NUSƆSRƆ̃NYATI 29
HADZIDZI 121 Míehiã Ðokuidziɖuɖu
Nɔ Ŋudzɔ Ɣeawokatãɣi Be Nàgadze Tetekpɔ Me O
“Minɔ ŋudzɔ, eye minɔ gbedodoɖa dzi be miagadze tetekpɔ me o.”—MAT. 26:41.
TAÐODZINUA
Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be ele vevie be míaƒo asa na nu vɔ̃ wɔwɔ kpakple nuwɔna siwo ate ŋu akplɔ mí ade nu vɔ̃ me la siaa.
1-2. (a) Nu kae Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ? (b) Nu ka tae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblẽe ɖi? (Kpɔ nɔnɔmetatawo hã.)
“NYATEƑEE, gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilãa ya gbɔdzɔ.”a (Mat. 26:41b) Yesu ƒe nya mawo ɖee fia be ese egɔme be míede blibo o, eye míada vo ɣeaɖewoɣi. Gake egblɔ nya siawo tsɔ xlɔ̃ nu mí hã be míakpɔ nyuie be míagaka ɖe mía ɖokui dzi fũu akpa o. Gaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ hafi Yesu nagblɔ nya mawo le zã ma ke me la, eƒe nusrɔ̃lawo gblɔe kakaɖedzitɔe be yewomagblẽ yewoƒe Aƒetɔ la ɖi gbeɖe o. (Mat. 26:35) Susu nyui wotsɔ gblɔe ya. Gake womede dzesii be yewoate ŋu adze tetekpɔ me bɔbɔe o. Eya ta Yesu xlɔ̃ nu wo be: “Minɔ ŋudzɔ, eye minɔ gbedodoɖa dzi be miagadze tetekpɔ me o.”—Mat. 26:41a.
2 Nublanuitɔe la, nusrɔ̃lawo mete ŋu nɔ ŋudzɔ o. Esi amewo va lé Yesu la, ɖe wote ŋu nɔ eŋua, alo vɔvɔ̃ ɖo wo wosi? Woƒe ŋudzɔmanɔmanɔ wɔe be wogblẽ woƒe Aƒetɔa ɖi hesi dzo, evɔ nu ma tututue wogblɔ be yewomawɔ gbeɖe o.—Mat. 26:56.
Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ ŋudzɔ eye woakpɔ nyuie be woagadze tetekpɔ me o, gake emegbe wogblẽe ɖi hesi dzo (Kpɔ memama 1-2)
3. (a) Hafi míate ŋu awɔ nuteƒe na Yehowa la, nu ka tae mele be míaka ɖe mía ɖokui dzi akpa o? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia me?
3 Mele be míaka ɖe mía ɖokui dzi akpa o. Ele eme be míeɖoe kplikpaa be míadze Yehowa ŋu ya. Gake esi míede blibo o ta ele bɔbɔe be míawɔ nu gbegblẽ ne wote mí kpɔ. (Rom. 5:12; 7:21-23) Nɔnɔme aɖe ate ŋu ado mo ɖa le vo me si ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be míawɔ nu gbegblẽ. Hafi míate ŋu awɔ nuteƒe na Yehowa kple Via la, ele be míawɔ ɖe aɖaŋu si Yesu ɖo be míanɔ ŋudzɔ ɖe nu siwo ate ŋu akplɔ mí ade nu vɔ̃ me la ŋu. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia. Gbãa, míakpɔ nu siwo ŋu wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo. Eyome, míadzro ale si míakpɔ nyuie be míagadze tetekpɔ me o la me. Mlɔeba, míakpɔ ale si míayi edzi anɔ ŋudzɔ.
NU KAWO ŊUE WÒLE BE MÍANƆ ŊUDZƆ ÐO?
4-5. Nu ka tae wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖe nu siwo menye nu vɔ̃ gãwo o gɔ̃ hã ŋu?
4 Nu siwo menye nu vɔ̃ gãwo o gɔ̃ hã ate ŋu agblẽ mía kple Yehowa dome. Azɔ hã woate ŋu akplɔ mí ade nu vɔ̃ gãwo wɔwɔ me.
5 Tetekpɔwo vaa mí katã dzi. Gake mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo le vovovo. Ate ŋu anye nu vɔ̃ gã ƒe dzodzro, nu makɔmakɔwɔwɔ ƒe dzodzro alo be ame naɖe mɔ xexea ƒe nuŋububu nakpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe ate ŋu anɔ avu wɔm kple gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe dzodzro. Ame aɖe hã ate ŋu anɔ avu wɔm kple nuwɔna makɔmakɔwo ƒe dzodzro, abe ameɖokuigbɔdɔdɔ alo amamaɖeɖenuwo kpɔkpɔ ene. Ame bubu hã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ate ŋu anye amegbetɔvɔvɔ̃, dada, dzikudodo kabakaba alo nu bubu aɖe. Abe ale si Yakobo gblɔe ene la, “nu si tea ame sia ame kpɔnae nye eya ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ eye wòblenɛ.”—Yak. 1:14.
6. Nu ka mee wòle be míato nyateƒe na mía ɖokui le?
6 Ènya nu siwo ate ŋu ate wò kpɔ bɔbɔea? Afɔku le eme be míaŋe aɖaba aƒu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi ahanɔ susum be xɔse sẽŋu le mía si ta mímate ŋu awɔ nu vɔ̃ o. (1 Yoh. 1:8) Ðo ŋku edzi be apostolo Paulo gblɔ be “ame siwo dze le gbɔgbɔ me” gɔ̃ hã ate ŋu adze tetekpɔ me ne womele ŋudzɔ o. (Gal. 6:1) Ele be míato nyateƒe na mía ɖokui alɔ̃ ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi.—2 Kor. 13:5.
7. Nu kawo ŋue wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo vevie? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.
7 Ne ènya de dzesi nu siwo tea wò kpɔ ko la, nu kae wòle be nàwɔ? Ele be nàku kutri vevie awɔ nu siwo ana nàɖu wo dzi! Le kpɔɖeŋu me, le Biblia-ŋlɔɣiwo la, woɖoa gli tsɔ ƒoa xlã du, eye dugbowo nue futɔwo ate ŋu ato age ɖe dua me bɔbɔe. Esia ta dzɔlawo sɔa gbɔ ɖe dugbowo nu wu teƒe bubu ɖe sia ɖe. Nenemae wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖe akpa siwo míenya be míegbɔdzɔ lea ŋu vevie.—1 Kor. 9:27.
ALE SI MÍAKPƆ NYUIE BE MÍAGADZE TETEKPƆ ME O
8-9. Nu kae wòle be ɖekakpui si woɖɔ le Lododowo ta 7 lia nawɔ atsɔ aƒo asa na nu vɔ̃ gã ma hafi? (Lododowo 7:8, 9, 13, 14, 21)
8 Aleke míakpɔ mía ɖokui ta be míagawɔ nu vɔ̃ o? Eyae nye be míasrɔ̃ nu tso nu si dzɔ ɖe ɖekakpui si ŋu woƒo nu tsoe le Lododowo ta 7 lia me dzia me. Ðekakpuia nɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ kple nyɔnu ahasitɔ aɖe. Kpukpui 22 lia gblɔ be “kasia,” ɖekakpuia dze nyɔnua yome kɔ̃ɔ. Gake kpukpui siwo do ŋgɔ ɖee fia be ɖekakpuia ɖe afɔ aɖewo si kplɔe de nu vɔ̃ ma me.
9 Afɔ kawoe ɖekakpuia ɖe si kplɔe de nu vɔ̃ me? Gbãa, ɖekakpuia ‘zɔ va to mɔdodo si le nyɔnu ahasitɔa ƒe dzogoe dzi’ le fiẽ me. Evelia, ezɔ ɖo ta nyɔnua ƒe aƒe gbɔ. (Xlẽ Lododowo 7:8, 9.) Etɔ̃lia, esi wòkpɔ nyɔnua la, metrɔ vae to mɔ bubu o. Ke boŋ elɔ̃ nyɔnua gbugbɔ nu nɛ eye wònɔ to ɖom esime nyɔnua nɔ nu ƒom tso ŋutifafavɔ siwo wòsa ŋu. Anɔ eme be nyɔnua gblɔ nya mawo be yeatsɔ aflui wòasusu be ame nyui aɖee yenye. (Xlẽ Lododowo 7:13, 14, 21.) Ne ɖe ɖekakpuia meɖe afɔ gbegblẽ mawo o la, anye ne eƒo asa na tetekpɔ siwo kplɔe de nu vɔ̃ gã ma me.
10. Aleke wòadzɔe be ame nawɔ vodada siwo tɔgbi ɖekakpuia wɔ?
10 Ŋutinya sia na míekpɔ nu si ate ŋu adzɔ ɖe Yehowa subɔla ɖe sia ɖe dzi bɔbɔe. Ne mele ŋudzɔ o la, ate ŋu adze nu vɔ̃ gã me eye emegbe wòasusu be ɖeko wòdzɔ le vo me. Ðewohĩ agblɔ be, “Ðe wòɖi ɖem; nyemenya ale si wòdzɔe o.” Gake ne ebu nu si dzɔ ŋu nyuie la, anɔ eme be ade dzesii be yeɖe afɔ gbegblẽ aɖewo siwo kplɔ ye de nu vɔ̃ ma me. Ate ŋu anye be enɔ ha vɔ̃wo dem, etsɔa nu gbegblẽwo ɖea modzakae, eyia teƒe siwo mesɔ o alo eʋua internet dzi nyatakakadzraɖoƒe gbegblẽwo. Ðewohĩ megadoa gbe ɖa, xlẽa Biblia, dea kpekpeawo alo gbeadzi o. Abe ɖekakpui si le Lododowo ƒe agbalẽa me ene la, afɔ siwo eya ŋutɔ ɖe ye kplɔe de nu vɔ̃ me, ke menye ɖe wòɖi ɖee o.
11. Nu kae wòle be míaƒo asa na be míagawɔ nu vɔ̃ o?
11 Nufiame kae le esia me na mí? Ele be míanɔ ŋudzɔ, menye ɖe nu vɔ̃ ko ŋu o, ke ɖe afɔɖeɖe siwo ate ŋu akplɔ mí ade nu vɔ̃ me hã ŋu. Esia dzie Salomo he susu yi esi wòƒo nu tso ɖekakpuia kple nyɔnu ahasitɔa ŋu vɔ megbe. Exlɔ̃ nu mí tso nyɔnua ŋu be: “Mègatra yi eƒe toƒewo o.” (Lod. 7:25) Egblɔ hã be: “Te ɖokuiwò ɖa xaa tso nyɔnu sia tɔgbi gbɔ; eye mègagogo eƒe agbo nu o.” (Lod. 5:3, 8) Be míagadze nu vɔ̃ me o la, ele be míate mía ɖokui ɖa xaa tso nu siwo akplɔ mí ade nu vɔ̃ me la gbɔ.b Esia fia be ne Biblia mede se ɖe nane ŋu na mí o, gake míekpɔe be nu ma ate ŋu akplɔ mí ade nu vɔ̃ me la, ke ele be míaƒo asa nɛ.—Mat. 5:29, 30.
12. Nu kae Hiob ɖo kplikpaa wɔ, eye aleke esia kpe ɖe eŋu wòƒo asa na nu vɔ̃? (Hiob 31:1)
12 Ele vevie be míaɖoe kplikpaa anɔ ŋudzɔ ɖe nu siwo ate ŋu akplɔ mí ade nu vɔ̃ mea ŋu. Nu ma tututue Hiob wɔ. ‘Ebla nu kple eƒe ŋkuwo’ kple susu be yemanɔ ŋku lém ɖe nyɔnu bubuwo ŋu madzemadzee o. (Xlẽ Hiob 31:1.) Esiae kpe ɖe Hiob ŋu wòte ɖa xaa tso ahasiwɔwɔ gbɔ. Míawo hã míate ŋu aɖoe kplikpaa be míaƒo asa na nu sia nu si ate ŋu akplɔ mí ade tetekpɔ me.
13. Nu ka tae wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖe nu siwo ŋu míebuna ŋu? (Kpɔ fotoawo hã.)
13 Ele vevie hã be míakpɔ nyuie le nu siwo ŋu míebuna ŋu. (2 Mose 20:17) Ame aɖewo susuna be ame ate ŋu abu dzodzro vɔ̃wo ŋu faa eye ne menya wɔ ɖe edzi o koa, naneke megblẽ le eŋu o. Gake alakpae. Ne ame aɖe yi edzi le dzodzro vɔ̃wo ŋu bum la, ana dzodzro ma nu nagasẽ ɖe edzi. Ne míagblɔe la, ele mɔ̃ trem na eɖokui si ana wòadze tetekpɔ me bɔbɔe. Ele eme be dzodzro vɔ̃wo ate ŋu ava susu me na ame ɣeaɖewoɣi ya. Ne edzɔ alea, nu si le vevie ye nye be míaɖee ɖa enumake eye míabu nu siwo sɔ ŋu. Ne míewɔe alea, mímaɖe mɔ dzodzro vɔ̃wo nu nasẽ ɖe edzi eye wòakplɔ mí ade nu vɔ̃ gãwo wɔwɔ me o.—Flp. 4:8; Kol. 3:2; Yak. 1:13-15.
Ele vevie be míaƒo asa na nu sia nu si ate ŋu akplɔ mí ade tetekpɔ me (Kpɔ memama 13)
14. Nu bubu kae akpe ɖe mía ŋu be míagadze tetekpɔ me o?
14 Nu bubu kae wòle be míawɔ be míagadze tetekpɔ me o? Ele be míaka ɖe edzi bliboe be Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ ɖea vi na mí ɣesiaɣi. Ate ŋu asesẽ ɣeaɖewoɣi be míana míaƒe nuŋububu kple dzimedidiwo nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Gake ne míedze agbagba wɔ esia la, míaƒe dzi adze eme ŋutɔ.
15. Ne nu nyuiwo xɔ susu me na mí la, aleke wòakpe ɖe mía ŋu?
15 Ele vevie be míana nu siwo sɔ naxɔ susu me na mí. Ne míesrɔ̃ ale si ‘míalé fu vɔ̃ eye míalɔ̃ nyui’ la, ana míagaɖoe kplikpaa wu be míawɔ nu si sɔ eye míaƒo asa na nu siwo ate ŋu akplɔ mí ade nu vɔ̃ me. (Amos 5:15) Ne nu nyuiwo xɔ susu me na mí la, ado ŋusẽ mí míanɔ te sesĩe ne tetekpɔ aɖe va mía dzi le vo me gɔ̃ hã.
16. Aleke nu siwo ate mí ɖe Yehowa ŋu wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋudzɔ? (Kpɔ fotoawo hã.)
16 Aleke míawɔ be nu siwo sɔ naxɔ susu me na mí? Ele be míaƒo mía ɖokui ɖe nu siwo ana mía kple Yehowa dome nanɔ nyuie la wɔwɔ me. Ne míele Kristotɔwo ƒe kpekpe alo gbeadzi la, asesẽ be tetekpɔwo naɖu mía dzi. Nu siawoe doa ŋusẽ mí be míayi edzi awɔ nu siwo adze Yehowa ŋu. (Mat. 28:19, 20; Heb. 10:24, 25) Nu bubu si agana míalɔ̃ nyui eye míalé fu vɔ̃ ɖe edzie nye be míanɔ Mawu ƒe Nyaa xlẽm anɔ esrɔ̃m memie, eye míanɔ ŋugble dem le eŋu. (Yos. 1:8; Ps. 1:2, 3; 119:97, 101) Ðo ŋku edzi be Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be: “Minɔ gbedodoɖa dzi be miagadze tetekpɔ me o.” (Mat. 26:41) Ne míedia ɣeyiɣi doa gbe ɖa na mía Fofo si le dziƒo la, eya hã akpe ɖe mía ŋu ahado ŋusẽ mí be míaɖoe kplikpaa awɔ nu si adze ye ŋu.—Yak. 4:8.
Ne míewɔa nu siwo ate mí ɖe Yehowa ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míaɖu tetekpɔwo dzi (Kpɔ memama 16)c
YI EDZI NÀNƆ ŊUDZƆ
17. Gbɔdzɔgbɔdzɔ kae ɖe fu na Petro zi geɖe?
17 Ðewohĩ anya wɔ be míaɖu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo dzi keŋkeŋ. Gake ɖewo ya, míawɔ avu kpli wo ɣeyiɣi didi. Bu nu si dzɔ ɖe apostolo Petro dzi ŋu kpɔ. Amegbetɔvɔvɔ̃ na wògbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ. (Mat. 26:69-75) Emegbe esi Petro ɖi ɖase dzinɔameƒotɔe le Sanhedrin la ŋkumea, edze abe ɖe wòɖu vɔvɔ̃ ma dzi ene. (Dɔw. 5:27-29) Gake le ƒe aɖewo megbea, edzudzɔ nuɖuɖu kple Dukɔwo me tɔ siwo va zu Kristotɔwo “le vɔvɔ̃ na aʋatsotsotɔwo ta.” (Gal. 2:11, 12) Amegbetɔvɔvɔ̃ si nɔ Petro mea, gado mo ɖa ake. Ðewohĩ mete ŋu ɖu esia dzi keŋkeŋ o.
18. Nu kae ate ŋu adzɔ ne míesusui be míeɖu numame gbegblẽ aɖe dzi gɔ̃ hã?
18 Esia tɔgbi ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi. Le mɔ ka nu? Gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe si dzi míesusu be míeɖu ate ŋu agado mo ɖa ake. Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Medzudzɔ amamaɖeɖenuwo kpɔkpɔ ƒe ewo sɔŋ, eye meka ɖe edzi na ɖokuinye be nye kuxia nu yi. Gake ɖeko numamea de xa ɖe menye nɔ lalam be mɔnukpɔkpɔa naʋu ɖi ne yeagado mo ɖa ake.” Dzidzɔnyae nye be, nɔviŋutsua mena ta o. Eva kpɔe be ehiã be yeayi edzi anɔ avu wɔm kple numame gbegblẽ ma gbe sia gbe, ɖewohĩ le yeƒe agbe me katã le nuɖoanyi sia me. Srɔ̃a kple hamemetsitsiwo kpe ɖe eŋu wògaɖe afɔ vevi siwo ana wòaƒo asa na amamaɖeɖenuwo kpɔkpɔ.
19. Aleke míate ŋu awɔ avu kple gbɔdzɔgbɔdzɔ si ɖea fu na mí enuenu?
19 Aleke míawɔ avu kple gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe si ɖea fu na mí enuenu ale be wòagakplɔ mí ade nu vɔ̃ me o? Eyae nye be míawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Minɔ ŋudzɔ.” Le ɣeyiɣi siwo me nèsusu be yele ŋute gɔ̃ hã, yi edzi nàƒo asa na nɔnɔme siwo ate ŋu akplɔ wò ade tetekpɔ me. (1 Kor. 10:12) Mègadzudzɔ nu siwo le kpekpem ɖe ŋuwò nète ŋu le avu wɔm kple gbɔdzɔgbɔdzɔa wɔwɔ o. Lododowo 28:14 gblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye ame si nɔa ŋudzɔ ɣeawokatãɣi.”—2 Pet. 3:14.
AÐE VI NA WÒ NE ÈYI EDZI LE ŊUDZƆ
20-21. (a) Viɖe kawoe míakpɔ ne míeyi edzi le ŋudzɔ ɖe tetekpɔwo ŋu? (b) Ne míewɔ míaƒe akpa dzi la, nu kae Yehowa hã awɔ na mí? (2 Korintotɔwo 4:7)
20 Míate ŋu aka ɖe edzi be ne míeyi edzi le ŋudzɔ ɖe tetekpɔwo ŋu la, aɖe vi na mí. Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo dzi wɔwɔe ana míakpɔ dzidzɔ geɖe wu le agbe me, ke menye “nu vɔ̃ ƒe vivi si nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko” ye o. (Heb. 11:25; Ps. 19:8) Elabe Yehowa wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu ale be míate ŋu anɔ agbe wòadze eŋu. (1 Mose 1:27) Ne míewɔe alea la, dzitsinya nyui asu mía si eye míava anɔ agbe tegbee.—1 Tim. 6:12; 2 Tim. 1:3; Yuda 20, 21.
21 Nyateƒee, ‘ŋutilãa gbɔdzɔ.’ Gake esia mefia be wɔna aɖeke mele mía ŋu o. Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeana ŋusẽ si míehiã la mí. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 4:7.) De dzesii be ŋusẽ si Mawu nana la nye esi gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu. Gake ele be míawo ŋutɔwo hã míado ŋusẽ nu gbe sia gbe be míaɖu tetekpɔwo dzi. Ne míewɔ míaƒe akpa dzi la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa hã aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu eye wòana ŋusẽ geɖe wu mí. (1 Korintotɔwo 10:13) Ɛ̃, Yehowa akpe ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ ɖe tetekpɔwo ŋu ɣeawokatãɣi.
HADZIDZI 47 Do Gbe Ða Na Yehowa Gbe Sia Gbe
a NYAMEÐEÐE: Esi Yesu gblɔ be “gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m” le Mateo 26:41 la, nu si wòwɔnɛ ye nye didi si le mía me be míawɔ nu si sɔ. Esi wògblɔ be “ŋutilã ya gbɔdzɔ” la, enɔ susu hem yi ale si míenye nu vɔ̃ mewo eye míede blibo o dzi. Eya ta ne míedi vevie be míawɔ nu nyui hãa, ne míekpɔ nyuie o la, míate ŋu adze tetekpɔ me awɔ nu si Biblia gblɔ be enye nu vɔ̃.
b Ame si wɔ nu vɔ̃ gã ate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu tso Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa, nusɔsrɔ̃ 57 ƒe numedzodzro 1-3 me, kple nyati si nye “Wò Ŋkuwo Nekpɔ Ŋgɔ Tẽe” si le November 2020 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 27-29, memama 12-17.
c NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe le ŋɔŋlɔawo me dzrom le ŋdi me, ele Biblia xlẽm le ŋdɔnuɖuɣi, eye wòde kwasiɖa domedome kpekpe le fiẽ me.