INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 September axa 8-13
  • Ale Si Nàwɔ Nui Ne Amewo Le Nu Madzɔmadzɔwo Wɔm

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Nàwɔ Nui Ne Amewo Le Nu Madzɔmadzɔwo Wɔm
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • YEHOWA KPLE YESU LÉ FU NU MADZƆMADZƆ WƆWƆ
  • ALE SI YESU WƆ NU ESI WOWƆ NU MADZƆMADZƆ ÐE AMEWO ŊU
  • SRƆ̃ YESU NÀKA ÐE EDZI BE MAWU FIAÐUƑEA AÐE NU MADZƆMADZƆ WƆWƆ ÐA
  • NU SI MÍATE ŊU AWƆ TSO NU MADZƆMADZƆ SIWO LE EDZI YIM LA ŊU
  • Ale Si Nàdo Dzi Ne Wowɔ Nu Madzɔmadzɔ Ðe Ŋuwò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Àte Ŋu Akpe Akɔ Kple Madzɔmadzɔnyenye!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • “Ðe Mawu Wɔa Nu Madzɔmadzɔa?”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 September axa 8-13

NUSƆSRƆ̃NYATI 37

HADZIDZI 114 “Migbɔ Dzi Ði”

Ale Si Nàwɔ Nui Ne Amewo Le Nu Madzɔmadzɔwo Wɔm

“Ekpɔ mɔ na ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃, ke kpɔ ɖa, sedzidadae li.”—YES. 5:7.

TAÐODZINUA

Le nyati sia me la, míasrɔ̃ ale si Yesu wɔ nui esi wòkpɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ teƒe, eye míade dzesi ale si míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua be míawɔ nu wòadze Yehowa ŋu.

1-2. Nu kawoe ame geɖe wɔna le nu madzɔmadzɔ siwo le edzi yim ta, eye nu ka mee míadzro?

MÍELE xexe si me nu madzɔmadzɔ wɔwɔ xɔ aƒe ɖo la me. Wowɔa nu madzɔmadzɔ ɖe amewo ŋu le teƒe si wotso, woƒe ŋutigbalẽ, woƒe dekɔnuwo, kple woƒe ahedada ta, alo le esi wonye ŋutsu alo nyɔnu ta. Ame aɖewo hã kpea fu le asitsalagãwo kple dziɖuɖumegãwo ƒe ŋukeklẽ ta. Nu madzɔmadzɔ siwo le edzi yim la wɔnɛ be míawo ŋutɔwo alo míaƒe ame veviwo kpea fu.

2 Mewɔ nuku o be dzi le ame geɖe kum vevie ɖe nu madzɔmadzɔ siwo le edzi yim le xexea me la ta. Mí katã míedina be míanɔ dedie eye woawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie. Esia wɔnɛ be ame geɖe ɖoa habɔbɔ siwo woɖo be woahe tɔtrɔwo vɛ la me. Wolɔa gbɔ tsɔ tsia tre ɖe dziɖuɖuwo kple woƒe sewo ŋu eye wodaa akɔ na dunyahela siwo do ŋugbe be yewoahe tɔtrɔwo vɛ. Gake mí Kristotɔwo ya míesrɔ̃e be mele be míanye “xexea ƒe akpa aɖeke o.” Míekpɔa Mawu Fiaɖuƒea si nu be wòava ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo katã ɖa. (Yoh. 17:16) Ke hã, etena ɖe mía dzi eye dzi kua mí gɔ̃ hã ne wole nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe amewo ŋu. Ðewohĩ àbia ɖokuiwò be: ‘Aleke wòle be mawɔ nui? Ðe nane li mate ŋu awɔ tso nu madzɔmadzɔ wɔwɔa ŋu fifia?’ Be míaɖo nya sia ŋu la, na míakpɔ ale si Yehowa kple Yesu sena le wo ɖokui me tso nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu.

YEHOWA KPLE YESU LÉ FU NU MADZƆMADZƆ WƆWƆ

3. Nu ka tae wòtena ɖe mía dzi vevie ne amewo le nu madzɔmadzɔ wɔm? (Yesaya 5:7)

3 Biblia gblɔ nu si tae ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋutɔ alo ame bubuwo ŋu la, wòtena ɖe mía dzi vevie ɖo. Biblia gblɔ be Yehowa wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu eye wòlɔ̃a “dzɔdzɔenyenye kple nya dzɔdzɔe.” (Ps. 33:5; 1 Mose 1:26) Mewɔa nu madzɔmadzɔ gbeɖe o, eye medi be ame aɖeke hã nawɔ nu madzɔmadzɔ o! (5 Mose 32:3, 4; Mika 6:8; Zak. 7:9) Le kpɔɖeŋu me, le nyagblɔɖila Yesaya ƒe ɣeyiɣia me la, Yehowa se Israel-vi siwo tem wo haviwo le ɖe anyi ƒe ‘konyifafa.’ (Xlẽ Yesaya 5:7.) Yehowa meŋe aɖaba ƒu edzi o, ke boŋ ehe to na ame siwo gbe eƒe Sea dzi wɔwɔ henɔ nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe wo haviwo ŋu.—Yes. 5:5, 13.

4. Esi womewɔ nu ɖe ame aɖe ŋu nyuie o la, aleke Yesu se le eɖokui me? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

4 Yesu hã lɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔwɔ eye wòlé fu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ abe Fofoa Yehowa ke ene. Esi Yesu nɔ subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzi la, edo go ŋutsu aɖe si titi lé asi na la gbe ɖeka. Ŋutsua ƒe nu wɔ nublanui na Yesu eye wòda gbe le eŋu, gake esi subɔsubɔhakplɔla siwo ame ƒe nu mewɔa nublanui na o kpɔ nu ma teƒe la, dzi ku wo vevie. Nu si ko ŋu wotsi dzi ɖoe nye ale si woalé Sabat sea me ɖe asi goŋgoŋ, evɔ woawo ŋutɔwo gbugbɔ trɔ asi le sea ŋu wòle kpaɖii. Womekpɔ dzidzɔ be ŋutsua haya o. Aleke Yesu se le eɖokui me le woƒe nuwɔnaa ŋu? ‘Exa nu vevie le woƒe dzimesesẽ la ŋuti.’—Marko 3:1-6.

Yesu le ƒuƒoƒea eye wòle nya aɖe gblɔm na Yuda subɔsubɔhakplɔlawo tso ŋutsu aɖe si titi lé asi na si wòdi be yeada dɔ na la ŋu. Subɔsubɔhakplɔlaawo le Yesu kpɔm ɖeƒomevii.

Yuda subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo mese veve ɖe ame siwo nɔ fu kpem la nu kura o, gake Yesu ya se veve ɖe amewo nu (Kpɔ memama 4)


5. Ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la, nu ka tae mele be míalé dziku ɖe dɔme o?

5 Esi wònye be ekua dzi na Yehowa kple Yesu ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe amewo ŋu ta la, megblẽ be míawo hã míado dziku ne míekpɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ teƒe o. (Ef. 4:26) Gake ele be míaɖo ŋku edzi be ne esɔ be míedo dziku hã la, esia makpɔ kuxia gbɔ o. Le nyateƒe mea, ne míelé dziku ɖi ɣeyiɣi didi la, ate ŋu agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu alo ana nu nate ɖe mía dzi vevie. (Ps. 37:1, 8; Yak. 1:20) Eya ta, aleke wòle be míawɔ nui ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe míawo ŋutɔ alo ame bubuwo ŋu? Míate ŋu asrɔ̃ nu tso Yesu ƒe kpɔɖeŋu me.

ALE SI YESU WƆ NU ESI WOWƆ NU MADZƆMADZƆ ÐE AMEWO ŊU

6. Nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kawo teƒee Yesu kpɔ le anyigba dzi? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

6 Yesu kpɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ geɖe teƒe le anyigba dzi. Ekpɔ ale si subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo te ame tsɛwo ɖe anyii. (Mat. 23:2-4) Ekpɔ ale si Roma dziɖuɖumegãwo sẽa ŋuta le ame ŋu. Yudatɔ geɖewo di vevie be yewoakpɔ ablɔɖe ale be yewoado le Romatɔwo ƒe teteɖeanyi te. Wo dome zazɛ̃nyahela aɖewo gɔ̃ hã ɖo habɔbɔwo be yewoatsi tre ɖe Romatɔwo ŋu. Ke hã, Yesu mege ɖe habɔbɔ mawo dometɔ aɖeke me alo kpe asi ɖe wo ŋu le mɔ aɖeke nu o. Esi Yesu va nya be amewo nɔ ɖoɖo wɔm be woalé ye aɖo fiae la, eɖe eɖokui ɖe aga.—Yoh. 6:15.

Yesu ɖeɖe zɔ yina ɖe to aɖe dzi. Ame gbogbo aɖewo ƒo ƒu ɖe toa gɔme.

Esi amewo dze agbagba be yewoaɖo Yesu fia la, eɖe eɖokui ɖe aga (Kpɔ memama 6)


7-8. Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, nu ka tae mete kpɔ be yeaɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa o? (Yohanes 18:36)

7 Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, mekpe asi ɖe dunyahehabɔbɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣia ŋu be woahe tɔtrɔwo vɛ o. Nu ka tae? Elabe enyae be amegbetɔ mekpɔ mɔ aɖu ehavi amegbetɔ dzi o eye mate ŋu awɔe wòadze edzi gɔ̃ hã o. (Ps. 146:3; Yer. 10:23) Enya hã be ŋutete mele amegbetɔ si be wòaɖe nu si gbɔ wòtso be amewo wɔa nu madzɔmadzɔ ɖa o, si nye Satana kple míaƒe blibomademade. Satana Abosam ye le xexe sia dzi ɖum; evɔ̃ɖi ale gbegbe eye wòzãa eƒe ŋusẽa tsɔ doa nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖe ŋgɔ. (Yoh. 8:44; Ef. 2:2) Esi amegbetɔwo mede blibo o ta la, aleke kee ame aɖe ɖanyoe o, mate ŋu awɔ nu si le dzɔdzɔe ɣesiaɣi o.—Nyagb. 7:20.

8 Yesu nyae be Mawu Fiaɖuƒea koe aho nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa kple ke. Le susu sia ta la, ezã eƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ tsɔ ‘ɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la.’ (Luka 8:1) Eka ɖe edzi na “ame siwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum” be nu fitifiti wɔwɔ kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ nu ayi keŋkeŋ. (Mat. 5:6; Luka 18:7, 8) Menye habɔbɔ si amegbetɔwo ɖo be woahe tɔtrɔwo vɛ alo amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwoe aɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa o, ke Mawu Fiaɖuƒea, si “menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o,” lae.—Xlẽ Yohanes 18:36.

SRƆ̃ YESU NÀKA ÐE EDZI BE MAWU FIAÐUƑEA AÐE NU MADZƆMADZƆ WƆWƆ ÐA

9. Nu ka tae nèka ɖe edzi be Mawu Fiaɖuƒea koe aɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo katã ɖa?

9 Egbea míele nu madzɔmadzɔ wɔwɔ geɖe teƒe kpɔm wu esiwo Yesu kpɔ esime wònɔ anyigba dzi. Gake Satana kee le megbe na nu madzɔmadzɔ siwo le edzi yim le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me, eye ame vɔ̃ɖi siwo le eƒe akpa dzi le asi kpem ɖe eŋu. (2 Tim. 3:1-5, 13; Nyaɖ. 12:12) Abe Yesu ene la, míenya be Mawu Fiaɖuƒea koe ava ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa keŋkeŋ. Esi míele Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi bliboe ta la, míekpɔa gome le xexea ƒe gbɔlɔlɔwo kple nu bubu siwo amewo wɔna tsɔ tsia tre ɖe dziɖuɖuwo ŋu kple susu be yewoahe tɔtrɔwo vɛ la me o. Bu nɔvinyɔnu Stacy ŋu kpɔ.a Hafi wòava dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, ekpɔa gome le gbɔlɔlɔ ƒe nuwɔnawo me edziedzi. Gake eva ɖo ɣeaɖeɣi la, eva nɔ sesem le eɖokui me be nu boo aɖeke mado tso gbɔlɔlɔ mawo me o. Egblɔ be: “Ne míele gbɔ lɔm la, ewɔna nam be akpa si dzi mele gɔ̃ hã mate ŋu akpɔ kuxia gbɔ o. Gake esi meva le Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi la, menya be eya koe akpɔ kuxiawo katã gbɔ. Yehowa axɔ na ame sia ame si ŋu wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖo, eye esia nye nane si nyemate ŋu awɔ gbeɖe o.”—Ps. 72:1, 4.

10. Mɔ ka nue habɔbɔ siwo amewo ɖo be woahe tɔtrɔwo vɛ la ƒe nuwɔna to vovo sãa na aɖaŋu si Yesu ɖo na mí le Mateo 5:43-48? (Kpɔ fotoa hã.)

10 Egbea, ame geɖe va le ɖeka wɔm kple habɔbɔ siwo woɖo be woahe tɔtrɔwo vɛ. Wo me nɔla aɖewo doa dziku ale gbegbe be womegawɔa se dzi o eye wogblẽa nu le ame bubuwo ŋu. Gake menye nu mae Yesu fia mí be míawɔ o. (Ef. 4:31) Nɔviŋutsu Jeffrey gblɔ be: “Menya be ne amewo le gbɔ lɔm le ŋutifafa me gɔ̃ hã la, kaka nàkpɔ koa eva zu ʋunyaʋunya kple nudomegbegblẽ.” Gake Yesu fia mí be míawɔ nu ɖe amewo katã ŋu le lɔlɔ̃ me, ame siwo melɔ̃ ɖe míaƒe susuwo dzi o alo tia mía yome gɔ̃ hã. (Xlẽ Mateo 5:​43-48.) Ele be mí Kristotɔwo míadze agbagba aƒo asa na nu sia nu si mewɔ ɖeka kple kpɔɖeŋu nyui si Yesu ɖo na mí o.

Nɔvinyɔnu aɖe lé eɖokui kpoo le ŋgɔ kpɔm eye wòzɔ to ame aɖewo siwo le gbɔ lɔm la ŋu.

Ehiã be míaɖoe kplikpaa be míaganye xexea ƒe akpa aɖeke o (Kpɔ memama 10)


11. Ne míekpɔ nyuie o la, nu kae ate ŋu ana míava de xexea ƒe akpa aɖe dzi?

11 Mawu Fiaɖuƒea koe aɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa keŋkeŋ. Togbɔ be míenya esia nyuie hã la, ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la, ate ŋu asẽse be míawɔ ɖe nya si Yesu gblɔ dzi. Alea tututue wònɔ le nɔvinyɔnu Janiya gome esi womewɔ nu ɖe eŋu nyuie o le afi si wòtso ta. Egblɔ be: “Nye nu wɔnublanui na ɖokuinye. Eve dɔme nam ale gbegbe, eye medi be woahe to na ameawo. Susua va nam be makpe asi ɖe habɔbɔ aɖe si ƒe taɖodzinue nye be woawɔ nu ɖe ame ƒomeviwo katã ŋu nyuie la ŋu. Mesusu be esia ana nye dzi nadze eme.” Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Janiya va kpɔe be ehiã be yeawɔ tɔtrɔ. Egblɔ be: “Mekpɔe be meɖe mɔ ame bubuwo va nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe nye nuŋububu dzi si na meva nɔ ŋu ɖom ɖe amegbetɔwo ŋu, ke menye Yehowa ŋu o. Metso kadodo ɖe sia ɖe si le nye kpli wo dome la me eye meɖoe kplikpaa be nyemagakpe asi ɖe habɔbɔ mawo tɔgbi ŋu azɔ o.” Togbɔ be etena ɖe mía dzi ne míekpɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ teƒe alo wowɔe ɖe mía ŋu hã la, ele be míadze agbagba ɖe sia ɖe alé mía ɖokui ale be míagade xexea ƒe akpa aɖeke dzi o.—Yoh. 15:19.

12. Nu ka tae wòle be míakpɔ nyuie le nyadzɔdzɔ siwo míesena, xlẽna alo kpɔna la ŋu?

12 Nu kae akpe ɖe mía ŋu míalé mía ɖokui ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu? Ame geɖe kpɔe be edea yewo dzi ŋutɔ ne yewole ŋudzɔ ɖe nu siwo yewoxlẽna, nu siwo yewoɖoa toe kple nu siwo yewokpɔna la ŋu. Wotrɔ asi le nu siwo wodana ɖe Internet dzi hahoo kadoƒe aɖewo ŋu be wòaƒoe ɖe amewo nu ne woatsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu. Zi geɖe la, nyadzɔdzɔdɔwɔƒe aɖewo trɔa asi le woƒe nyadzɔdzɔwo ŋu wodea akpa aɖe dzi. Ne nya si wogblɔ ku ɖe nu madzɔmadzɔ aɖe ŋu nye nyateƒe gɔ̃ hã la, ɖe wo ŋu bubu ade mía dzia? Ne míezãa ɣeyiɣi geɖe ɖe nyadzɔdzɔ mawo xexlẽ alo wosese ŋu la, ɖeko wòana míatsi dzodzodzoe eye dzi naɖe le mía ƒo dzodzro. (Lod. 24:10) Esi gavloe wu gɔ̃ hãe nye be aɖe míaƒe susu ɖa le kuxia gbɔ kpɔnu vavãtɔ si nye Mawu Fiaɖuƒea dzi.

13. Aleke Biblia xexlẽ edziedzi akpe ɖe mía ŋu ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu alo míekpɔ eteƒe?

13 Biblia xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu gbe sia gbe akpe ɖe mía ŋu míakpe akɔ kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ. Eɖe fu na nɔvinyɔnu Alia vevie esi wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ame siwo le eƒe nutoa me ŋu. Edze be womehea to aɖeke na ame siwo le nu madzɔmadzɔ siawo wɔm la o. Egblɔ be: “Mebia ɖokuinye be, ‘Ðe mexɔe se vavã be Yehowa akpɔ kuxi siawo gbɔ nyateƒea?’ Ɣemaɣi la, mexlẽ Hiob 34:22-29. Nya mawo na meɖo ŋku edzi be ame aɖeke mate ŋu aɣla nu siwo wɔm wòle ɖe Yehowa o. Eya koe nya ale si wòadrɔ̃ ʋɔnu amewo eye eya ɖeka koe akpɔ kuxiwo katã gbɔ.” Esi míele Mawu Fiaɖuƒea si nu kpɔm be wòana nu dzɔdzɔe wɔwɔ naxɔ aƒe ɖi ta la, ele be míanɔ akɔ kpem kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ fifia. Aleke míawɔe?

NU SI MÍATE ŊU AWƆ TSO NU MADZƆMADZƆ SIWO LE EDZI YIM LA ŊU

14. Nu kae míate ŋu awɔ fifia? (Kolosetɔwo 3:10, 11)

14 Míate ŋu axe mɔ na amewo be woagawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe amewo ŋu o, gake nu si míate ŋu awɔe nye be míawo ya míawɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie. Abe ale si míesrɔ̃e va yi ene la, ele be míalɔ̃ amewo abe ale si Yesu lɔ̃ wo ene. Lɔlɔ̃ sia aʋã mí be míawɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie, ame siwo wɔa nu madzɔmadzɔ ɖe amewo ŋu gɔ̃ hã. (Mat. 7:12; Rom. 12:17) Edzea Yehowa ŋu ne míewɔ nu ɖe ame ƒomeviwo katã ŋu nyuie.—Xlẽ Kolosetɔwo 3:10, 11.

15. Aleke Biblia fiafia amewo aɖe vi na woe?

15 Nu vevitɔ si míate ŋu awɔ le nu madzɔmadzɔ ƒe xexe sia me ye nye be míagblɔ Biblia me nyateƒea na amewo. Nu ka tae míegblɔe alea? Elabe “sidzedze Yehowa” ate ŋu atrɔ ame siwo nye nu vlo wɔlawo kple ŋutasẽlawo woava zu ame siwo lɔ̃a ŋutifafa henyoa dɔme. (Yes. 11:6, 7, 9) Hafi aƒetɔ aɖe si ŋkɔe nye Jemal nava srɔ̃ nyateƒea la, enɔ aglãdzeha aɖe si tsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu le woƒe dukɔa me la me, eye woƒe taɖodzinue nye be yewoamu dziɖuɖu ma ale be nuwo natrɔ. Egblɔ be: “Màte ŋu azi amewo dzi be woatrɔ o. Gake ne wosrɔ̃ Biblia me nyateƒea la, woate ŋu atrɔ, eye emae trɔ nye hã.” Nu si Jemal srɔ̃ lae kpe ɖe eŋu wòdo le aglãdzeha ma me. Zi ale si míele Biblia fiam amewo eye wole woƒe agbenɔnɔ trɔm la, zi nenemae nu vlo wɔlawo dzi aɖe akpɔtɔ.

16. Nu kae ʋãa wò be nàgblɔ Fiaɖuƒegbedeasia na amewo?

16 Abe Yesu ene la, míawo hã míetsɔa didi vevie gblɔna na amewo be Mawu Fiaɖuƒea koe aɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo katã ɖa. Esia ana mɔkpɔkpɔ nasu ame siwo ŋu wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖo la si eye dzi naɖo wo ƒo. (Yer. 29:11) Stacy, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Nyateƒea sɔsrɔ̃e kpe ɖe ŋunye be mete ŋu nɔ te ɖe nu madzɔmadzɔ siwo wowɔ ɖe ŋunye kple esiwo teƒe mekpɔ la nu. Yehowa toa nya siwo le Biblia me dzi faa akɔ na mí.” Ehiã be nàdzra ɖo nyuie be nàte ŋu agblɔ Biblia me nya fakɔname siwo ku ɖe ale si Yehowa ava ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa keŋkeŋ la ŋu. Ne wò ŋutɔ èka ɖe Biblia me nyateƒe siwo me míedzro le nyati sia me dzi la, anɔ bɔbɔe na wò be nàdzro eme kple amewo le suku alo dɔ me be woawo hã naka ɖe edzi.b

17. Aleke Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ nu?

17 Míenya be zi ale si “xexe sia dzi ɖula” Satana Abosam kpɔtɔ li ko la, woawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu godoo. Gake míenya be nu nyuiwo le ŋgɔ gbɔna, elabe Yehowa do ŋugbe be yeakpe ɖe mía ŋu eye ‘yeaɖe’ Satana kple vɔ̃ɖinyenye katã “ɖa.” (Yoh. 12:31) Yehowa to Biblia dzi na míenya nu si tae nu madzɔmadzɔ wɔwɔ li kple ale si wòsena le eɖokui me tso eŋu. (Ps. 34:17-19) Yehowa to Via dzi na míenya ale si míawɔ nui ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu kple ale si Fiaɖuƒea ava ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo ɖa keŋkeŋ tegbee. (2 Pet. 3:13) Neva eme be míayi edzi atsɔ dzo ɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia gbɔgblɔ ŋu esi míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me “nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye” axɔ aƒe aɖe anyigba bliboa dzi.—Yes. 9:7.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Nu ka tae dzi kua mí ne míekpɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ teƒe?

  • Nu ka tae míekpea asi ɖe agbagba si dzem amewo le be yewoahe tɔtrɔwo vɛ la ŋu o?

  • Ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe míawo ŋutɔ alo ame bubuwo ŋu la, nu kae wòle be míawɔ?

HADZIDZI 158 ‘Matsi Megbe O!’

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

b Kpɔ agbalẽ gbadza si nye Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo ƒe Megbenya A, xexlẽdzesi 24 va ɖo 27 lia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe