INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w24 August axa 14-19
  • Ale Si Yehowa Di Be Hamea Nawɔ Nu Ðe Ame Siwo Wɔ Nu Vɔ̃ Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Yehowa Di Be Hamea Nawɔ Nu Ðe Ame Siwo Wɔ Nu Vɔ̃ Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ALE SI WOKPƆ NU GBEGBLẼ WƆWƆ AÐE GBƆ LE BLEMA
  • ALE SI WÒLE BE HAMEA NAWƆ NU ÐE NU VƆ̃ WƆLA SI TRƆ DZI ME LA ŊU
  • ALE SI MÍATE ŊU ASRƆ̃ YEHOWA ƑE DZƆDZƆENYENYE KPLE NUBLANUIKPƆKPƆ
  • Ale Si Hamemetsitsiwo Akpe Ðe Ame Siwo Woɖe Le Haa Me Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Ale Si Hamemetsitsiwo Ðea Lɔlɔ̃ Kple Nublanuikpɔkpɔ Fiaa Ame Si Wɔ Nu Vɔ̃
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Wò Nyametsotsowo Neɖee Fia Be Èɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Ale Si Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Le Vi Ðem Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
w24 August axa 14-19

NUSƆSRƆ̃NYATI 33

HADZIDZI 130 Lɔ̃ Tsɔtsɔke

Ale Si Yehowa Di Be Hamea Nawɔ Nu Ðe Ame Siwo Wɔ Nu Vɔ̃ Ŋu

“Ne edzɔ be ame aɖe wɔ nu vɔ̃ la, kpeɖeŋutɔ le mía si.”—1 YOH. 2:1.

TAÐODZINUA

Nyati sia ana míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso ale si wokpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe nya aɖe gbɔ le blema Korinto hamea me la me.

1. Nu kae Yehowa di be amewo katã nawɔ?

YEHOWA na ablɔɖe mí katã be míatia nu si míedi be míawɔ. Míewɔa ablɔɖe sia ŋu dɔ tsoa nya me gbe sia gbe. Nyametsotso vevitɔe nye be míatsɔ mía ɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa ava zu eƒe ƒomea me tɔwo. Yehowa di be ame sia ame nawɔe nenema. Nu ka tae? Elabe elɔ̃ amewo eye wòdi be eme nanyo na wo. Edi be woazu ye xɔlɔ̃wo eye woanɔ agbe tegbee.—5 Mose 30:​19, 20; Gal. 6:​7, 8.

2. Nu kae Yehowa kpɔa mɔ be nu vɔ̃ wɔla siwo metrɔ dzi me o la nawɔ? (1 Yohanes 2:1)

2 Ke hã, Yehowa mezia ame aɖeke dzi be wòasubɔ ye o. Eɖea mɔ na ame sia ame be wòatia nu si wòawɔ. Ke ne Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya ɖe? Ne metrɔ dzi me o la, ele be woaɖee le hamea me. (1 Kor. 5:13) Gake ne edzɔ alea hã la, Yehowa kpɔa mɔ vevie be amea natrɔ dzi me eye wòatrɔ agbɔ. Le nyateƒe me la, susu vevi aɖe si ta Yehowa na tafea ɖoe nye be wòanɔ te ɖe edzi atsɔ ake nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me. (Xlẽ 1 Yohanes 2:1.) Ɛ̃, mía Mawu lɔ̃ame la le dzi dem ƒo na ame siwo wɔ nu vɔ̃ be woatrɔ dzi me.—Zak. 1:3; Rom. 2:4; Yak. 4:8.

3. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Yehowa na míenya ale si yebua nu vɔ̃ gã kple ame siwo wɔa woe, eye wòdi be míaƒe susu nasɔ kple ye tɔ. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ: (1) ale si wokpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe nya aɖe gbɔ le blema Korinto hamea me, (2) mɔfiame si apostolo Paulo na esi ame si wɔ nu vɔ̃ la trɔ dzi me, eye (3) nu si Biblia me ŋutinya sia fia mí tso ale si Yehowa bua Kristotɔ siwo wɔ nu vɔ̃ gã la ŋu.

ALE SI WOKPƆ NU GBEGBLẼ WƆWƆ AÐE GBƆ LE BLEMA

4. Nɔnɔme kae do mo ɖa le blema Korinto hamea me? (1 Korintotɔwo 5:​1, 2)

4 Xlẽ 1 Korintotɔwo 5:​1, 2. Le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ etɔ̃lia me la, ese be ŋukpenanu aɖe nɔ edzi yim le hame yeye si woɖo ɖe Korinto la me si ɖe fu ŋutɔ. Nɔviŋutsu aɖe nɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔm kple fofoa srɔ̃. Nɔvia ƒe nuwɔna nyɔ ŋu ŋutɔ; nu sia tɔgbi medzɔna le “dukɔwo kura gɔ̃ hã dome o”! Hamea ɖe mɔ ɖe nuwɔna sia ŋu eye wona nɔvi ma gakpɔtɔ le hamea me. Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo susu be yewole nublanui kpɔm na nɔvia abe ale si Yehowa kpɔa nublanui na amegbetɔ madeblibowo ene. Gake Yehowa medaa asi ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ dzi le eƒe amewo dome kura o. Ðikeke mele eme o be, ŋutsua ƒe ŋukpenanuwɔna ma gblẽ ŋkɔ nyui si le hamea ŋu. Eye anya nɔ ŋusẽ gbegblẽ kpɔm ɖe nɔvi siwo dea ha kplii dzi. Ke aɖaŋu kae Paulo ɖo na hamea?

5. Aɖaŋu kae Paulo ɖo na hamea, eye nu kae eƒe nyaa fia? (1 Korintotɔwo 5:13) (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

5 Xlẽ 1 Korintotɔwo 5:13. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ lɛta na hamea eye wògblɔ na wo be woaɖe nu vɔ̃ wɔla matrɔdzime la le hamea me. Aleke wòle be hamea me tɔwo nawɔ nu ɖe amea ŋu? Paulo gblɔ na wo be ‘woadzudzɔ hadede kplii.’ Egblɔ kpee be ‘woagaɖu nu gɔ̃ hã kple nenem me sia o.’ (1 Kor. 5:11) Nu ka tae? Elabe nuɖuɖu kple amea ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be woava nɔ ha dem kplii. Aleke mɔfiame sia dzi wɔwɔ aɖe vi na hamea? Akpɔ hamea ta. (1 Kor. 5:​5-7) Azɔ hã, ne nɔviawo dzudzɔ hadede kplii la, ate ŋu ana wòakpɔ ale si gbegbe eƒe nuwɔna te ɖe Yehowa dzii, eye esia ate ŋu aʋãe wòase veve ɖe eƒe nu vɔ̃a ta eye wòatrɔ dzi me.

Apostolo Paulo le nu ŋlɔm ɖe agbalẽxatsaxatsa dzi.

Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ lɛta na hamea hefia mɔ wo be woaɖe nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimea ɖa le haa me (Kpɔ memama 5)


6. Aleke hamea wɔ nu ɖe Paulo ƒe lɛtaa ŋu, eye ŋusẽ kae esia kpɔ ɖe nu gbegblẽ wɔlaa dzi?

6 Esi Paulo ɖo eƒe lɛtaa ɖe Korinto hamea vɔ megbe la, etsi dzi vie elabe menya ale si woawɔ nu ɖe emenyawo ŋu o. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Tito va na wònya be nɔviawo xɔ lɛtaa nyuie. Esia na dzi dzɔ Paulo ŋutɔ. (2 Kor. 7:​6, 7) Woɖe nu vɔ̃ wɔlaa le hamea me. Azɔ hã, ɣleti aɖewo megbe tso esime Paulo ɖo lɛtaa ɖa vɔ la, ŋutsua va trɔ dzi me! Etrɔ eƒe nuwɔna kple nɔnɔme eye wòva le agbe nɔm ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu. (2 Kor. 7:​8-11) Mɔfiame kae Paulo ana hamea azɔ?

ALE SI WÒLE BE HAMEA NAWƆ NU ÐE NU VƆ̃ WƆLA SI TRƆ DZI ME LA ŊU

7. Esi woɖe nu vɔ̃ wɔlaa le hamea me la, nu nyui kae do tso eme? (2 Korintotɔwo 2:​5-8)

7 Xlẽ 2 Korintotɔwo 2:​5-8. Paulo gblɔ be ‘tohehe si wo dometɔ akpa gãtɔ na ŋutsua la sɔ gbɔ nɛ.’ Esia fia be tohehea ɖo eƒe taɖodzinu gbɔ, si nye be wòakpe ɖe ŋutsua ŋu wòatrɔ dzi me.—Heb. 12:11.

8. Nu kae Paulo gblɔ be hamea nawɔ azɔ?

8 Esi ŋutsua trɔ dzi me ta la, Paulo ɖo aɖaŋu be woatrɔ axɔe ɖe hamea me. Gake menye ema koe o. Eɖo aɖaŋu na wo hã be, “mitsɔe kee faa, eye mifa akɔ nɛ,” eye “miɖee fiae be mielɔ̃e.” Paulo di be woato woƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo me aɖee afia ŋutsu si trɔ dzi me la be yewotsɔe kee ŋutɔŋutɔ eye yewolɔ̃e. Esia ana wòaka ɖe edzi be wokpɔ dzidzɔ be yetrɔ gbɔ va hamea me.

9. Nu ka tae wòanya sesẽ na nɔvi aɖewo be woatsɔ ake nɔvi si trɔ dzi me la?

9 Anya sesẽ na nɔvi aɖewo le hamea me be woaɖe lɔlɔ̃ afia ŋutsu si wotrɔ xɔ ɖe haa me. Nu ka tae míegblɔe nenema? Nya lae nye be eƒe nuwɔnaa gblẽ nu le hame bliboa ŋu eye ɖewohĩ ehe vlodoame va ame ɖekaɖeka aɖewo dzi. Azɔ hã, hamea me tɔwo kua kutri vevie nɔa agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu, eya ta wo dometɔ aɖewo anya susu be mesɔ be woxɔ ŋutsu si wɔ nu vɔ̃ gã ma gbegbe ɖe hamea me o. (Tsɔe sɔ kple Luka 15:​28-30.) Gake nu ka tae wòle vevie be woaɖee afia nɔvi si wotrɔ xɔ ɖe hamea me la be yewolɔ̃e?

10-11. Nu kae ate ŋu adzɔ ne hamemetsitsiwo gbe be yewomatsɔ ake nu vɔ̃ wɔla si trɔ dzi me la o?

10 Aleke ŋutsua ase le eɖokui me ne etrɔ dzi me vavã, gake hamemetsitsiwo mexɔe ɖe hamea me o? Eye aleke wòase le eɖokui me ne woxɔe ɖe hamea me, gake nɔviawo meɖe lɔlɔ̃ fiae o? Paulo gblɔ be ate ŋu ‘axa nu vevie’ ahasusui be Yehowa mate ŋu atsɔ ake ye o. Eye esia ate ŋu ana wòase le eɖokui me be megahiã be yeayi edzi awɔ nu siwo ana yeƒe nu nadze Mawu ŋu o.

11 Ne hamea me tɔwo gbe be yewomatsɔ ake ŋutsu si trɔ dzi me la o la, esia agblẽ nu le ƒomedodo si le woawo ŋutɔ kple Yehowa dome ŋu. Nu ka tae? Elabe woƒe nuwɔna aɖee afia be womele Yehowa si tsɔna kena faa la srɔ̃m o, ke boŋ wole Satana si mekpɔa nublanui na ame o la srɔ̃m. Esia ana wòanɔ bɔbɔe be Abosam nazã wo atsɔ aɖe dzi le ŋutsua ƒo be wòagasubɔ Yehowa o.—2 Kor. 2:​10, 11; Ef. 4:27.

12. Aleke hamea ate ŋu asrɔ̃ Yehowa?

12 Aleke hame si nɔ Korinto ate ŋu asrɔ̃ Yehowa, ke menye Satana o? Eyae nye be woawɔ nu ɖe nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me ŋu abe ale si Yehowa wɔnɛ ene. De dzesi nya si Biblia ŋlɔla aɖewo gblɔ tso Yehowa ŋu. David gblɔ be: “Yehowa, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke.” (Ps. 86:5) Mika gblɔ be: “Mawu kae le abe wò ene, wò ame si tsɔa vodada kena?” (Mika 7:18) Yesaya hã gblɔ be: “Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye vɔ̃wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu; netrɔ ɖe Yehowa ame si akpɔ nublanui nɛ la ŋu, netrɔ ɖe mía Mawu la ŋu, elabena atsɔ ake geɖe.”—Yes. 55:7.

13. Nu ka tae mele be woalala ʋuu hafi atrɔ axɔ ŋutsu si trɔ dzi me la ɖe hamea me o? (Kpɔ aɖaka si nye “Ɣekaɣie Wogbugbɔ Xɔ Ŋutsu Si Nɔ Korinto La Ðe Hamea Me?”)

13 Be hame si nɔ Korinto nasrɔ̃ Yehowa la, ele be woaxɔ ŋutsu si trɔ dzi me la alɔeve eye woaɖee afiae be yewolɔ̃e. Paulo gblɔ be ne wowɔe nenema la, aɖee afia be ‘woɖoa to le nuwo katã me.’ (2 Kor. 2:9) Togbɔ be ɣleti ʋɛ aɖewo koe woɖe ŋutsua le haa me hã la, tohehea kpe ɖe eŋu wòtrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ. Eya ta susu aɖeke meli si ta woalala ʋuu hafi atrɔ axɔe ɖe haa me o.

Ɣekaɣie Wogbugbɔ Xɔ Ŋutsu Si Nɔ Korinto La Ðe Hamea Me?

Edze abe esi woɖe ŋutsu si ŋu nya wogblɔ le 1 Korintotɔwo ta 5 lia le hamea me la, eteƒe medidi hafi wogbugbɔ xɔe o ene. Susu kawo tae míeƒo nya ta alea?

Bu ɣeyiɣi si Paulo ŋlɔ lɛta eveawo na Korintotɔwo ŋu kpɔ. Anɔ eme be eŋlɔ gbãtɔ le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ etɔ̃lia me, ɖewohĩ le ƒe 55 K.Ŋ. ƒe gɔmedzedze lɔƒo. Eye edze abe eŋlɔ evelia emegbe le ƒe ma ke me ene, ɖewohĩ le ƒe 55 K.Ŋ. ƒe dzomeŋɔli alo kele me lɔƒo.

Míede dzesii hã be le Paulo ƒe lɛta gbãtɔ me la, efia mɔ nɔviawo be woadzɔ nu atsɔ akpe ɖe Kristotɔ siwo nɔ Yudea siwo nɔ fu kpem vevie le dɔtoto ta la ŋu. Emegbe eɖo aɖaŋu na wo le lɛta evelia me be woaɖo nudzɔdzɔawo ɖe Yudea kaba. Esi wònye nudzɔdzɔ mawo hiã kpata ta la, anɔ eme be Paulo melala ɣeyiɣi didi hafi ŋlɔ lɛta evelia o.—1 Kor. 16:1; 2 Kor. 9:5.

Susu bubu aɖe hã tae Paulo ŋlɔ agbalẽ evelia ɖo ɖe nɔviawo kaba ɖo. Ese be ŋutsua trɔ dzi me. Le ɣeyiɣi mawo me la, exɔa ɣeyiɣi didi hafi lɛta naka ame si woŋlɔe na la si. Eya ta anɔ eme be Paulo ŋlɔ lɛta evelia kaba tsɔ fia mɔ hamea tso nu si woawɔ ŋu.

Kristotɔ siwo nɔ Korinto hamea me la tsɔ dzidzɔ le wòezɔ dom na ŋutsu si wogbugbɔ xɔ ɖe hamea me.

Eya ta susu le eme be míaƒo nya ta be esi woɖe ŋutsua le haa me la, ɣeyiɣi kpui aɖe, ɖewohĩ ɣleti ʋɛ aɖewo megbe koe Paulo de dzi ƒo na hamea be woagbugbɔ axɔe.

ALE SI MÍATE ŊU ASRƆ̃ YEHOWA ƑE DZƆDZƆENYENYE KPLE NUBLANUIKPƆKPƆ

14-15. Nu kae míesrɔ̃ tso ale si wokpɔ nyaa gbɔ le blema Korinto la me? (2 Petro 3:9) (Kpɔ fotoa hã.)

14 Woŋlɔ nu si dzɔ le blema Korinto kple ale si wokpɔ nyaa gbɔe la ɖe Biblia me “be woatsɔ afia nu mí.” (Rom. 15:4) Nudzɔdzɔ ma fia mí be Yehowa meda asi ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ dzi le eƒe amewo dome o. Ame aɖewo susuna be esi Yehowa kpɔa nublanui ta la, aɖe mɔ be nu vɔ̃ wɔla si metrɔ dzi me o la nakpɔtɔ anɔ hamea me faa. Gake Yehowa meda asi ɖe susu ma dzi kura o. Yehowa kpɔa nublanui, gake meɖea mɔ ɖe nuwɔna ɖe sia ɖe ko ŋu o; eye eƒe dzidzenuwo metrɔna o. (Yuda 4) Ne Yehowa ɖe mɔ nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo kpɔtɔ le haa me la, esia manye nublanuikpɔkpɔ o elabe agblẽ nu le hamea me tɔwo katã ŋu.—Lod. 13:20; 1 Kor. 15:33.

15 Míesrɔ̃e hã be Yehowa medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be woatrɔ dzi me ne yeaxɔ wo ɖe agbe. Mawu kpɔa nublanui na ame siwo trɔ dzi me ŋutɔŋutɔ eye wodi be yewoaganye exɔlɔ̃wo. (Eze. 33:11; xlẽ 2 Petro 3:9.) Eya ta esi ŋutsu si nɔ Korinto trɔ dzi me eye wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ la, Yehowa na Paulo ɖo aɖaŋu na hamea be woatsɔ akee eye woatrɔ axɔe ɖe haa me.

Nɔvinyɔnu aɖe le atuu wɔm na nɔvinyɔnu si wogbugbɔ xɔ ɖe hamea me le Fiaɖuƒe Akpata me. Nɔvi bubuwo hã le afi ma le dzidzɔ kpɔm.

Míesrɔ̃a Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ eye míexɔa ame siwo wogbugbɔ xɔ ɖe hamea me la alɔeve (Kpɔ memama 14-15)


16. Aleke ale si wokpɔ nyaa gbɔ le Korinto la na nèse le ɖokuiwò me tso Yehowa ŋu?

16 Ale si wokpɔ nya si do mo ɖa le Korinto hamea me gbɔe la me dzodzro na míekpɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃, eƒe dzɔdzɔenyenye kple ale si wòdrɔ̃a nya dzɔdzɔe. (Ps. 33:5) Eye esia nana míedina be míagakafui geɖe wu. Míedaa akpe be Yehowa kpɔa nublanui, elabe mía dometɔ ɖe sia ɖe wɔa nu vɔ̃ eye míehiã eƒe tsɔtsɔke. Míedaa akpe na Yehowa be wòna tafe si dzi wòanɔ te ɖo atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. Ðe mefaa akɔ na mí ŋutɔ be míanyae be Yehowa lɔ̃ eƒe amewo vevie eye wòdi be eme nanyo na wo oa?

17. Nu ka mee míadzro le nyati siwo kplɔ esia ɖo me?

17 Ke ne hamea me tɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya egbea ya ɖe? Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ akpe ɖe amea ŋu be wòatrɔ dzi me? Aleke wòle be hamea me tɔwo nawɔ nui ne hamemetsitsiwo tso nya me be yewoaɖe ame aɖe le haa me alo atrɔ axɔe? Míadzro biabia siawo me le nyati siwo kplɔ esia ɖo me.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Nu kae Yehowa di be amewo katã nawɔ?

  • Nu kae Paulo gblɔ na hame si nɔ Korinto be woawɔ na ŋutsu si metrɔ dzi me o?

  • Esi ŋutsua trɔ dzi me la, nu kae Paulo gblɔ na hame si nɔ Korinto be woawɔ?

HADZIDZI 109 Milɔ̃ Mia Nɔewo Vevie Tso Dzi Me Ke

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe