Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Ðe Israel-viwo ɖu nu bubu aɖe le gbea dzi to vovo na mana kple teglia?
Mana koŋue Israel-viwo ɖu le gbea dzi ƒe 40 sɔŋ. (2 Mose 16:35) Azɔ hã Yehowa na tegli wo zi eve woɖu. (2 Mose 16:12, 13; 4 Mose 11:31) Ke hã, menye nuɖuɖu mawo koe woɖu o.
Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖewoɣia Yehowa kplɔ eƒe amewo yi “gbɔɖemeƒe,” afi si wokpɔ tsi kple nu ɖu le. (4 Mose 10:33) Teƒe siawo dometɔ ɖekae nye Elim, “afi si tsidzɔƒe wuieve kple deti blaadre le”; anɔ eme be deti siwo ƒomevi woyɔ le afi sia nye ayedetiwo. (2 Mose 15:27) Numekugbalẽ aɖe gblɔ be “ayede tea ŋu miena ɖe anyigba ƒe teƒe vovovowo eye eyae nyea ati si bɔ wu le dzogbe nutowo me. Ame miliɔn geɖe ɖua eƒe tsetsewo, wokpɔa ami hã tso eme, eye atia nyea xɔtunu kple fafɛƒe na amewo.” (Plants of the Bible)
Anɔ eme be Israel-viwo tɔ ɖe tɔʋu gã aɖe si woyɔna egbea be Feiran, si nye Wadi Feiran tɔsisia ƒe akpa aɖe to be yewoagbɔ ɖe eme. Numekugbalẽ bubu aɖe hã gblɔ be: “Tɔʋu, alo bali sia ƒe didime nye kilometa 130 eye enye tɔʋu siwo didi wu, siwo nya kpɔ hexɔ ŋkɔ wu le Sinai la dometɔ ɖeka.” Eyi edzi be: “Teƒe nyui aɖe si ayedeti gbogbo aɖewo le si woyɔna be Feiran Oasis la le afi si didi tso tɔʋua ƒe agunu kilometa 45; kpo si dzi teƒe lea keke kilometa 5 kloe eye wòkɔ wu atsiaƒu ƒe sɔsɔme meta 610. Teƒea nya kpɔ ale gbegbe be amewo ɖɔnɛ be enye Eden-bɔ si le Sinai. Ayedeti akpe geɖe siwo le afi ma wɔe be teƒea nɔnɔ dzɔa dzi na amewo tso blema ke.” (Discovering the World of the Bible)
Ayedeti siwo le Feiran
Esi Israel-viwo nɔ dzodzom le Egipte la, wotsɔ wɔ, amɔwɔbluzewo, nuku kple ami ɖe asi. Eye anɔ eme be nuɖuɖu si wotsɔ ɖe asia vɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. Israel-viawo kplɔ “alẽwo kple nyiwo ɖe asi, wonye lãha gã aɖe ŋutɔ.” (2 Mose 12:34-39) Esi nɔnɔmeawo mede ame dzi le gbea dzi o taa, anɔ eme be lãawo dometɔ aɖewo ku. Israel-viwo anya ɖa ɖewo ɖu eye woanya tsɔ ɖewo hã sa vɔe na alakpamawuwo gɔ̃ hã.a (Dɔw. 7:39-43) Ke hã, alẽhawo kple lãhawo kpɔtɔ nɔ Israel-viwo si, eye esia dze ƒãa le nya siwo Yehowa gblɔ esime womeɖe xɔse fia o me. Egblɔ na wo be: “Mia viwo azu alẽkplɔlawo le gbea dzi ƒe blaene.” (4 Mose 14:33) Eya ta anɔ eme be wokpɔ lã kple notsi tso woƒe lãhawo dome, gake nu mawo made ame miliɔn etɔ̃ nu hena ƒe 40 sɔŋ o.b
Afi kae wokpɔ tsi kple nuɖuɖu le na woƒe lãhawo?c Ɣemaɣia, anɔ eme be tsi dzana edziedzi si wɔnɛ be gbewo miena. Míaƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ be ƒe 3,500 aɖewo va yia, “tsi bɔ ɖe nuto mawo me ɣemaɣi wu ale si wòle fifia. Tɔʋu alo bali goglo siwo me tsi nɔ tsã siwo le nuto mawo me ɖo kpe edzi be ɣeaɖeɣi le blemaa, tsi dzana ale gbegbe.” (Insight on the Scriptures, Volume 1 alo Étude perspicace des Écritures Babla 1) Togbɔ be ele alea hãa, enye gbe gã dziŋɔ si nuɖuɖu mewɔna le o. (5 Mose 8:14-16) Ne ɖe Yehowa mena tsi Israel-viwo kple wo woƒe lãhawo nukutɔe oa, anye ne woaku godoo.—2 Mose 15:22-25; 17:1-6; 4 Mose 20:2, 11.
Mose gblɔ na Israel-viwo be Yehowa nyi wo kple mana “ne wòana [woanyae] be menye abolo ɖeɖe ko nue amegbetɔ nɔa agbe ɖo o, ke boŋ amegbetɔ nɔa agbe ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me la hã nu.”—5 Mose 8:3.
a Biblia ƒo nu tso zi eve siwo wotsɔ lãwo sa vɔe na Yehowa le gbea dzi ŋu. Gbãtɔe nye esime woɖo nunɔlawo; eye eveliae nye esime woɖu Ŋutitotoŋkekenyuia. Israel-viwo ƒe ʋuʋu tso Egipte ƒe ƒe evelia me, si nye ƒe 1512 D.Y. mee wosa vɔ siawo.—3 Mose 8:14–9:24; 4 Mose 9:1-5.
b Le ƒe 40-awo ƒe nuwuwu lɔƒoa, Israel-viwo ha aboyonu geɖe siwo dome lã akpe alafa geɖe le le aʋa me. (4 Mose 31:32-34) Ke hã, woyi edzi ɖu mana va se ɖe esime woge ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi.—Yos. 5:10-12.
c Naneke meɖee fia be lãawo hã ɖu mana o, elabe Yehowa gblɔ na Israel-viwo be ame sia ame nefɔ mana agbɔsɔsɔ si wòate ŋu aɖu, gake meƒo nu tso lãwo ya ŋu o.—2 Mose 16:15, 16.