbã eye nàwɔe. Aleke kee wòasesẽe o, Fofowò lɔ̃amea anɔ kpli wò ɣesiaɣi eye akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi anɔ agbe ɖe eƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu gbe sia gbe.—Yes. 40:29-31.

18. Nu ka tae mele be míanɔ ʋɔnu drɔ̃m amewo o?

18 Nu Etɔ̃lia: Gblẽ ʋɔnudɔdrɔ̃a ɖe Yehowa si me. Esi míele agbagba dzem be míawɔ nu si Yehowa dia, ele be míaƒo asa na ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo kple mía ɖokui bubu ame dzɔdzɔewo akpa. Míeɖoa ŋku edzi be Yehowae nye “anyigba blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la.” (1 Mose 18:25) Eya ta gome mele mía si be míatsɔ míawo ŋutɔwo míaƒe dzidzenuwo anɔ ʋɔnu drɔ̃m amewo o. Yehowa mede dɔ ma mía si o. Le nyateƒe mea, Yesu xlɔ̃ nu mí be: “Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o.”—Mat. 7:1.b

19. Aleke Yosef ɖee fia be yeka ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi?

19 Gabu ame dzɔdzɔe Yosef ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ: Medrɔ̃ ʋɔnu amewo o, ame siwo mewɔ nu ɖe eŋu nyuie o gɔ̃ hã. Eya ŋutɔ foawo dze edzi tsɔe dzra wòzu kluvi eye woble wo fofo be eku. Ƒe aɖewo megbea, Yosef kple eƒe ƒomea gava wɔ ɖeka. Ɣemaɣia, Yosef nye amegã eye ŋusẽ le esi be wòadrɔ̃ ʋɔnu foawo atu nu kpli wo. Le nyateƒe mea, togbɔ be wose veve ɖe nu siwo wowɔ ta hãa, woganɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ Yosef awɔ wɔɖenui. Gake Yosef gblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o, Mawu teƒee melea?” (1 Mose 37:18-20, 27, 28, 31-35; 50:15-21) Yosef bɔbɔ eɖokui eye wògblẽ ʋɔnudɔdrɔ̃a ɖe Yehowa si me.

20-21. Aleke míate ŋu aƒo asa na mía ɖokui bubu ame dzɔdzɔewoe akpa?

20 Abe Yosef enea, ele be míagblẽ ʋɔnudɔdrɔ̃a ɖe Yehowa si me. Le kpɔɖeŋu me, masɔ be míasusui be míenya nu si tae mía nɔviwo wɔ nanewo ɖo o. Mímate ŋu anya nu si le woƒe dzi me o; “Yehowae dzroa dzimesusuwo me kpɔna.” (Lod. 16:2) Elɔ̃a ame ƒomeviwo katã, afi ka kee woɖatso o. Ede dzi ƒo na mí be ‘míaʋu míaƒe dziwo me gbadzaa.’ (2 Kor. 6:13) Eya ta míedzea agbagba be míalɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwo katã, ke menye be míadrɔ̃ ʋɔnu wo o.

21 Esia fia be masɔ be míadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo mesubɔa Yehowa kpli mí o la hã o. (1 Tim. 2:3, 4) Ðe nàdrɔ̃ ʋɔnu wò ƒometɔ aɖe agblɔ be, ‘Eya mate ŋu axɔ nyateƒea akpɔ gbeɖe oa’? Esia masɔ kura o, eye afia be míele mía ɖokui bum ame dzɔdzɔe akpa. Yehowa gakpɔtɔ le mɔnukpɔkpɔ nam “amewo katã le afi sia afi be woatrɔ dzi me.” (Dɔw. 17:30) Ðo ŋku edzi ɣesiaɣi be le Yehowa gbɔa, ame ɖokui bubu ame dzɔdzɔe akpa nye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ.

22. Nu ka tae nèɖoe kplikpaa be yealɔ̃ dzɔdzɔenyenye?

22 Neva eme be ale si míelɔ̃ Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo nana míakpɔ dzidzɔ eye wòaʋã amewo woate ɖe mía kple mía Mawu Yehowa ŋu. Yi edzi nàdi “dzɔdzɔenyenye” yome mɔ ɖaa. (Mat. 5:6) Ka ɖe edzi be Yehowa dea dzesi agbagba siwo dzem nèle be yeawɔ nu dzɔdzɔe eye edoa dzidzɔ nɛ. Togbɔ be xexea le eɖokui nyrɔm ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me vĩi hãa, mina míayi edzi alé dzi ɖe ƒo eye míaɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be “Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo.”—Ps. 146:8.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Nu kae nye dzɔdzɔenyenye?

  • Aleke wòaɖe vi na mí ne míewɔna ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo dzi?

  • Nu kawoe míate ŋu awɔ be míagalɔ̃ Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo geɖe wu?

HADZIDZI 139 Kpɔ Ðokuiwò Le Xexe Yeyea Me

a Togbɔ be nu dzɔdzɔe wɔwɔ yi to kura le xexe vɔ̃ɖi sia me hãa, ame miliɔn geɖe le agbagba dzem be yewoawɔ nu dzɔdzɔe. Ðikeke mele eme o be wò hã èwɔnɛ nenema, elabe èlɔ̃ Yehowa eye Yehowa lɔ̃ dzɔdzɔenyenye. Gake nu kae míate ŋu awɔ be míagalɔ̃ dzɔdzɔenyenye geɖe wu? Le nyati sia mea, míakpɔ nu si dzɔdzɔenyenye nye kple ale si wòɖea vi na mí ne míelɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ. Azɔ hã, míadzro nu siwo míate ŋu awɔ be míagalɔ̃ dzɔdzɔenyenye geɖe wu me.

b Ɣeaɖewoɣia, eva hiãna be hamemetsitsiwo nadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖe si wɔ nu vɔ̃ gã ne woakpɔe ɖa be etrɔ dzi me hã. (1 Kor. 5:11; 6:5; Yak. 5:14, 15) Gake wobɔbɔa wo ɖokui eye enɔa susu me na wo be yewomate ŋu anya nu si le ame ƒe dzi me o. Woɖoa ŋku edzi hã be Yehowae yewole ʋɔnua drɔ̃m na. (Tsɔe sɔ kple 2 Kronika 19:6.) Wodzea agbagba be yewoawɔ ɖe Mawu ƒe nudidi siwo da sɔ eye woɖea eƒe dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ fiana la dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe