AGBEMEŊUTINYA
“Yehowa Tɔe Nye Aʋa La”
LE JANUARY 28, 2010 dzi la, menɔ France du dzeani si nye Strasbourg me. Gake menye tsaɖiƒee meyi o. Habɔbɔa dɔ nye kple nɔvi aɖewo be míayi aɖaʋli Yehowa Ðasefowo ƒe gomenɔamesiwo ta le Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea. Nya si le toa mee nye be France dziɖuɖu di tso Yehowa Ðasefo siwo le dukɔ ma me si be woaxe adzɔ si ƒe homee nye euro miliɔn 64 (Amerika dɔlar miliɔn 89) sɔŋ! Eya ta míeyi ʋɔnudrɔ̃ƒea ɖaʋli mía nɔviawo ta. Menye adzɔ si woka na mí ta koe míeyi ɖo o, ke nya vevitɔe nye be ne míeɖu dzi le nya sia mea, akɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu, ŋkɔ nyui anɔ Yehowa ƒe amewo ŋu, eye ablɔɖe asu wo si woasubɔ Yehowa faa le France. Nu siwo yi edzi le nyadrɔ̃ɣia ɖo kpe edzi be “Yehowa tɔe nye aʋa la” vavã. (1 Sam. 17:47) Mina maɖe eme.
Nu bliboa dze egɔme le ƒe 1999 me, esime France dziɖuɖua gblɔ be, míaƒe alɔdzedɔwɔƒe si le France naxe adzɔ ɖe ga si nɔviwo dzɔ tso ƒe 1993 va se ɖe 1996 me la ta. Míetsɔ nya sia yi ʋɔnudrɔ̃ƒe vovovowo le France, gake gbeɖegbeɖea koe. Míegatsɔ nya sia yi ʋɔnudrɔ̃ƒe bubu le France, gake nya si lia koe li. Le ema taa, dziɖuɖua va ɖe míaƒe ga si wu euro miliɔn ene kple afã (Amerika dɔlar miliɔn ade akpe alafa etɔ̃) le gadzraɖoƒe. Nu si ko míagate ŋu awɔe nye be míatsɔ nyaa ayi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea. Gake hafi woanɔ anyi ɖe nyaa ŋua, Ʋɔnudrɔ̃ƒea bia tso mía si be míakpe kple France dziɖuɖua ƒe senyalawo kple Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe amedɔdɔ aɖe kpɔ be nugɔmesese ava hã.
Míekpɔe be ɖewohĩ amedɔdɔa aƒoe ɖe mía nu be míalɔ̃ axe ga si dziɖuɖua bia ƒe ɖe. Gake míenya nyuie be ne míexe euro ɖeka pɛ gɔ̃ hã, madze Yehowa ŋu o. Ðe nɔviawo dzɔ nu faa be yewoatsɔ akpe asi ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu, eya ta menye dziɖuɖua ƒe gae o. (Mat. 22:21) Ke hã, míede bubu ɖoɖo si Ʋɔnudrɔ̃ƒea wɔ ŋu yi ɖakpe kpli wo.
Habɔbɔa ƒe senyalawo le Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea ŋkume, le ƒe 2010 me
Míeva kpe ta le Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe xɔwo dometɔ ɖeka me. Gake nuwo medze egɔme nyuie kura o. Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe amedɔdɔa dze eƒe nyawo gɔme be, ele be Yehowa Ðasefowo naxe adzɔ si biam France dziɖuɖua lea ƒe ɖe ya godoo. Enumake susua va na mí be míabiae be: “Ènya be dziɖuɖua ŋutɔ tso le eɖokui si ɖe míaƒe ga si wu euro miliɔn ene kple afã xoxo le gadzraɖoƒea?”
Nyaa dzee kpo. Enumake ebia dziɖuɖua ƒe senyalawo, eye woawo hã wolɔ̃ ɖe edzi be nyateƒee. Esia na eƒe nɔnɔme trɔ kura. Ehe nya ɖe wo ŋu, eye wòkpã kpekpe bliboa zi ɖeka. Esia na mekpɔe be Yehowa de asi nyaa me wu ale si míesusui gɔ̃ hã, ale be míate ŋu aɖu dzi. Nu bliboa wɔ nuku na mí ŋutɔ! Esi míetrɔ dzo yinaa, dzi dzɔ mí ale gbegbe.
Le June 30, 2011 dzi la, Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe ʋɔnudrɔ̃la siwo nɔ anyi ɖe míaƒe nyaa dzi katã ƒe nu sɔ, eye wotso afia be mía tɔ dzɔ. Ʋɔnudrɔ̃ƒea te fli ɖe adzɔ si dziɖuɖua ka na mí la me, eye wòbia be woatrɔ míaƒe ga ana mí ahaxe deme ɖe edzi! Afiatsotso ɖedzesi sia kpɔ tadedeagu dzadzɛa ta le France va de asi na egbe. Nya ɖeka ma si míebia, evɔ menye ɖe míedzra ɖo ɖe eŋu hã o la le abe kpe ɖeka ma si ŋɔ Goliat ƒe ŋgonu ene, eye wòzu aʋadziɖuɖu na mí. Ke nu kae na míeɖu dzi? Elabena “Yehowa tɔe nye aʋa la,” abe ale si David gblɔe na Goliat ene.—1 Sam. 17:45-47.
Esia nye ʋɔnunya gbogbo siwo me míeɖu dzi le dometɔ ɖeka ko. Va de asi na egbea, togbɔ be dziɖuɖu sesẽwo kple subɔsubɔhawo ti mía yome vevie hã, ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ siwo le dukɔ 70 me kple dukɔwo dome nyadrɔ̃ƒe gbogbo aɖewo tso afia 1,225 wòde Yehowa Ðasefowo dzi. Afiatsotso siawo wɔe be gomenɔamesi geɖewo su mía si. Le kpɔɖeŋu me, woda asi ɖe mía dzi be míenye subɔsubɔha si le se nu. Ewɔe hã be míewɔa míaƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa le ablɔɖe me eye míetea ŋu gbena be míakpɔ gome le dulɔlɔ̃ ƒe wɔnawo me o, alo woagado ʋu na mí o.
Aleke wòdzɔe be meva nɔ asi kpem ɖe ʋɔnunyawo ŋu le Europa togbɔ be menɔ dɔ wɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔwɔƒegã le New York, le Amerika hã?
DZINYELAWO NYE MAWUSUBƆLA DOVEVIENUWO
Dzinyelawo ŋkɔwoe nye George kple Lucille. Wode Gilead suku ƒe klas 12 lia, eye wonɔ subɔsubɔm le Ethiopia esime wodzim le ƒe 1956 me. Wotsɔ ƒe alafa gbãtɔ me nyanyuigblɔla Filipo ƒe ŋkɔ nam be Philip. (Dɔw. 21:8) Le ƒe si kplɔe ɖo me la, dziɖuɖua ɖo asi míaƒe dɔa dzi le dukɔ ma me. Tso ɣemaɣia, dzinyelawo va nɔ subɔsubɔdɔa wɔm le adzame. Togbɔ be ɖevi dzaa ko menye ɣemaɣi hã, megaɖoa ŋku ale si míaƒe ƒomea nɔ nu wɔmee dzi. Esi wònye ɖevi susu koe metsɔ nɔ nuwo kpɔmee taa, ale si wonɔ nuwo wɔm le adzame la nɔ nunye vivim! Nublanuitɔe le ƒe 1960 mea, dziɖuɖua nyã mí le dukɔa me.
Nathan H. Knorr (le miame) va srã mí kpɔ le Addis Ababa, le Ethiopia, le ƒe 1959 me
Míaƒe ƒomea ʋu yi Wichita le Kansas, le Amerika. Ke hã, dzo si nɔ dzinyelawo me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu kpɔtɔ nɔ bibim. Wolé nyateƒea me ɖe asi goŋgoŋ, eye woƒã Yehowa vɔvɔ̃ ɖe nye, danye Judy kple yonyemetɔ Leslie me. Ethiopia ye wodzi woawo hã le. Mexɔ nyɔnyrɔ esi mexɔ ƒe 13. Ƒe etɔ̃ megbea, míeʋu yi Arequipa le Peru, afi si hiahiã geɖe wu le.
Le ƒe 1974 me, esi mexɔ ƒe 18 ko la, Peru alɔdzedɔwɔƒea ɖo nye kple nɔviŋutsu ene aɖewo mɔɖela veviwo. Wode dɔ mía si be míayi ava ɖe gbeƒã le Andes ƒe tonutowo me, afi si womeɖe gbeƒã le kpɔ o. Quechuagbe kple Aymara-gbedolawo le ame siwo míeɖe gbeƒã na le nuto ma me dome. Ʋu si ŋu wotrɔ asi le wòganye xɔdɔme ye míezãna tsɔ zɔa mɔe, eye le eƒe dzedzeme ta míeda ŋkɔ ɖe edzi be Aɖakaʋua. Dzi dzɔam ŋutɔ ne meɖo ŋku ale si mezã Biblia tsɔ kpe ɖe dua me tɔwo ŋu wokpɔe be eteƒe madidi o, Yehowa ava ɖe ahedada, dɔléle, kple ku ɖa dzi. (Nyaɖ. 21:3, 4) Ame geɖe xɔ Fiaɖuƒe nya nyuia.
“Aɖakaʋua,” le ƒe 1974 me
MEƲU YI HABƆBƆA ƑE DƆWƆƑEGÃ
Esi nɔviŋutsu Albert Schroeder, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa me tɔ, va Peru le ƒe 1977 mea, ede dzi ƒo nam be made asi agbalẽ te be mava subɔ le Betel le habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã. Eya ta mewɔe nenema. Eteƒe medidi o, le June 17, 1977 dzi la, mete subɔsubɔ le Brooklyn alɔdzedɔwɔƒea. Le ƒe ene gbãtɔwo mea, mewɔ dɔ le Betel dɔwɔƒe siwo kpɔa dzadzɛnyenye kple beléle na nuwo gbɔ.
Míaƒe srɔ̃ɖegbe, le ƒe 1979 me
Le June 1978 mea, medo go nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Elizabeth Avallone le dukɔwo dome takpekpe aɖe si wowɔ le New Orleans, le Louisiana me. Abe ale si wònɔ le gonyeme enea, eya hã dzilawo nye Yehowa subɔla dovevienuwo. Elizabeth nɔ mɔɖeɖedɔa wɔm ƒe enee nye ema, eye wòɖoe eƒe taɖodzinu be yeatsɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa awɔ agbemedɔ. Míedoa ka kple mía nɔewo edziedzi eye eteƒe medidi o, míaƒe lɔlɔ̃ sa kɔ. Míeɖe srɔ̃ le October 20, 1979 dzi, eye mí ame evea míedze Betel subɔsubɔdɔa gɔme.
Nɔvi siwo nɔ hame gbãtɔ me si me míenɔ, si nye Brooklyn Spanish hamea mea lɔ̃ mí vevie, eye woʋu woƒe dziwo na mí gbadzaa. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, míeganɔ hame vovovo etɔ̃ hã me. Nɔviawo xɔ mí atuu hekpe asi ɖe mía ŋu le Betel subɔsubɔdɔa me. Míede asixɔxɔ ale si nɔvi siawo, mía xɔlɔ̃wo, kple ƒometɔwo kpe ɖe mía ŋu míelé be na mía dzilawo le woƒe tsitsi me ŋu vevie.
Betel dɔwɔla siwo nɔ Brooklyn Spanish Hamea me, ƒe 1986 me
ALE SI MEKPE ASI ÐE DƆ ŊU LE HABƆBƆA ƑE SENYAWO DZIKPƆƑEA
Ewɔ nuku nam ŋutɔ be, le January 1982 mea, wobia tso asinye be mawɔ dɔ le Habɔbɔa ƒe Senyawo Dzikpɔƒea. Ƒe etɔ̃ megbea, wogabia tso asinye be made suku ava zu senyala. Mesrɔ̃e le sukua be ame siwo le Amerika kple dukɔ bubuwo mea wɔa nanewo le ablɔɖe me, le senya siwo me Yehowa Ðasefowo ɖu dzi le ta. Míedzro nya vevi mawo me enuenu le sukua.
Le ƒe 1986 me, esime mexɔ ƒe 30 la, meva zu Senyawo Dzikpɔƒea dzikpɔla. Togbɔ be nyemetsi boo o hã, dzi dzɔm ŋutɔ be Betel ka ɖe dzinye nenema gbegbe hetsɔ dɔ gã sia de asinye. Gake mekpɔe be agba gã aɖe ŋutɔe, elabe nu geɖe li nyemenya o.
Meva zu senyala koŋ le ƒe 1988 me, gake nyemede dzesi nu si gbegbe suku ma dede gblẽ le ale si nye kple Yehowa dome le ŋu o. Suku kɔkɔ dede ate ŋu ana ame nado eɖokui ɖe edzi ahasusui be yenyo wu ame bubu siwo mede sukua o. Srɔ̃nye Elizabeth ye xɔ nam. Ekpe ɖe ŋunye megate gbɔgbɔmeɖoɖo siwo dzi mezɔna ɖo tsãa dzi wɔwɔ. Exɔ ɣeyiɣi ya, gake ʋɛʋɛʋɛa, nye kple Yehowa dome gava nɔ nyuie. Nu si dzɔ ɖe dzinyea na eme va kɔ nam be, menye agbalẽnyanyae nye nu vevitɔ le agbe me o. Nu si nana asixɔxɔ nɔa ame ƒe agbe ŋue nye ale si míana mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli, míalɔ̃e vevie, eye míalɔ̃ eƒe amewo hã.
NYA NYUIA TA ƲIƲLI KPLE EÐOÐO ANYI LE SE NU
Esi mewu sukua nu la, ɣeyiɣi geɖe su asinye be makpe asi ɖe eŋu be nuwo nanɔ ɖoɖo nu le Senyawo Dzikpɔƒea le Betel, eye míaʋli Yehowa ƒe habɔbɔa kple gome si le mía si be míaɖe gbeƒã nya nyuia ta. Dɔa nɔ zɔ ɖem nyuie, gake kuxiwo hã nɔ anyi, elabe nuwo nɔ tɔtrɔm kabakaba le habɔbɔa me. Le kpɔɖeŋu me, tsãa, woka ga home sue aɖe ɖe míaƒe agbalẽwo ŋu be amewo nadzɔ. Gake le ƒe 1990 mea, wobia tso Senyawo Dzikpɔƒea si be woana mɔfiame ku ɖe ale si woatɔ te esia wɔwɔ ŋu. Emegbe Yehowa Ðasefowo megakaa ga aɖeke ɖe woƒe agbalẽwo ŋu o. Asitɔtrɔ sia na míaƒe dɔa va le bɔbɔe le Betel kple gbeadzi siaa, eye ewɔe hã be setɔwo megaɖea fu na mí be míaxe adzɔ ɖe míaƒe agbalẽwo mama ta o. Ame aɖewo susui be tɔtrɔ siawo ana ga navɔ le mía si, si ana dɔa natsi akpo dzi. Gake esia boŋ de dɔa dzi ale gbegbe. Tso ƒe 1990 mea, Yehowa subɔlawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve kple edzivɔ, eye fifia gbɔgbɔmenuɖuɖu si xɔa amewo ɖe agbe ate ŋu asu amewo si femaxee. Nye ŋutɔ meva kpɔe dze si kɔtɛe be Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu kple mɔfiame si wònana to kluvi nuteƒewɔlaa dzi gbɔe wòtso be asitɔtrɔ sia kple bubu geɖe siwo habɔbɔa wɔa dze edzi.—2 Mose 15:2; Mat. 24:45.
Menye esi senyala bibiwo le habɔbɔa si tae wotso afia dzɔdzɔe na mí le ʋɔnu o. Zi geɖe la, nɔnɔme nyui siwo Yehowa ƒe amewo ɖena fiana ye wɔa dɔ ɖe setɔwo dzi. Mekpɔ esia teƒe le ƒe 1998 me, esime Dɔdzikpɔhaa me tɔ etɔ̃ kple wo srɔ̃wo de takpekpe gã tɔxɛ aɖewo le Cuba. Ale si nɔvi siawo wɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie le bubu me la wɔe be dziɖuɖumegãwo va se nu gɔme na mí.
Ɣeaɖewoɣi ne míewɔ ɖe sia ɖe gake dziɖuɖuwo le mía tafam la, nu si míewɔna koe nye be, ‘míaʋli nya nyuia ta le ʋɔnu ahaɖoe anyi le se nu.’ (Flp. 1:7) Le kpɔɖeŋu me, ƒe geɖee nye esi va yia, dziɖuɖu siwo le Europa kple South Korea (Corée du Sud), melɔ̃ ɖe edzi be gome le mía si be míagbe be míawɔ asrafodɔ o. Esia wɔe be wolé mía nɔviŋutsu 18,000 sɔŋ de gaxɔ me le Europa, eye wolé mía nɔviŋutsu 19,000 kple edzivɔ de gaxɔ me le South Korea, le esi woƒe dzitsinya meɖe mɔ na wo be woawɔ asrafodɔ o ta.
Mlɔeba le July 7, 2011 dzi la, Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me wòɖe dzesi le nɔviŋutsu Bayatyan kple Armenia dukɔa dome nya aɖe me. Nyametsotso ma bia tso Europa dukɔwo katã si be, woaɖe mɔ na woƒe dukɔmevi siwo ƒe mawudzixɔse meɖe mɔ na wo be woawɔ asrafodɔ o be woawɔ dɔ bubu ɖe eteƒe. Nenema kee South Korea Ƒe Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒea hã tso nya me le June 28, 2018 dzi. Ne ɖe mía nɔviwo dometɔ ʋɛ aɖewo gɔ̃ hã na ta la, anye ne ʋɔnudrɔ̃ƒewo matso nya me alea o.
Senyawo Dzikpɔƒe si le míaƒe dɔwɔƒegã kple esiwo le alɔdzedɔwɔƒe vovovoawo le xexea me godoo le dɔ dzi vevie be yewoaʋli gome si le mía si be míasubɔ Yehowa aɖe gbeƒã nya nyuia ta. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be míayi aɖaʋli mía nɔvi siwo yome tim dziɖuɖuwo le ta. Míeɖaɖu dzi le senya aɖe me alo míeɖu dzi o, enyea ɖaseɖiɖi na dziɖuɖumegãwo, fiawo, kple dukɔwo. (Mat. 10:18) Elabena ʋɔnudrɔ̃lawo, dziɖuɖu ƒe ame dɔdɔwo, nyadzɔdzɔdɔwɔlawo kple ame hahooa dzroa mawunyakpukpui siwo míezã tsɔ da megbe na míaƒe numeɖeɖeawo me. Wo dometɔ siwo nye dzianukwaretɔwo va nya ame siwo Yehowa Ðasefowo nye, eye wokpɔnɛ be míetua míaƒe dzixɔsewo ɖe Biblia dzi. Esia wɔe be wo dometɔ aɖewo va zu Yehowa Ðasefowo.
YEHOWA, AKPE NA WÒ!
Le ƒe 40 siwo va yi mea, mɔnukpɔkpɔ su asinye mewɔ dɔ kple nɔvi siwo le míaƒe dɔwɔƒegã kple alɔdzedɔwɔƒe siwo le xexea me godoo, eye míedo ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔwo kple dziɖuɖumegãwo ŋkume ʋli nya nyuia ta. Melɔ̃ nɔvi siwo mewɔa dɔ kplii le Senyawo Dzikpɔƒea kple alɔdzedɔwɔƒe vovovowo le xexea me godoo la vevie ŋutɔ, eye medea bubu gã wo ŋu. Mekpɔe be Yehowa yram mewɔ akpa aɖe le eƒe subɔsubɔdɔa me.
Srɔ̃nye lɔlɔ̃a, Elizabeth, kpe asi ɖe ŋunye nuteƒewɔwɔtɔe le ƒe 45 siwo va yia me, le ɣeyiɣi deamedziwo kple ɣeyiɣi madeamedziwo siaa me. Medea asixɔxɔ eŋu ale gbegbe elabe togbɔ be dɔlényawo ɖea fu nɛ enuenu eye ŋusẽ vɔna le eŋu hã la, eyi edzi le subɔsubɔm.
Míeva kpɔe dze sii be menye mía ŋutɔwo míaƒe ŋutetewo kple ŋusẽ mee míeɖua dzi le o. Abe ale si David gblɔe ene la, “Yehowae nye eƒe dukɔ la ƒe ŋusẽ.” (Ps. 28:8) Vavãe, “Yehowa tɔe nye aʋa la.”