TE ESIA KPƆ
Srɔ̃ Nu Geɖe Tso Foto Kple Nɔnɔmetataawo Me
Foto kple nɔnɔmetata geɖe siwo me nufiame veviwo le la le míaƒe agbalẽwo me. Nu kae nàwɔ be woaɖe vi na wò bliboe?
Lé ŋku ɖe foto kple nɔnɔmetatawo ŋu nyuie hafi nàxlẽ nyatia. Esia ana nyatia xexlẽ nadzro wò vevie eye nàdi be yeanya nu si ŋu wòku ɖo. Ne míekpɔ nuɖuɖu nyui aɖe si wotsɔ ɖo kplɔe la, edzroa mí míenɔa ta mim. Nenema kee ne èkpɔ foto siwo le nyatia me gbã la, àdi vevie be yeaxlẽe. Eya ta hafi nàxlẽ nyati aɖe la, bia ɖokuiwò be: ‘Nu kawoe le edzi yim le fotoa me?’—Amos 7:7, 8.
Esi nèle nyatia xlẽm la, bu nu si tae woda foto ma ɖe afi ma ŋu. Zi geɖea, woŋlɔa nya aɖewo kpena ɖe fotoa ŋu alo nu si le edzi yim le eme. Xlẽ wo. De ŋugble le ale si fotoa ka nyatiae ŋu, eye nàkpɔ ale si nàte ŋu awɔ nufiame si le eme ŋu dɔ le agbe me.
Ne èxlẽ nyatia vɔ la, zã fotoawo nàtsɔ adzro nya veviawo me. Eyome mía ŋku nàdze agbagba aɖo ŋku fotoawo kple nufiame si le wo dometɔ ɖe sia ɖe me la dzi.
Ðe manyo be nàlé ŋku ɖe foto siwo le magazine sia me ŋu ake eye nàdze agbagba aɖo ŋku nufiame siwo le wo me la dzi oa?