INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w23 February axa 26-30
  • Mekpɔ Ale Si Yehowa Yra Nuteƒewɔlawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mekpɔ Ale Si Yehowa Yra Nuteƒewɔlawo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • DZIEHE IRELAND​—“BƆMBWO KPLE TUKPEWO” ƑE DUKƆ
  • SIERRA LEONE​—NƆVIAWO ÐE XƆSE FIA TOGBƆ BE WODA AHE HÃ
  • NIGERIA​—MÍESRƆ̃ DEKƆNU YEYEWO
  • KENYA​—NƆVIAWO GBƆ DZI ÐI NAM
  • AMERIKA​—NƆVIAWO ÐEA XƆSE FIANA TOGBƆ BE NU BƆ ÐE WO SI HÃ
  • “Ame Siwo Ðoa To Wò” La Akpɔ Agbe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Na Mewɔ Tiatia Nyuiwo Le Nye Agbe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nu Nyuitɔ Kekeake Si Ŋu Mezã Nye Agbe Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Yehowa Yra Mí Esi Míewɔ Nu Si Wòdi Tso Mía Si
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
w23 February axa 26-30
Robert Landis.

AGBEMEŊUTINYA

Mekpɔ Ale Si Yehowa Yra Nuteƒewɔlawo

ABE ALE SI ROBERT LANDIS GBLƆE ENE

ÐEWOHĨ èɖoa ŋku dze siwo wò kple amewo mieɖo kpɔ, siwo le vevie na wò dzi. Ðeka aɖe si dzi meɖoa ŋkui ye nye esi nye kple xɔ̃nye aɖe míeɖo ƒe 50 kloe ye nye esia esime míedo dzo aɖe nɔ ƒuƒum le Kenya. Ɣemaɣia, míezɔ mɔ ɣleti geɖe eye ŋdɔ ɖu mí ʋuu. Emegbe esi míenɔ dze ɖom tso film aɖe si ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋua, xɔ̃nyea gblɔ be: “Woda alakpa ɖe Biblia si.”

Enumake meko nu, elabe meva susu me nam kpɔ be xɔ̃nyea nya nu tso mawusubɔsubɔ ŋu o. Eya ta mebiae be: “Nu kae nènya tso Biblia ŋu?” Gake mede nu eme nam o. Mlɔeba egblɔ nam be Yehowa Ðasefoe ye nɔ nye, eye eɖe nanewo me na ye. Eya ta meƒoe ɖe enu be wòagblɔ Biblia me nya aɖewo nam.

Míeɖo dze ʋuu zã tsi. Egblɔ nam be Biblia gblɔ be Satanae le xexea dzi ɖum. (Yoh. 14:30) Ðewohĩ wò ya ènya esia tso ɖevime ke, gake nya yeyee wònye na nye ya, eye efɔ biabia geɖe ɖe susu me nam. Amewo gblɔna be Mawu dɔmenyotɔ si wɔa nu dzɔdzɔe ye le xexea dzi ɖum. Gake ne melé ŋku ɖe nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me ŋua, esesẽna nam be maxɔ nya ma dzi ase. Togbɔ be ƒe 26 koe mexɔ ɣemaɣi hã, mekpɔ nu geɖe teƒe, siwo na metɔtɔ.

Tɔnye nye yameʋukula le Amerika Ƒe Yamesrafohaa me. Eya ta tso nye ɖevime kea, menyae nyuie be nukliaʋa ate ŋu adzɔ bɔbɔe; asrafowo ƒe asi le bɔmb-awo dzi xoxo. Vietnam-ʋaa dzɔ esime mele suku kɔkɔ dem le California. Mí sukuviwo míelɔa gbɔ enuenu. Kpovitɔwo nyana mí ɖe enu eye wodaa aɖiya ɖe mía dome. Aɖiyaa ɖoa ŋɔti me kple ŋku dzi na mí míedea asi du me. Zitɔtɔ kple aglãdzedze ƒe ɣeyiɣie. Wowua dunyahelawo, wolɔa gbɔ tsia tsitre ɖe dziɖuɖua ŋu, eye ʋunyaʋunyawɔwɔ bɔ. Ame sia ame kple eƒe susu le nu si wòhiã be woawɔ ŋu. Zitɔtɔ sɔŋ koe xɔ aƒe ɖi.

Robert tɔ ɖe eƒe dzokeke gbɔ eye wòle asi tɔm teƒe siwo wòzɔ mɔ yia dzi le anyigbatata dzi.

Metso London va ɖo Titina Afrika

Le ƒe 1970 mea, mekpɔ dɔ le Alaska ƒe dzieheƒuta, eye mekpɔ ga geɖe. Emegbe meɖo yameʋu yi London, ƒle dzokeke le afi ma, eye mekui ɖo ta anyiehe gome nɔ yiyim ko, teƒe aɖeke menɔ susu me nam o. Ɣleti aɖewo megbea, meva ɖo Afrika. Medo go amewo le mɔa dzi siwo hã di be yewoasi le yewoƒe kuxiwo nu ayi afi aɖe be yewoavo.

Nu siwo teƒe mekpɔ kple nya siwo mese na meva se nya si Biblia gblɔ be mawudɔla vɔ̃ɖi aɖee le xexea dzi ɖum la gɔme. Ke afi kae Mawu ya le le nya bliboa me? Medi be manya.

Mekpɔ ŋuɖoɖoa le ɣleti siwo kplɔe ɖo me. Eye esi ɣeyiɣiawo va le yiyimaa, meva dze si ŋutsu kple nyɔnu siwo wɔ nuteƒe na Mawu vavã ɖeka kolia le nɔnɔme vovovowo me, eye meva lɔ̃ wo hã.

DZIEHE IRELAND​—“BƆMBWO KPLE TUKPEWO” ƑE DUKƆ

Esi metrɔ yi London la, medi xɔ̃nyea dada ƒe mɔ, eye wòna Bibliam. Emegbe esi meyi Amsterdam le Netherlands la, Ðasefo aɖe kpɔm menɔ Biblia xlẽm le mɔtokaɖi aɖe te, eye wòkpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ nu geɖe. Emegbe meyi Dublin le Ireland, eye meke ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea ŋu. Meƒo agbonugaa. Afi mae medo go Arthur Matthews, si nye nɔviŋutsu nyanu kpɔnuteƒe aɖe le. Megblɔ nɛ be medi be ame aɖe nasrɔ̃ Biblia kplim, eye elɔ̃ be yeasrɔ̃e kplim.

Nye dzi katã ku ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu, eye mevu ɖe agbalẽ ɖekaɖekawo kple agbalẽ babla siwo Ðasefowo ta ɣemaɣia xexlẽ ŋu. Gake mexlẽa Biblia ŋutɔ hã. Enɔ nunye vivim ale gbegbe! Ne meyi kpekpea, mekpɔnɛ be ɖeviwo gɔ̃ hã nya biabia siwo ɖea fu na agbalẽnyalawo ƒe geɖea ƒe ŋuɖoɖowo. Biabia siawo dometɔ aɖewoe nye: ‘Nu ka tae nu vɔ̃ɖi wɔwɔ li? Ame kae nye Mawu? Nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku?’ Ðasefowo koe medea ha kplii, elabe nyemedze si ame bubu aɖeke le dukɔa me o. Wokpe ɖe ŋunye meva lɔ̃ Yehowa eye medi be mawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.

Nigel, Denis, kple nye ŋutɔ

Le ƒe 1972 mea, mexɔ nyɔnyrɔ. Ƒe ɖeka megbea, medze mɔɖeɖedɔa gɔme eye meʋu yi hame sue aɖe me le Newry le Dziehe Ireland. Mehaya kpexɔ saɖeaga aɖe le to aɖe ŋu. Nyiwo nɔ agble aɖe dzi le afi ma lɔƒo, eye medzea ŋgɔ nyiawo toa nye nuƒowo me. Wonɔa nu dzɔm nɔa ɖuɖum henɔa nye kpɔm dũu abe ɖe wole to ɖom vevie ene. Togbɔ be womate ŋu aɖo aɖaŋu nam tso nye nuƒoa ŋu o hãa, enɔna abe amewoe mele nu ƒom na ene. Le ƒe 1974 mea, woɖom mɔɖela vevi, eye nye kple Nigel Pitt míewɔ mɔɖeɖedɔa. Nye kplii míezu xɔlɔ̃ veviwo tso ɣemaɣi.

Nu vlo wɔwɔ geɖe nɔ edzi yim ɣemaɣi le Dziehe Ireland. Ame aɖewo yɔe ɣemaɣi be “bɔmbwo kple tukpewo ƒe dukɔ.” Ebɔ ɣemaɣi be nàkpɔ amewo woanɔ kɔ dam le ablɔ dzi, woadze amewo dzi alo ada tu wo, alo bɔmb nawó le ʋu aɖe me. Zi geɖea, dunyahehawo alo subɔsubɔhawo domee dzrea nɔna. Gake Protestanttɔwo kple Katolikotɔwo siaa nyae be Ðasefowo mehea dunya o, eya ta míetea ŋu ɖea gbeƒã le ablɔɖe me eye míenɔa dedie. Zi geɖea, ame siwo míeɖea gbeƒã na nya afi si ʋunyaʋunya adzɔ le kple ɣeyiɣi si dzi wòadzɔ, eya ta wonana míenyana, ale be míagagogo teƒe mawo o.

Gake mefia be afɔku aɖeke kura menɔ anyi o. Gbe ɖekaa, nye kple mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Denis Carrigan míenɔ gbeƒã ɖem le du aɖe si te ɖe mía ŋu me. Ðasefo aɖeke menɔ du ma me o, eye zi ɖeka koe míeyi afi ma va yi. Nyɔnu aɖe tso mía nu be Britaintɔwo ƒe adzamesrafowoe míenye, ɖewohĩ le esi míaƒe Eŋlisigbea meɖi Irelandtɔwo tɔ o ta. Esia na vɔvɔ̃ ɖo mí. Vividodo ɖe asrafowo ŋu ɖeɖe ate ŋu ana woada tu klo na wò alo ada tu wò nàku. Míeva tɔ ɖe gota nɔ bɔs lalam; vuvɔ hã nɔ mía wɔm. Míekpɔ ʋu aɖe wòva tɔ ɖe fiase si me nyɔnua tso mía nu lea ŋgɔ. Enumake nyɔnua do va ƒo nu kple ŋutsu eve siwo le ʋua me henɔ asi fiam mí. Emegbe ŋutsuawo ku ʋua va tu mí hebia nya ʋɛ aɖewo mí le ɣeyiɣi si bɔs la ava ŋu. Esi bɔs la va ɖoa, woƒo nu kple bɔskulaa. Míete ŋu se nya si wogblɔ o eye ame bubu aɖeke meɖo bɔs la kpe ɖe mía ŋu o. Eya ta míeka ɖe edzi be ɖe wowɔ ɖoɖo be ne míenya do le dua me koa, woatu nu kpli mí. Gake meva yi nenema o. Esi meɖi le bɔs la mea, mebia bɔskulaa be: “Mía ŋu nya biam ŋutsu mawo nɔa?” Eɖo eŋu be: “Megblɔ na wo be menya mi nyuie. Migavɔ̃ o. Ame aɖeke mawɔ naneke mi o.”

Robert kple Pauline, le woƒe srɔ̃ɖegbe.

Le míaƒe srɔ̃ɖegbe, le March 1977 me

Le ƒe 1976 me le nutome gã takpekpea aɖe me le Dublin la, medo go Pauline Lomax, si nye mɔɖela vevi si ɖi tsa tso England va. Edze tugbe, ebɔbɔ eɖokui, eye wòdoa vevie mawusubɔsubɔ. Eya kple nɔviaŋutsu, Ray, srɔ̃ nyateƒea tso ɖevime ke. Ƒe ɖeka megbea, nye kple Pauline míeɖe mía nɔewo, eye míeyi mɔɖela vevi dɔa dzi le Ballymena le Dziehe Ireland.

Míewɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa ɣeyiɣi aɖe, eye míesubɔ mía nɔviwo le Belfast, Londonderry, kple nuto bubu siwo me afɔku te ŋu dzɔna bɔbɔe le me. Mía nɔvi aɖewo ɖe asi le nazãbubu, fuléle kple alakpanufiafia siwo dzi woxɔ se vevie tsãa ŋu va le Yehowa subɔm, eye woƒe xɔse wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Yehowa yra wo eye wòkpɔ wo ta hã!

Menɔ Ireland ƒe ewo. Ke le ƒe 1981 mea, wokpe mí be míava de Gilead Suku ƒe klass 72 lia. Esi sukua wu enu, woɖo mí ɖe Sierra Leone le Ɣetoɖoƒe Afrika.

SIERRA LEONE​—NƆVIAWO ÐE XƆSE FIA TOGBƆ BE WODA AHE HÃ

Mía kple dutanyanyuigblɔla lɔ̃ame 11 bubu míenɔ dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe me. Dzodoƒe ɖeka, nugododeƒe etɔ̃, tsileƒe eve, telefon ɖeka, nunyamɔ̃ ɖeka, kple nuƒumɔ̃ ɖekae li mí katã míezãna. Wotsia dzo edziedzi eye womenana míenyana do ŋgɔ o. Afiwo tso aƒe ɖe xɔa tame, eye ƒliwo va gena ɖe xɔtexɔa me.

Robert kple ame aɖewo tsɔ woƒe dzokeke le tɔ aɖe tsom.

Míele tɔsisi aɖe tsom yina nutome gã takpekpe le Guinea si te ɖe mía ŋu me

Togbɔ be nuwo menɔ abe ale si míedi ene o hãa, gbeƒãɖeɖedɔa nana míekpɔa dzidzɔ. Amewo dea bubu Biblia ŋu, eye woɖoa to mí nyuie. Ame geɖe srɔ̃ Biblia eye woxɔ nyateƒea. Nutoa me tɔwo yɔam be “Aƒetɔ Robert.” Woyɔa Pauline be “Aƒenɔ Robert.” Gake ɣeyiɣi aɖe megbe, esi meva zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe alɔdzedɔwɔƒea ƒe dɔwo ŋu, eye womegakpɔam edziedzi le gbeadzi oa, wova nɔ Pauline yɔm be “Aƒenɔ Pauline.” Nye ya meva zu “Aƒetɔ Pauline.” Edzɔa dzi na Pauline ko!

Robert kple Pauline le woƒe ʋua gbɔ.

Míedze mɔ yina gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ aɖe wɔ ge le Sierra Leone nuto aɖewo me

Nɔviawo dometɔ geɖe da ahe, gake Yehowa kpɔa woƒe hiahiãwo gbɔ na wo ɣesiaɣi; ɣeaɖewoɣia, ewɔnɛ le nukumɔ nu. (Mat. 6:33) Meɖo ŋkui be gbe ɖekaa, ga si le nɔvinyɔnu aɖe si katã koe nye esi wòatsɔ aƒle nu eya kple viawo naɖu gbe ma gbe, gake etsɔ ye katã na nɔviŋutsu aɖe si lé asrãdɔ eye ga mele esi wòaƒle atike o. Eteƒe medidi o, gbe ma gbe kea, nyɔnu aɖe va nɔvinyɔnua gbɔ be wòawɔ ɖa na ye yeaxe fe nɛ, evɔ menɔ mɔ kpɔm nɛ o. Esiawo tɔgbi dzɔ zi geɖe.

NIGERIA​—MÍESRƆ̃ DEKƆNU YEYEWO

Míenɔ Sierra Leone ƒe asieke. Emegbe wona míeyi va subɔ le Betel le Nigeria. Alɔdzedɔwɔƒe sia ya lolo. Ɔfisdɔ si mewɔ le Sierra Leone ke tɔgbie megawɔ le afi sia hã, gake tɔtrɔ gã si sesẽ ŋutɔe wònye na Pauline ya. Tsãa, enɔa gbeadzi gaƒoƒo 130 ɣleti sia ɣleti, eye wòsrɔ̃a nu kple ame geɖe. Gake fifia wode dɔ asi nɛ le nutɔƒe, eye wònɔa awu siwo vuvu tɔm gbe sia gbe. Exɔ ɣeyiɣi vi aɖe hafi wòte ŋu va trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu, gake eva kpɔe be amewo dea asixɔxɔ dɔ si wɔm yenɔ ŋu, eye ezã mɔnukpɔkpɔ siwo ʋu ɖi nɛ tsɔ de dzi ƒo na Betel-ƒomea me tɔ bubuwo.

Nigeriatɔwo ƒe dekɔnuwo nye nu yeye na mí, eye nu geɖe li wòhiã be míasrɔ̃. Gbe ɖeka, nɔviŋutsu aɖe va nye ɔfis be yeaɖe nɔvinyɔnu aɖe si woxɔ ɖe Betel yeyee afiam. Esi medo asi ɖa be mana asi nɔvinyɔnua, edze klo enumake ɖe nye afɔ nu. Nua wɔ nuku nam ale gbegbe! Mawunyakpukpui eve va susu me nam enumake: Dɔwɔwɔwo 10:25, 26 kple Nyaɖeɖefia 19:10. Susua va nam be magbe nɛ. Gake meɖo ŋku edzi hã be wokpee be wòava wɔ dɔ le Betel; si fia be enya Biblia me nufiafiawo nyuie.

Eya ta ɖeko medze agbagba ɖe ɖokuinye fiae ɖewoɖewoe, eye emegbe meva ku nu me. Meva se egɔme be nenemae wodoa gbe na ame le dukɔa ƒe akpa aɖewo ɣemaɣi. Ŋutsuwo hã tsyɔa mo anyi nenema ke. Bubudede ame ŋu ƒe dzesi koe wònye; menye tadedeague o. Eƒe kpɔɖeŋu aɖewo gɔ̃ hã le Ŋɔŋlɔawo me. (1 Sam. 24:8) Edzɔ dzi nam be nye dahevi, nyemewɔ naneke tsɔ do ŋukpe nɔvinyenyɔnua o.

Míedo go Nigeriatɔ geɖe siwo wɔ nuteƒe ƒe geɖe wòɖe dzesi. Bu Isaiah Adagbona ŋu kpɔ.b Esrɔ̃ nyateƒea le eƒe ɖekakpuime, gake eva lé kpodɔ. Woɖoe ɖe kpodɔlélawo nɔƒe aɖe, eye eya ɖeka koe nye Ðasefo le afi ma. Togbɔ be wotsi tsitre ɖe eŋu hã, ekpe ɖe kpodɔléla 30 kple edzivɔ ŋu woxɔ nyateƒea, eye wòɖo hame le afi ma.

KENYA​—NƆVIAWO GBƆ DZI ÐI NAM

Mele gbenyi aɖe si ŋu dadaa mele o kpɔm le Kenya

Le ƒe 1996 mea, wona míeyi va subɔ le Kenya alɔdzedɔwɔƒea. Tso nudzɔdzɔ si ŋu meƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me dzia, esiae nye zi gbãtɔ si megava Kenya. Míenɔ Betel-ƒea me. Kesewo hã va srãna mí kpɔna le aƒea me! Ne nɔvinyɔnuwo tsɔ atikutsetsewo va yinaa, wofia ɖewo. Gbe ɖeka nɔvinyɔnu aɖe le Betel gblẽ eƒe fesre ɖi wòle ʋuʋu. Esi wòtrɔ gbɔ vaa, kese aɖe kple viawoe nye ema le nuwo ɖum le xɔa me. Edo ɣli ƒu du do go le xɔa me. Keseawo hã xlɔ̃ hedzo to fesrea nu dzo.

Nye kple Pauline míenɔ Swahiligbe hame aɖe me. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbea, wode dɔ asi nam be makpɔ Hame Ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃ (si míeyɔna fifia be Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃) dzi. Evɔ ɖeko mete gbea sɔsrɔ̃ koe nye ema! Mesrɔ̃a nua do ŋgɔ, taa, metea ŋu xlẽa nyabiaseawo. Gake ne ame si le nyaa ŋu ɖom megblɔe tututu abe ale si woŋlɔe ɖe agbalẽa me ene oa, ke nyemesea eƒe ŋuɖoɖoa gɔme o. Eteƒe mebɔbɔna o! Ðeko nɔviawo ƒe nu wɔa nublanui nam. Gake ale si gbegbe wogbɔ dzi ɖi nam eye wobɔbɔ ɖe ɖoɖo sia tea wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.

AMERIKA​—NƆVIAWO ÐEA XƆSE FIANA TOGBƆ BE NU BƆ ÐE WO SI HÃ

Mímenɔ Kenya wòde ƒe ɖeka o. Le ƒe 1997 mea, wokpe mí be míava subɔ le Betel le Brooklyn le New York. Fifia míeva le dukɔ si me ŋutilãmenuwo bɔ ɖo me, eye ema hã kple eƒe kuxiwoe. (Lod. 30:​8, 9) Gake le dukɔ sia me gɔ̃ hãa, xɔse sẽŋu le mía nɔviwo si. Wozãa woƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo tsɔna kpea asi ɖe dɔ nyui siwo wɔm Yehowa ƒe habɔbɔa le ŋu, ke menye be yewoazu kesinɔtɔwo o.

Míekpɔ ale si mía nɔvi Ðasefowo ɖe xɔse fia le nɔnɔme vovovowo me le ƒe geɖe siwo va yi me. Míekpɔ xɔse si Ireland nɔviwo ɖe fia le dukɔmeviʋawɔɣi. Míekpɔ xɔse si Afrika nɔviwo ɖe fia togbɔ be woda ahe eye wo dometɔ aɖewo sa ɖe aga hã. Eye míekpɔ xɔse si Amerika nɔviwo ɖena fiana togbɔ be ŋutilãmenuwo bɔ ɖe wo si hã. Nyateƒee, dzi dzɔa Yehowa ŋutɔ ne ekpɔ ale si gbegbe amewo ɖenɛ fiana le nɔnɔme vovovowo me be yewolɔ̃e!

Nye kple Pauline, le Warwick Betel

Ƒeawo va yi kabakaba ŋutɔ; abe ale si Hiob gblɔe enea, ‘ŋkekeawo le du dzi wu avɔlɔ̃ʋu.’ (Hiob 7:6) Fifia míele asi kpem ɖe dɔa ŋu le míaƒe dɔwɔƒegã le Warwick le New York, eye dzi dzɔa mí be míekpɔtɔ le ame siwo lɔ̃ wo nɔewo vavã dome. Míaƒe dzi dze eme, nu siwo le mía si dzea mía ŋu, eye edzɔa dzi na mí be míakpe asi ɖe míaƒe Fia Kristo Yesu ŋu ale si míate ŋui, elabe míenya be madidi o, aɖo eteƒe na ame gbogbo manyaxlẽ siwo wɔa nuteƒe nɛ.​—Mat. 25:34.

a Míeyɔa takpekpe gãwo ɣemaɣi be nutome gã takpekpewo.

b Isaiah Adagbona ƒe agbemeŋutinya dze le April 1, 1998 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 22-27. Eku le ƒe 2010 me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe