INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w23 July axa 8-13
  • Yi Edzi Nàlɔ̃ Yehowa Kple Nɔviwo Geɖe Wu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yi Edzi Nàlɔ̃ Yehowa Kple Nɔviwo Geɖe Wu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • LƆ̃ YEHOWA GEÐE WU
  • LƆ̃ NƆVIWÒ KRISTOTƆWO GEÐE WU
  • YEHOWA AÐO ETEƑE NA MÍ NE MÍELƆ̃A AMEWO
  • Mègana Wò Lɔlɔ̃ Nayi To O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Lɔlɔ̃ Netu Wò Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • “Miyi Edzi Miazɔ Le Lɔlɔ̃ Me”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Ale Si Míana Míaƒe Lɔlɔ̃ Na Mía Nɔewo Nasẽ Ðe Edzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
w23 July axa 8-13

NUSƆSRƆ̃NYATI 30

Yi Edzi Nàlɔ̃ Yehowa Kple Nɔviwo Geɖe Wu

“Mina míato lɔlɔ̃ me atsi le nuwo katã me.”—EF. 4:15.

HADZIDZI 2 Ŋkɔwòe Nye Yehowa

NYA VEVIAWOa

1. Nu kawoe nèva nya esi nèdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme?

ÈÐO ŋku esime nèdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme dzia? Anɔ eme be ewɔ nuku na wò esi nèva nyae zi gbãtɔ be ŋkɔ le Mawu si. Ðewohĩ wò dzi dze eme esi nèva srɔ̃e be Mawu mewɔa fu ame le dzo mavɔ me o. Eye ɖewohĩ esi nèva srɔ̃e be àgakpɔ wò ame vevi siwo ku ake eye wò kpli wo mianɔ agbe le paradiso me le anyigba dzia, dzi dzɔ wò ŋutɔ.

2. Esi nèyi edzi nɔ Biblia me nyateƒea srɔ̃maa, nu bubu kawoe nète ŋu wɔ? (Efesotɔwo 5:1, 2)

2 Esi nèyi edzi nɔ Biblia srɔ̃maa, ègava lɔ̃ Yehowa geɖe wu. Eye esia ʋã wò nèwɔ ɖe nu siwo srɔ̃m nènɔa dzi. Èna Biblia me gɔmeɖosewo fia mɔ wò nètsoa nya me nyuie. Ètrɔ wò nuwɔna kple wò agbenɔnɔ elabe èdi be yeadze Mawu ŋu. Abe ale si ɖeviwo srɔ̃a wo dzilawo enea, wò hã èdze agbagba nɔ Fofowò si le dziƒoa srɔ̃m.—Xlẽ Efesotɔwo 5:1, 2.

3. Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokui?

3 Míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Ðe melɔ̃ Yehowa fifia wu esi meva nyateƒea me tetia? Tso esime mexɔ nyɔnyrɔa, ɖe nye nuwɔna kple nuŋububu ɖenɛ fiana be mele Yehowa srɔ̃m geɖe wu, vevietɔ le ale si melɔ̃a nɔvinyewo mea?’ Ne ède dzesii be “lɔlɔ̃ si nɔ asiwò” na Yehowa kple nɔviawo nu le tsitsim la, dzi megaɖe le ƒowò o. Nu sia tɔgbi dzɔ ɖe Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ mea dzi. Gake Yesu mena ta le wo ŋu o. (Nyaɖ. 2:4, 7) Nenema kee mana ta le mía ŋu o elabe eka ɖe edzi be míagate ŋu alɔ̃ Mawu kple mía nɔviwo abe tsã ene.

4. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

4 Le nyati sia mea, míade dzesi nu si míawɔ be míagalɔ̃ Yehowa kple mía nɔviwo geɖe wu. Eyome míakpɔ nu nyui siwo ado tso eme ne míeyi edzi lɔ̃ wo.

LƆ̃ YEHOWA GEÐE WU

5-6. Kuxi kawoe Paulo do goe le eƒe subɔsubɔdɔa me? Nu kae kpe ɖe eŋu wòyi edzi subɔ Yehowa?

5 Apostolo Paulo kpɔ dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔ me, gake edo go kuxi geɖewo hã. Eƒe subɔsubɔdɔa biana be wòazɔ mɔ legbeewo zi geɖe, evɔ mɔzɔzɔ menɔ bɔbɔe ɣemaɣi kura o. Le eƒe mɔzɔzɔ mawo dometɔ aɖewo mea, ‘eɖo ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi kple adzodalawo si me.’ Edzɔ ɣeaɖewoɣi be eƒe futɔwo ƒoe vevie. (2 Kor. 11:23-27) Eye nublanuitɔea, nɔvia Kristotɔwo hã mekpɔ ŋudzedze ɖe agbagba siwo wòdzena be yeakpe ɖe wo ŋua ŋu ɣesiaɣi o.—2 Kor. 10:10; Flp. 4:15.

6 Nu kae kpe ɖe Paulo ŋu wòyi edzi subɔ Yehowa? Nu si kpe ɖe eŋue nye be esrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu le Ŋɔŋlɔawo kple nu siwo me eya ŋutɔ to me. Esia na wòva ka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ ye. (Rom. 8:38, 39; Ef. 2:4, 5) Eye esia na eya hã lɔ̃ Yehowa vevie. Paulo ɖee fia be yelɔ̃ Yehowa to ale si ‘wòsubɔ ame kɔkɔewo eye wòyi edzi subɔ woa dzi.’—Heb. 6:10.

7. Nu kae míate ŋu awɔ be míagalɔ̃ Yehowa geɖe wu?

7 Míawo hã míate ŋu alɔ̃ Yehowa geɖe wu ne míedoa vevie eƒe Nyaa sɔsrɔ̃. Ne èle Biblia ƒe akpa aɖe xlẽmaa, dze agbagba nàde dzesi nu si wòfia wò tso Yehowa ŋu. Bia ɖokuiwò be: ‘Aleke ŋutinya sia ɖee fia be Yehowa lɔ̃m? Aleke wòate ŋu aʋãm be nye hã malɔ̃e?’

8. Aleke gbedodoɖa ate ŋu ana míagalɔ̃ Mawu ɖe edzi?

8 Nu bubu si míate ŋu awɔ be míagalɔ̃ Yehowa ɖe edzi wue nye be míado gbe ɖa nɛ edziedzi agblɔ míaƒe dzimenyawo nɛ. (Ps. 25:4, 5) Eye Yehowa hã aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu na mí. (1 Yoh. 3:21, 22) Nɔvinyɔnu Khanh si le Asia gblɔ be: “Nu siwo mesrɔ̃ tso Yehowa ŋu na melɔ̃e, gake megava lɔ̃e ɖe edzi esi wòɖo nye gbedodoɖawo ŋu nam. Esia wɔe be medina be mawɔ nu siwo dzea eŋu.”b

LƆ̃ NƆVIWÒ KRISTOTƆWO GEÐE WU

9. Le Paulo ƒe nya nua, aleke Timoteo ɖee fia be yelɔ̃ nɔviawo vevie?

9 Le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔdɔa mea, edo go ɖekakpui nyui aɖe si ŋkɔe nye Timoteo. Timoteo lɔ̃ Yehowa eye wòlɔ̃ amewo hã. Paulo gblɔ na Filipitɔwo be: “Ame aɖeke mele asinye si ƒe nɔnɔme de [Timoteo tɔ] nu, si akpɔ miaƒe nyawo gbɔ ale si dze o.” (Flp. 2:20) De dzesii be Paulo megblɔ be Timoteo nye nuƒola bibi alo ɖoɖowɔla nyui o, ke boŋ nu si wɔ dɔ ɖe edzi le Timoteo ŋue nye ale si wòlɔ̃ nɔviawo. Ðikeke mele eme o be nɔvi siwo le hame siwo Timoteo srãna kpɔ mea kpɔa mɔ na eƒe sasrãkpɔ vevie.—1 Kor. 4:17.

10. Aleke Anna kple srɔ̃a ɖee fia be yewolɔ̃ nɔviawo?

10 Míawo hã míedia mɔ siwo dzi míato akpe ɖe mía nɔvi Kristotɔwo ŋu. (Heb. 13:16) Bu Anna si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ mea ŋu kpɔ. Esi ahomya sesẽ aɖe tu megbea, eya kple srɔ̃a srã ƒome aɖe kpɔ, eye wokpɔe be ahom la wɔe be nu si wotsɔ gbã woƒe xɔa ŋe dze eme. Esia wɔe be ƒomea ƒe awuwo katã ƒo ɖi. Anna gblɔ be: “Míefɔ awuawo va nya, eye míeɖo wo dzi nyuie hetsɔe yi na wo. Menye nu gã aɖekee nye ema míewɔ o, gake esia na be míeva zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo tso ɣemaɣi.” Ale si Anna kple srɔ̃a lɔ̃ nɔviawoe la ʋã wo wokpe ɖe wo ŋu.—1 Yoh. 3:17, 18.

11. (a) Ne míelɔ̃a amewoa, aleke esia nana wosena le wo ɖokui me? (b) Le Lododowo 19:17 ƒe nya nua, aleke Yehowa wɔa nui ne míelɔ̃ amewo?

11 Ne míelɔ̃ amewo eye míenyo dɔme na woa, wodea dzesii be míele Yehowa srɔ̃m. Eye edzea wo ŋu wu ale si míesusui gɔ̃ hã. Khanh, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi, gakpɔtɔ ɖoa ŋku ame siwo kpe ɖe eŋu va yia dzi. Egblɔ be: “Meda akpe gã aɖe na nɔvinyɔnu siwo katã kplɔm yi gbeadzi. Wova kɔam le aƒe me, wokpeam meɖua ŋdɔnu kpli wo, eye wokpɔa egbɔ be meɖo aƒe me dedie. Ne mede ŋugble le eŋua, mekpɔe be menye agbagba vie wodze hafi te ŋu wɔ nu mawo nam o. Gake wowɔe le esi wolɔ̃m ta.” Ele eme baa be menye ame sia ame sie mɔnukpɔkpɔa asu be wòaɖo nu siwo míewɔ nɛ teƒe na mí o. Khanh gblɔ be: “Edzrom vevie be maɖo ale si wonyo dɔme nam la teƒe na wo, gake nyemenya afi si wo dometɔ ɖe sia ɖe le fifia o. Gake Yehowa ya nya, eye medoa gbe ɖa be wòaɖo eteƒe na wo nam.” Nyateƒee, Yehowa dea dzesi dɔmenyonu ɖe sia ɖe si míewɔna na amewo, aleke kee wòɖale sue o gɔ̃ hã. Yehowa bua dɔmenyonuwɔna siawo be wonye fe yenyi le mía ŋu kple vɔsa siwo dzea ye ŋu, eye edo ŋugbe be yeaɖo eteƒe.—Xlẽ Lododowo 19:17.

Foto vovovoawo: Nɔviŋutsu aɖe le ŋgɔ yim le Yehowa subɔsubɔ me. 1. Ele gbe dom na vavalawo le hame ƒe kpekpe aɖe me. 2. Ele nya ŋu ɖom le kpekpea me. 3. Ewɔ ɖeka kple nɔvinyɔnu tsitsi aɖe si le bunɔkeke me le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa me. 4. Eva srã nɔviŋutsu dɔnɔ aɖe le eƒe aƒe me.

Ne ame aɖe yi ŋgɔ le Yehowa subɔsubɔ mea, edia mɔnu vovovo siwo dzi wòato akpe ɖe amewo ŋu (Kpɔ memama 12 lia)

12. Aleke nɔviŋutsuwo ate ŋu aɖee afia be yewolɔ̃ nɔviawo? (Kpɔ fotoa hã.)

12 Ne nɔviŋutsue nènyea, aleke nàte ŋu aɖee afia be yelɔ̃ nɔviwo, eye nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu? Nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Jordan bia hamemetsitsi aɖe be wòagblɔ nu siwo yeate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe nɔviawo ŋu geɖe wua na ye. Hamemetsitsia kafui ɖe agbagba siwo dzem wòle xoxoa ta eye wòɖo aɖaŋu aɖewo nɛ ku ɖe ale si wòagate ŋu awɔ geɖe wu ŋu. Le kpɔɖeŋu me, hamemetsitsia ɖo aɖaŋu nɛ be wòava kpekpeawo kaba eye wòado gbe na nɔviwo, wòaɖo nya ŋu le kpekpeawo me, wòaɖe gbeƒã edziedzi kple eƒe gbeadziƒuƒoƒoa, eye wòabu mɔnu bubu siwo dzi wòate ŋu ato akpe ɖe nɔviwo ŋua ŋu. Esi Jordan wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo mawo dzia, menye ɖeko wòsrɔ̃ nu vevi aɖewo o, ke ena wògava lɔ̃ nɔviawo ɖe edzi. Jordan va srɔ̃e be ne nɔviŋutsu aɖe va zu subɔsubɔdɔwɔlaa, menye ɣemaɣie wòdzea kpekpe ɖe nɔviawo ŋu gɔme o, ke boŋ esi wòle ewɔm xoxo taa, ɖeko wòayi edzi.—1 Tim. 3:8-10, 13.

13. Aleke lɔlɔ̃ ʋã nɔviŋutsu aɖe wògadze va zu hamemetsitsi ake?

13 Ke ne ènye subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi tsã, gake fifia mɔnukpɔkpɔ ma megale asiwò o ɖe? Yehowa ɖoa ŋku dɔ siwo nèwɔ nɛ kple lɔlɔ̃ si nèɖe fia dzi. (1 Kor. 15:58) Eye ekpɔa ale si nèyi edzi le nɔviawo lɔ̃mee. Esi nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Christian megava nye hamemetsitsi oa, ete ɖe edzi vevie. Gake egblɔ be: “Meɖoe be mawɔ nu sia nu si mate ŋui atsɔ asubɔ Yehowa le esi melɔ̃e ta, meɖanye hamemetsitsi alo nyemeɖanyee o.” Le ɣeyiɣi aɖe megbea, wogaɖoe hamemetsitsi. Christian gblɔ be: “Esi wogaɖom hamemetsitsia, metsi dzi vie. Gake mebu eŋu be ne Yehowa ŋutɔ kpɔ nublanui nam eye wòɖe mɔ nam be magawɔ hamemetsitsi ƒe dɔa akea, ke mawɔe elabe melɔ̃e eye melɔ̃ nɔviawo hã.”

14. Nu kae nèsrɔ̃ tso nya siwo nɔvinyɔnu aɖe si tso Georgia gblɔa me?

14 Yehowa subɔlawo lɔ̃a wo haviwo hã. (Mat. 22:37-39) Le kpɔɖeŋu me, Nɔvinyɔnu Elena si le Georgia gblɔ be: “Tsãa, esi melɔ̃ Yehowa ta koe meɖea gbeƒã na amewo ɖo. Gake esi megava nɔ Fofonye si le dziƒo lɔ̃m geɖe wua, esia wɔe be meva lɔ̃ amewo hã ɖe edzi. Medzea agbagba be made dzesi kuxi siwo me tom wole kple nyati siwo awɔ dɔ ɖe wo dzi. Ne mebu wo ŋu alea, medina vevie be makpe ɖe wo ŋu.”—Rom. 10:13-15.

YEHOWA AÐO ETEƑE NA MÍ NE MÍELƆ̃A AMEWO

Foto vovovoawo: 1. Atsu kple asi aɖe le nɔvinyɔnu tsitsi aɖe fiam ale si wòazã eƒe tablɛt le corona dɔvɔ̃a ƒe ɣeyiɣia me. Wonɔ anyi ɖe xexe eye wo katã woɖɔ ŋɔtitsyɔnu kple asiwuiwo. 2. Nɔvinyɔnu tsitsia ƒe ƒometɔ geɖewo kpɔ Ŋkuɖodzia to videokadodo dzi.

Dɔmenyonuwɔna ɖeka ate ŋu aɖe vi na ame geɖe (Kpɔ memama 15-16 lia)

15-16. Abe ale si wòdze le fotoawo me enea, nu nyui kawoe dona tso eme ne míelɔ̃ amewo?

15 Ne míelɔ̃a mía nɔviwoa, menye woawo ɖeɖe koe wòɖea vi na o. Esi corona dɔvɔ̃a te kakaa, nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Paolo kple srɔ̃a kpe ɖe nɔvinyɔnu tsitsi geɖe ŋu wosrɔ̃ ale si woazã woƒe elektrɔnikmɔ̃wo atsɔ aɖi ɖasee. Nɔvinyɔnu aɖe si esia wɔwɔ nɔ sesẽm na le gɔmedzedzea mea va ɖu tu nɛ mlɔeba. Ete ŋu zã eƒe elektrɔnikmɔ̃a tsɔ kpe eƒe ƒometɔwo na Ŋkuɖodzia. Eƒe ƒometɔ 60 sɔŋ de Ŋkuɖodzia to videokadodo dzi! Nu si Paolo kple srɔ̃a wɔa ɖe vi na nɔvinyɔnu sia kple eƒe ƒometɔwo. Emegbe nɔvinyɔnua ŋlɔ lɛta na Paolo gblɔ nɛ be: “Akpe na wò be nèfia ale si mí ame tsitsiwo míazã míaƒe elektrɔnikmɔ̃woe mí. Nyemaŋlɔ ale si Yehowa lé be na mí kple ale si nèku kutri kpe ɖe mía ŋu la be akpɔ gbeɖe o.”

16 Paolo srɔ̃ nu vevi aɖe le nuteƒekpɔkpɔ siawo tɔgbi me. Esrɔ̃e be lɔlɔ̃ le vevie wu míaƒe ŋutetewo alo nu siwo míenya. Egblɔ be: “Menye nutome sue dzikpɔla tsã. Eye egbea meva de dzesii be togbɔ be nɔviawo anya ŋlɔ nuƒo siwo meƒo la be hãa, wogakpɔtɔ ɖoa ŋku ale si mekpe ɖe wo ŋui ya dzi.”

17. Ne míelɔ̃ amewoa, ame ka hãe wòaɖe vi na?

17 Ne míelɔ̃ amewoa, eɖea vi na míawo ŋutɔ le mɔ siwo míele mɔ kpɔm na o nu. Alea tututue wòdzɔ ɖe Jonathan si le New Zealand dzi. Memleɖagbe ŋdɔ aɖe esime ŋdɔkutsu nɔ ʋuʋum sesĩea, ekpɔ mɔɖela aɖe wònɔ gbeƒã ɖem le mɔ to. Eya ta Jonathan ɖoe be yeado eve nɛ ne yewoanɔ gbeƒã ɖem Memleɖagbe ŋdɔwo. Jonathan menya kura be ale si yele asi kpem ɖe mɔɖelaa ŋu ava ɖe vi na ye ŋutɔ o. Egblɔ be: “Ɣemaɣia, gbeadziyiyi medoa dzidzɔ nam ale o. Gake esi mekpɔ ale si mɔɖelaa fiaa nui kple ale si eƒe subɔsubɔdɔa nɔ ku tsem la, esia na dzo yeye ɖo menye ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Mɔɖelaa va zu xɔ̃nye vevi, ekpe ɖe ŋunye meyi ŋgɔ le Yehowa subɔsubɔ me, ena meva lɔ̃ gbeƒãɖeɖedɔa eye nye kple Yehowa dome va le kplikplikpli.”

18. Nu kae Yehowa di tso mía si?

18 Yehowa di be mí katã míadze agbagba alɔ̃ ye kple mía nɔviwo geɖe wu. Abe ale si míeva srɔ̃e enea, ne míesrɔ̃a Mawu ƒe Nyaa edziedzi, míedea ŋugble le eŋu, eye míedoa gbe ɖa edziedzia, ana míagalɔ̃ Yehowa ɖe edzi. Ne míekpena ɖe mía nɔviwo ŋua, esia awɔe be míagalɔ̃ wo ɖe edzi. Ne míeva lɔ̃ Yehowa kple mía nɔviwo geɖe wua, awɔe be mía kpli wo dome anɔ kplikplikpli. Eye míanye wo xɔlɔ̃ tegbee!

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Nu kae nàwɔ be nàgalɔ̃ Yehowa geɖe wu?

  • Mɔ kawo dzie nàte ŋu ato aɖee afia be yelɔ̃ nɔviwo?

  • Nu nyui kawoe dona tso eme ne míelɔ̃ amewo?

HADZIDZI 109 Milɔ̃ Mia Nɔewo Vevie Tso Dzi Me Ke

a Míeɖale Yehowa subɔm ƒe gbogbo aɖewoe nye esia alo nyitsɔ laa koe míeva nyateƒea me o, mí katã míagate ŋu ayi ŋgɔ. Nu si akpe ɖe mía ŋu míawɔ esiae nye be míayi edzi alɔ̃ Yehowa kple mía nɔviwo. Míadzro esia me le nyati sia me. Esi nèle nyati sia me dzrom la, de ŋugble le nu siwo me nète ŋu yi ŋgɔ le xoxo kple nu siwo nàgate ŋu awɔ ŋu.

b Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe