INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 May axa 2-7
  • Srɔ̃ Mawudɔla Wɔnuteƒewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Srɔ̃ Mawudɔla Wɔnuteƒewo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • MAWUDƆLAWO BƆBƆA WO ÐOKUI
  • MAWUDƆLAWO LƆ̃ AMEWO
  • MAWUDƆLAWO LE DZI DOM
  • MAWUDƆLAWO WƆA AKPA VEVI AÐE BE HAMEA NANƆ DZADZƐ
  • Mawudɔlawo—‘Wonye Gbɔgbɔwo Hena Dutoƒo Subɔsubɔdɔ Wɔwɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Ame Kawo Alo Nu Kawoe Nye Mawudɔlawo?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Alesi Mawudɔlawo Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Mawudɔlawo Nusi Woate Ŋu Awɔ na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 May axa 2-7

NUSƆSRƆ̃NYATI 19

HADZIDZI 6 Dziƒowo Le Mawu Ƒe Ŋutikɔkɔe Ðem Fia

Srɔ̃ Mawudɔla Wɔnuteƒewo

“Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo.”—PS. 103:20.

TAÐODZINUA

Le nyati sia mea, míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso mawudɔla wɔnuteƒewo gbɔ.

1-2. (a) Nu kawo mee míeto vovo na mawudɔlawo le? (b) Nu kawo mee mía kple mawudɔlawo míesɔ le?

ESI Yehowa he wò va nyateƒea me la, ena nèva wɔ ɖeka kple esubɔla gbogbo siwo dome lɔlɔ̃ le, eye mawudɔla miliɔn geɖe hã le ƒome sia me. (Dan. 7:​9, 10) Ne míaƒe susu yi mawudɔlawo dzi la, míebua ale si gbegbe woto vovo na míi ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wowɔ mawudɔlawo xoxoxo hafi va wɔ amegbetɔwo. (Hiob 38:​4, 7) Ŋusẽ le wo ŋu sãsãsã wu amegbetɔwo. Wole kɔkɔe hele dzɔdzɔe wu mí, elabena wode blibo, gake míawo ya míede blibo o.—Luka 9:26.

2 Togbɔ be mawudɔlawo to vovo na mí alea hã la, mía kpli wo míesɔ le nanewo me. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo, abe mawudɔlawo ke ene. Tiatiawɔblɔɖe le mía si, abe ale si wòle mawudɔlawo si ene. Ŋkɔ le mawudɔlawo si, woƒe nɔnɔmewo le vovovo eye dɔdeasi vovovowo hãe le wo si. Nenemae wòle le míawo hã gome. Didia le mí amegbetɔwo me be míasubɔ mía Wɔla la, eye nenema kee wòle le mawudɔlawo hã gome.—1 Pet. 1:12.

3. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso mawudɔla wɔnuteƒewo gbɔ?

3 Esi mía kple mawudɔlawo sɔ le nu geɖe me ta la, woƒe kpɔɖeŋu nyuiawo ate ŋu ade dzi ƒo na mí eye míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso wo gbɔ. Le nyati sia me la, míakpɔ ale si míate ŋu asrɔ̃ mawudɔla wɔnuteƒewo ƒe ɖokuibɔbɔ, ale si wolɔ̃a ame, woƒe dzidodo kple ale si wodzea agbagba be yewoana hamea nanɔ dzadzɛ.

MAWUDƆLAWO BƆBƆA WO ÐOKUI

4. (a) Nu kae ɖee fia be mawudɔlawo bɔbɔa wo ɖokui? (b) Nu ka tae mawudɔlawo bɔbɔa wo ɖokui? (Psalmo 89:7)

4 Mawudɔla wɔnuteƒewo bɔbɔa wo ɖokui. Togbɔ be nuteƒekpɔkpɔ geɖe su mawudɔlawo si, ŋusẽ le wo ŋu eye woƒe nunya de ŋgɔ hã la, wowɔa Yehowa ƒe gbe dzi. (Ps. 103:20) Ne wole woƒe dɔdeasiwo wɔm la, womeƒoa adegbe alo zãa woƒe ŋusẽa be amewo nakafu yewo o. Wotsɔa dzidzɔ wɔa dɔ si Mawu de wo si, ne ame aɖeke manya woƒe ŋkɔ atɔ ɖe dɔ si wowɔna ŋu o hã.a (1 Mose 32:​24, 29; 2 Fia. 19:35) Womelɔ̃na gbeɖe be woatsɔ bubu kple kafukafu si Yehowa dze na la ana yewo o. Nu ka tae mawudɔlawo bɔbɔa wo ɖokui alea gbegbe? Elabe wolɔ̃ Yehowa eye wodea bubu gã eŋu.—Xlẽ Psalmo 89:7.

5. Aleke mawudɔla aɖe wɔ nu ɖe Yohanes ŋu le ɖokuibɔbɔ me? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

5 Bu nudzɔdzɔ aɖe si ɖe mawudɔlawo ƒe ɖokuibɔbɔ fia ŋu kpɔ. Le ƒe 96 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me lɔƒo la, mawudɔla aɖe si ŋkɔ womeyɔ o ɖe nu wɔnukuwo fia apostolo Yohanes le ŋutega me. (Nyaɖ. 1:1) Aleke Yohanes wɔ nui esi wòkpɔ ŋutega wɔnuku ma? Edze klo be yeade ta agu na mawudɔlaa. Gake mawudɔla wɔnuteƒe sia gbee nɛ. Egblɔ be: ‘Kpɔ nyuie! Mègawɔ nu ma o! Nye hã kluvi ko menye abe wò ke ene kpe ɖe nɔviwòwo ŋu. De ta agu na Mawu!’ (Nyaɖ. 19:10) Ðokuibɔbɔ ka gbegbee nye esi! Mawudɔlaa medi be woatsɔ bubu kple kafukafua ana ye o. Ehe Yohanes ƒe susu yi Yehowa dzi enumake. Gake meda Yohanes ɖe anyi o. Togbɔ be mawudɔla ma le Yehowa subɔm ɣeyiɣi didi wu Yohanes eye wòsesẽ wui hã la, egblɔ na Yohanes ɖokuibɔbɔtɔe be ye hã kluvi koe yenye abe eya ke ene. Togbɔ be ehiã be mawudɔlaa naɖɔ apostolo Yohanes ɖo hã la, mehe nya ɖe apostolo tsitsia ŋu o. Ke boŋ eƒo nu nɛ tufafatɔe. Anɔ eme be mawudɔlaa se egɔme na Yohanes be nu si wòkpɔ lae wɔ dɔ ɖe edzi.

Mawudɔla aɖe le gbegbem be apostolo Yohanes megade ta agu na ye o.

Mawudɔlaa wɔ nu ɖe Yohanes ŋu le ɖokuibɔbɔ me (Kpɔ memama 5)


6. Aleke míate ŋu asrɔ̃ mawudɔlawo ƒe ɖokuibɔbɔ?

6 Aleke míasrɔ̃ mawudɔlawo ƒe ɖokuibɔbɔ? Ele be míawɔ dɔ si wode mía si, evɔ míaƒo adegbe alo adi kafukafu tso amewo gbɔ o. (1 Kor. 4:7) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nenye be míele Yehowa subɔm ƒe geɖee nye esia alo mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖewo su mía si hã la, mele be míabui be míenyo wu ame bubuwo o. Le nyateƒe me la, zi ale si subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ geɖe su mía si la, zi nenemae wòle be míayi edzi abɔbɔ mía ɖokui. (Luka 9:48) Ele be míasrɔ̃ mawudɔlawo alɔ̃ faa asubɔ mía nɔewo. Mele be míato míaƒe nuwɔnawo dzi ana mía nɔviwo nasusui be míele vevie wu yewo o.

7. Aleke míabɔbɔ mía ɖokui ne míele aɖaŋu ɖom na ame aɖe alo le eɖɔm ɖo?

7 Ne eva hiã be míaɖɔ ame aɖe ɖo alo aɖo aɖaŋu nɛ, eɖanye haxɔsetɔ alo mía vi aɖee o, ele be míabɔbɔ mía ɖokui. Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be míatɔ afɔ to ayi nyaa gbɔ tẽe. Abe ale si mawudɔlaa ɖo aɖaŋu na Yohanes tufafatɔe ene la, míawo hã míate ŋu aɖo aɖaŋu na ame aɖe tẽe, eye míawɔ nu ɖe eŋu nyuie be dzi nagaɖe le eƒo o. Ne míebua mía ɖokui be míenyo wu ame bubuwo o la, anɔ bɔbɔe na mí be míazã Biblia atsɔ aɖo aɖaŋu le bubu kple veveseseɖeamenu me.—Kol. 4:6.

MAWUDƆLAWO LƆ̃ AMEWO

8. (a) Le Luka 15:10 ƒe nya nu la, nu kae ɖee fia be mawudɔlawo lɔ̃ amegbetɔwo? (b) Akpa kae mawudɔlawo wɔna le gbeƒãɖeɖedɔa me? (Kpɔ foto hã.)

8 Mawudɔlawo mewɔa nu abe ɖe amegbetɔwo ƒe nya meka yewo o ene o. Ke boŋ wolɔ̃ amegbetɔwo. Ne ame aɖe si dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ trɔ gbɔ va Yehowa gbɔ alo ame aɖe trɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi va nyateƒea me la, wokpɔa dzidzɔ. (Xlẽ Luka 15:10.) Mawudɔlawo le asi kpem ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu vevie. (Nyaɖ. 14:6) Togbɔ be womeɖea gbeƒã na amewo tẽe o hã la, woate ŋu akpe ɖe gbeƒãɖelawo ŋu woake ɖe dzinyuitɔ siwo di be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu la ŋu. Míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi be mawudɔlawoe kpe ɖe mía ŋu le nudzɔdzɔ aɖe koŋ me o. Elabe Yehowa ate ŋu azã mɔnu bubuwo hã, abe eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la ene, atsɔ akpe ɖe eƒe amewo ŋu alo afia mɔ wo. (Dɔw. 16:​6, 7) Ke hã, ezãa mawudɔlawo tsɔ kpena ɖe mía ŋu geɖe ŋutɔ. Eya ta ne míele gbeƒã ɖem la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ƒe dɔlawo li be yewoakpe ɖe mía ŋu.—Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “Mawu Ðo Woƒe Gbedodoɖawo Ŋu.”b

Atsu kple asi aɖe le mɔ dzi eye wolé ɖaseɖikekevia ɖe asi. Mawudɔlawo fia mɔ nɔvinyɔnua wòde dzesi ɖetugbui aɖe si lé blanui, si nɔ anyi ɖe bentsi dzi le mɔa to.

Atsu kple asi aɖe kpã le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa me yina ɖe aƒe me. Nɔvinyɔnua kpɔ ɖetugbui aɖe si lé blanui le mɔa dzi. Eɖo ŋku edzi be mawudɔlawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míake ɖe ame siwo hiã kpekpeɖeŋu la ŋu. Esia ʋãe wòte ɖe ɖetugbuia ŋu fa akɔ nɛ (Kpɔ memama 8)


Mawu Ðo Woƒe Gbedodoɖawo Ŋu

Le nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna me la, anɔ eme be Yehowa zã mawudɔlawo tsɔ ɖo woƒe gbedodoɖawo ŋu.

  • Le Peru la, gbeƒãɖela aɖe si xɔ ƒe 12 kple nɔa nɔ ɖase ɖim le telefon dzi. Woƒo ka na nyɔnu aɖe si doa gbe ɖa na Mawu enuenu be wòana ame aɖe nava kpe ɖe ye ŋu. Nyɔnua gblɔ be woƒe kaƒoƒoa nye ŋuɖoɖo na yeƒe gbedodoɖa eye wòlɔ̃ faa be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Le ema megbe kpuie la, nyɔnua te kpekpeawo dede.

  • Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kple nyɔnu aɖe le Romania, gake eva dzudzɔ. Emegbe la, eva nɔ dɔ wɔm na ƒome aɖe le Italy, eye wòdi be yeagadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme ake. Gake menya Yehowa Ðasefo aɖeke le Italy o, eya ta edo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. Ema megbe kpuie la, ƒomea dɔe be wòaɖaƒle nane na yewo le fiase aɖe me. Woxlɔ̃ nui be wòagaɖo dze kple fiasetɔa o. Wogblɔ nɛ be: “Yehowa Ðasefoe fiasetɔa nye, eye eɖoa dze tso Biblia ŋu na ame siwo vaa fiasea me.” Esi wòyi la, fiasetɔa ɖi ɖase nɛ hã vavã! Nyɔnua kpɔe be esia nye yeƒe gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo. Egadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme eye wòwɔ tɔtrɔ geɖe be yeasubɔ Yehowa. Esia wɔ dɔ ɖe viaŋutsu ɖeka dzi eye eya hã va te Biblia sɔsrɔ̃ eye wòdea kpekpeawo.

  • Atsu kple asi aɖe siwo nye Ðasefowo ɖoe be yewoadzra yewoƒe ʋu. Esi ŋutsu aɖe kple srɔ̃a va wo gbɔ le aƒe me be yewoakpɔ ʋua ɖa la, Ðasefoawo wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ ɖe nu si tae yewole ʋua dzram la me na wo. Wogblɔ na ŋutsua kple srɔ̃a be yewodi be yewoanɔ agbe tsɛ ale be yewoazã ɣeyiɣi geɖe atsɔ akpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ Biblia. Ŋutsu, si kple srɔ̃a va be yewoaƒle ʋua, gblɔ be: “Etsɔ si va yi la, medo gbe ɖa be: ‘O Mawu, meɖe kuku, na ame aɖe nava kpe ɖe ŋunye. Mɔkpɔkpɔ bú ɖem, eye medi be manya wò.’” Ŋutsua kpɔe be Mawue na yedo go Ðasefoawo tsɔ ɖo yeƒe gbedodoɖaa ŋu na ye. Eya kple srɔ̃a dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme eye wo vinyɔnuvi eve hã va le Biblia srɔ̃m. Fifia, ƒome bliboa dea kpekpeawo edziedzi.

9. Aleke míate ŋu asrɔ̃ mawudɔlawo alɔ̃ amewo?

9 Aleke míate ŋu asrɔ̃ mawudɔlawo alɔ̃ amewo? Ne míese woɖe gbeƒãe be wogbugbɔxɔ ame aɖe ɖe hamea me la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ abe mawudɔlawo ke ene. Míate ŋu ate ɖe eŋu ado wòezɔ̃ nɛ ana wòakpɔe be míelɔ̃ ye. (Luka 15:​4-7; 2 Kor. 2:​6-8) Míagate ŋu asrɔ̃ mawudɔlawo ne míewɔa míaƒe ŋutete katã le gbeƒãɖeɖedɔa me. (Nyagb. 11:6) Azɔ hã, míate ŋu adi mɔ siwo dzi míato akpe ɖe mía nɔviwo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me, abe ale si mawudɔlawo hã le kpekpem ɖe mía ŋu ene. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nàte ŋu awɔ ɖoɖo azɔ kple gbeƒãɖela yeye aɖe le gbeadzia? Alo ɖe nàte ŋu akpe ɖe nɔvi tsitsiwo alo esiwo dze dɔ ŋu be woawo hã woawɔ akpa aɖe le gbeƒãɖeɖedɔa mea?

10. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Sara ƒe nuteƒekpɔkpɔa me?

10 Nu kae míate ŋu awɔ ne nɔnɔmea meɖe mɔ na mí be míawɔ geɖe o? Míate ŋu ato mɔ aɖe dzi kokoko awɔ dɔ kple mawudɔlawo le gbeƒãɖeɖedɔa me. Bu mía nɔvinyɔnu Sara,c si tso India ŋu kpɔ. Sara wɔ mɔɖeɖedɔa abe ƒe 20 ene, gake eva dze dɔ tsi teƒe ɖeka. Esia na wòlé blanui vevie. Nɔvi siwo le eƒe hamea me kpe ɖe eŋu ale gbegbe, eye eya ŋutɔ hã xlẽa Biblia gbe sia gbe, si wɔe be dzi gava nɔ edzɔm. Eva hiã be Sara nate gbeƒãɖeɖemɔnu yeyewo kpɔ. Esi mate ŋu anɔ anyi aŋlɔ lɛta o ta la, eɖia ɖase na amewo to telefon dzi. Ne eyɔ eƒe Biblia nusrɔ̃viwo eye wòsrɔ̃ nu kpli wo vɔ la, ebiana wo ne wonya ame bubu siwo hã adi be yewoasrɔ̃ Biblia hã. Nu kae do tso eme? Kaka ɣleti ʋɛ aɖewo nava yi la, Biblia nusrɔ̃vi 70 ye su Sara si; eya ɖeka mate ŋu asrɔ̃ nu kple wo katã o. Eya ta ema ɖewo na nɔviwo le hamea me. Biblia nusrɔ̃vi mawo dometɔ geɖe le kpekpeawo dem fifia. Dzidzɔ gãe wònye na mawudɔlawo be yewoawɔ dɔ kple nɔvi siwo doa vevie nu le gbeƒãɖeɖedɔa me abe Sara ene!

MAWUDƆLAWO LE DZI DOM

11. Nu kawo mee mawudɔla wɔnuteƒewo le dzi dom le?

11 Mawudɔla wɔnuteƒewo ɖo dzidodo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi na mí. Wole dzi dom le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ teƒe kpɔm ƒe akpe geɖee nye esia. Wokpɔ eteƒe esime Satana kple mawudɔla bubu siwo subɔna kpli wo ɖekae tsã la va dze aglã ɖe Yehowa ŋu. (1 Mose 3:1; 6:​1, 2; Yuda 6) Biblia gblɔ gɔ̃ hã be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe si si ŋusẽ geɖe le tsi tre ɖe mawudɔla wɔnuteƒe aɖe ŋu. (Dan. 10:13) Azɔ hã le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me la, mawudɔlawo kpɔe be ame ʋɛ aɖewo koe tiae be yewoasubɔ Yehowa. Togbɔ be ele alea hã la, mawudɔla wɔnuteƒewo tsɔ dzidzɔ le Yehowa subɔm veviedodotɔe. Woka ɖe edzi be le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la, Mawu aɖe nu madzɔmadzɔwo katã ɖa.

12. Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu míado dzi?

12 Aleke míate ŋu asrɔ̃ mawudɔlawo ƒe dzidodo? Ate ŋu adzɔ be míawo hã míakpɔ nu madzɔdzɔwo teƒe alo amewo natsi tre ɖe mía ŋu. Gake abe mawudɔlawo ene la, míeka ɖe edzi be le ɣeyiɣi nyuitɔ dzia, Mawu aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa. Eya ta abe mawudɔla wɔnuteƒewo ene la, mele be “míadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o.” (Gal. 6:9) Mawu do ŋugbe be yeakpe ɖe mía ŋu míado dzi. (1 Kor. 10:13) Míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí ale be wòakpe ɖe mía ŋu míagbɔ dzi ɖi eye míanɔ dzidzɔ kpɔm. (Gal. 5:22; Kol. 1:11) Nu kae nàwɔ ne amewo tsi tre ɖe ŋuwò? Ka ɖe Yehowa dzi bliboe eye mègavɔ̃ o. Yehowa akpe ɖe ŋuwò ɣesiaɣi eye ado ŋusẽ wò.—Heb. 13:6.

MAWUDƆLAWO WƆA AKPA VEVI AÐE BE HAMEA NANƆ DZADZƐ

13. Dɔ vevi ka wɔm mawudɔlawo le le ŋkeke mamlɛ siawo me? (Mateo 13:​47-49)

13 Yehowa de dɔ vevi aɖe asi na mawudɔlawo le ŋkeke mamlɛ siawo me. (Xlẽ Mateo 13:​47-49.) Nya nyui si míeɖea gbeƒãe la sese doa dzidzɔ na ame miliɔn geɖe le xexea me godoo. Wo dometɔ aɖewo wɔa tɔtrɔ siwo hiã va zua Kristotɔ vavãwo. Gake mele alea le ame akpa gãtɔ ya gome o. Wode dɔ asi na mawudɔlawo be “woama ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso ame dzɔdzɔewo gbɔ.” Esia fia be wode dɔ asi na wo be woakpɔ hamea ta be wòanɔ kɔkɔe. Gake mefia be ne ame aɖe dzudzɔ hadede kpli mí la, magate ŋu atrɔ agbɔ o. Mefia hã be kuxiwo mate ŋu anɔ hamea me gbeɖe o. Míate ŋu aka ɖe edzi be mawudɔlawo le dɔ dzi vevie be hamea nanɔ dzadzɛ.

14-15. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedi be hamea nanɔ kɔkɔe abe mawudɔlawo ke ene? (Kpɔ fotoawo hã.)

14 Aleke míate ŋu asrɔ̃ mawudɔlawo be hamea nanɔ dzadzɛ? Gbãa, ele be míawo ŋutɔ míayi edzi anɔ agbe nyui eye míakpɔ mía kple Yehowa dome kadodoa ta. Be míawɔ esia la, ele be míadzɔ míaƒe dzi ŋu. Esia bia be míadze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃ Yehowa eye míaƒo asa na nu sia nu si agblẽ mía kplii dome. (Ps. 101:3) Azɔ hã míate ŋu akpe ɖe mía nɔviwo ŋu be woawo hã woayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. Le kpɔɖeŋu me, nu kae míawɔ ne míeva nyae be mía nɔvi aɖe wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya? Esi míelɔ̃e ta la, míade dzi ƒo nɛ be wòagblɔe na hamemetsitsiwo. Gake ne mewɔe nenema o la, ele be míawo ŋutɔ míagblɔe na hamemetsitsiawo. Mía nɔvia kple Yehowa dome gblẽ, eya ta míedi be woakpe ɖe eŋu kaba ale si wòanya wɔe!—Yak. 5:​14, 15.

15 Nublanuitɔe la, eva hiãna ɣeaɖewoɣi be woaɖe ame aɖewo siwo wɔ nu vɔ̃ gã ɖa le haa me. Ne edzɔ alea la, ‘míedzudzɔa hadede’ kpli wo.d (1 Kor. 5:​9-13) Esiae nye ɖoɖo si wowɔ be hamea nayi edzi anɔ kɔkɔe. Ne míedzudzɔ hadede kple ame siwo woɖe le haa me la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo. Ne míewɔ ɖe ɖoɖo sia dzi la, ema awɔe be amea nanyɔ le eɖokui me eye wòakpɔe be ehiã be yeatrɔ ava Yehowa gbɔ. Ne nu vɔ̃ wɔla aɖe trɔ dzi me la, Yehowa kple eƒe dɔlawo kpɔa dzidzɔ eye míawo hã míekpɔa dzidzɔ.—Luka 15:7.

Fotoawo: 1. Nɔvinyɔnu eve le kɔfi nom le tsaɖibɔ aɖe me. Esi wo dometɔ ɖeka la nu ƒom la, nɔvia ya le adzɔge kpɔm. 2. Emegbe nɔvinyɔnu si nɔ nu ƒom la te ɖe hamemetsitsi eve ŋu le Fiaɖuƒe Akpataa me.

Nu kae wòle be míawɔ ne míeva nyae be mía nɔvi aɖe wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya? (Kpɔ memama 14)e


16. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

16 Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye be Yehowa kpe ɖe mía ŋu míenya mawudɔlawo nyuie wu eye míewɔa dɔ kpli wo! Mina míasrɔ̃ mawudɔla wɔnuteƒewo ƒe ɖokuibɔbɔ, ale si wolɔ̃a amewo, woƒe dzidodo kple ale si wowɔa dɔ sesĩe be hamea nayi edzi anɔ kɔkɔe. Ne míewɔe alea la, míanɔ Yehowa subɔlawo ƒe ƒome gã sia me tso fifia yi ɖe mavɔ me.

ALEKE MÍATE ŊU ASRƆ̃ . . .

  • mawudɔlawo ƒe ɖokuibɔbɔ?

  • ale si mawudɔlawo lɔ̃a amewoe?

  • ale si mawudɔlawo wɔa dɔ sesĩe be hamea nakpɔtɔ anɔ kɔkɔe?

HADZIDZI 123 Ðokuibɔbɔ Nuteƒewɔwɔtɔe Ðe Teokrasiɖoɖowo Te

a Mawudɔla miliɔn alafa geɖewoe li, gake wo dometɔ eve ƒe ŋkɔ koe Biblia yɔ. Woawoe nye Mikael kple Gabriel.—Dan. 12:1; Luka 1:19.

b Be nàse nuteƒekpɔkpɔ bubuwo la, ʋu jw.org eye nàkpɔ Ƒe 2021 Dɔdzikpɔha Ƒe Nyatakaka Gbãtɔ ƒe videoa.

c Míetrɔ ŋkɔa.

d Abe ale si woɖe eme le Ƒe 2024 Dɔdzikpɔha Ƒe Nyatakaka Evelia me ene la, ne ame si woɖe le haa me va hame ƒe kpekpea la, gbeƒãɖelawo ate ŋu azã woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee atiae be yewoado gbe nɛ kpuie atsɔ ado wòezɔ nɛ.

e NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔvinyɔnu aɖe le dzi dem ƒo na exɔlɔ̃ be wòagblɔ nu vɔ̃ si wòwɔ la na hamemetsitsiwo. Esi ɣeyiɣi aɖe va yi eye exɔlɔ̃a mewɔe nenema o la, eya ŋutɔ gblɔe na hamemetsitsiawo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe