INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 September axa 14-19
  • De Bubu Amewo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • De Bubu Amewo Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU KAE WÒFIA BE MÍADE BUBU AMEWO ŊU?
  • DE BUBU WÒ ƑOMEA ME TƆWO ŊU
  • DE BUBU HAXƆSETƆWO ŊU
  • DE BUBU AME SIWO MENYE YEHOWA ÐASEFOWO O ŊU
  • Nu Ka Tae Amewo Megadea Bubu Ame Ŋu O?
    Nyɔ!—2024
  • Ðe Nèxɔa Ŋgɔ Le Bubudede Amewo Ŋu Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míade Bubu Ame Siwo Le Ŋusẽnɔƒewo Ŋu?
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Ale Si Nàde Bubu Srɔ̃wò Ŋu
    Nyɔ!—2016
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 September axa 14-19

NUSƆSRƆ̃NYATI 38

HADZIDZI 120 Srɔ̃ Kristo Ƒe Tufafa

De Bubu Amewo Ŋu

“Bubunɔameŋu nyo wu klosalo kple sika.”—LOD. 22:1.

TAÐODZINUA

Le nyati sia me la, míasrɔ̃ ale si míade bubu amewo ŋu eye míakpɔ ale si míawɔ esia ne amewo ƒe nuwɔna na wòsẽse na mí gɔ̃ hã.

1. Nu ka tae míekpɔa dzidzɔ ne wode bubu mía ŋu? (Lododowo 22:1)

EDZƆA dzi na wò ne amewo de bubu ŋuwòa? Ðikeke mele eme o be edzɔa dzi na wò. Ame sia ame dina be woade bubu ye ŋu, eye míekpɔa dzidzɔ ne amewo de bubu mía ŋu. Mewɔ nuku o be Biblia gblɔ be “bubunɔameŋu nyo wu klosalo kple sika”!—Xlẽ Lododowo 22:1.

2-3. Nu ka tae menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be míade bubu amewo ŋu o, eye nu ka mee míadzro le nyati sia me?

2 Menye ɣesiaɣie wònɔa bɔbɔe be míade bubu amewo ŋu o. Susu ɖeka si tae nye be míekpɔa ame siwo dome míele la ƒe gbagbãƒewo. Azɔ hã, míele agbe le ɣeyiɣi si ame akpa gãtɔ medea bubu ame ŋu o me. Gake ele be míawo ya míato vovo. Nu ka tae? Elabe Yehowa di be míade bubu “ame ƒomeviwo katã” ŋu.—1 Pet. 2:17.

3 Le nyati sia me la, míakpɔ nu si wòfia be míade bubu amewo ŋu. Eyome míasrɔ̃ ale si míade bubu (1) míaƒe ƒomea me tɔwo, (2) hamea me tɔwo, kple (3) ame siwo menye Yehowa Ðasefowo o la ŋu. Azɔ hã míade dzesi ale si míaɖee afia be míedea bubu amewo ŋu ne woƒe nuwɔna na esia wɔwɔ sesẽ na mí gɔ̃ hã.

NU KAE WÒFIA BE MÍADE BUBU AMEWO ŊU?

4. Nu kae wòfia be woade bubu ame ŋu?

4 Nu kae wòfia be woade bubu ame ŋu? Nya “bubudedeameŋu” fia susu si le mía si ɖe ame aɖe ŋu kple ale si míewɔa nu ɖe eŋu. Ne míede dzesii be nɔnɔme nyui aɖe le ame aɖe si, ewɔ nu nyui aɖe si do dzidzɔ na mí alo ele ŋusẽnɔƒe aɖe la, míawo hã míewɔa nu ɖe eŋu nyuie alo dea bubu eŋu. Eye ele be wòanye míaƒe didi vevie be míade bubu amewo ŋu tso dzi me.—Mat. 15:8.

5. Nu kae ʋãa mí míedea bubu amewo ŋu?

5 Yehowa di be míade bubu amewo ŋu. Le nyateƒe me la, ebia tso mía si be míade bubu “ŋusẽtɔwo” ŋu. (Rom. 13:1, 7) Gake ame aɖewo agblɔ be, “Ne ameawo ƒe nuwɔna ɖee fia be wodze na bubu ko hafi nye ya made bubu wo ŋu.” Ðe nuŋububu sia sɔa? Mí Yehowa subɔlawo ya míesrɔ̃e be menye amewo ƒe nuwɔnawo ɖeɖe ko dzie wòle be míanɔ te ɖo ade bubu wo ŋu o. Nu si koŋ dzi míenɔa te ɖoe nye lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa kple didi be míadze eŋu. Esiae nye susu vevitɔ.—Yos. 4:14; 1 Pet. 3:15.

6. Ðe wòanya wɔ be míade bubu ame siwo medea bubu mía ŋu o la ŋua? Ðe eme. (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

6 Ame aɖe abia be, ‘Ðe wòanya wɔ be míade bubu ame aɖe ŋu esime eya medea bubu mía ŋu oa?’ Ɛ̃. Bu esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ. Fia Saul do ŋukpe via Yonatan le amewo ŋkume. (1 Sam. 20:30-34) Ke hã, Yonatan yi edzi de bubu fofoa Saul ŋu eye wònɔ eŋu kplikplikpli le aʋagbedzi gɔ̃ hã va se ɖe nuwuwu. (2 Mose 20:12; 2 Sam. 1:23) Nunɔlagã Eli tso Hana nu be emu aha. (1 Sam. 1:12-14) Gake Hana ƒo nu na Eli bubutɔe, evɔ ame geɖe le Israel nya be togbɔ be Eli nye nunɔlagã hã la, mehe viawo nyuie o. (1 Sam. 1:15-18; 2:22-24) Atenetɔ aɖewo dzu apostolo Paulo eye woyɔe gɔ̃ hã be enye “nu kpoloe ƒola.” (Dɔw. 17:18) Gake Paulo ƒo nu na wo bubutɔe. (Dɔw. 17:22) Kpɔɖeŋu siawo na míekpɔe be ne míelɔ̃ Yehowa eye míedina vevie be míawɔ nu siwo adze eŋu la, esia aʋã mí be míade bubu amewo ŋu, ne woƒe nuwɔna na esia wɔwɔ sesẽ na mí gɔ̃ hã. Azɔ míade dzesi ame siwo ŋu wòle be míade bubui kple susu si ta wòle be míade bubu wo ŋu.

Yonatan, Saul, kple Israel-srafowo lé woƒe yiwo, akplɔwo kple akpoxɔnuwo ɖe asi le aʋagbedzi.

Togbɔ be Fia Saul do ŋukpe via Yonatan le amewo ŋkume hã la, Yonatan yi edzi de bubu fofoa ŋu henɔ eŋu kplikplikpli le aʋagbedzi (Kpɔ memama 6)


DE BUBU WÒ ƑOMEA ME TƆWO ŊU

7. Nu kae ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míade bubu míaƒe ƒomea me tɔwo ŋu?

7 Kuxia. Míezãa ɣeyiɣi geɖe le míaƒe ƒomea me tɔwo gbɔ. Esia wɔnɛ be míenyana woƒe nɔnɔme nyuiwo kple gbagbãƒewo siaa. Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo tsia dzimaɖi vevie alo woƒe lãme gblẽ si wɔe be beléle na wo sesẽ. Ðewo hã ƒe nuwɔnawo alo nyagbɔgblɔwo gɔ̃ hã ate ŋu ave mí. Ƒometɔwo domee wòle be ame ƒe dzi nadze eme le hafi, gake nublanuitɔe la, bubumademade ame nɔewo ŋu wɔnɛ be dziku kple dzre boŋue va nɔa anyi. Esia wɔnɛ be ɖekawɔwɔ menɔa ƒomewo me o. Míate ŋu atsɔ ƒomea asɔ kple ŋutilã. Ale si ko dɔléle tea ŋu gblẽa nu le ŋutilãa ŋui la, nenema kee ne ƒomea me tɔwo medea bubu wo nɔewo ŋu o la, nuwo agblẽ. Gake esi wònye be wotea ŋu daa dɔléle geɖe ta la, anya wɔ be ƒomea me tɔwo hã nasrɔ̃ ale si woade bubu wo nɔewo ŋu.

8. Nu ka tae wòle vevie be míade bubu míaƒe ƒomea me tɔwo ŋu? (1 Timoteo 5:4, 8)

8 Nu ka tae wòle be míade bubu ƒomea me tɔwo ŋu? (Xlẽ 1 Timoteo 5:​4, 8.) Paulo ƒo nu tso ale si wòle be ƒomea me tɔwo nade bubu wo nɔewo ŋu le agbalẽ gbãtɔ si wòŋlɔ na Timoteo la me. Eɖe eme be nu vevitɔ si aʋã wo woade bubu woƒe aƒemetɔwo ŋue nye didi be ‘yewoƒe nu nadze Mawu ŋu,’ ke menye le esi wòle be woawɔe ta ko o. Esia fia be esi míelɔ̃ Yehowa tae míedea bubu míaƒe ƒometɔwo ŋu ɖo eye wònye míaƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe. Yehowae ɖo ƒomea anyi. (Ef. 3:14, 15) Eya ta ne míedea bubu ƒomea me tɔwo ŋu la, ke míele bubu dem Yehowa, Ame si ɖo ƒomea anyi, la ŋu. (1 Tim. 5:4) Esia nye susu vevi si ta wòle be míade bubu míaƒe ƒomea me tɔwo ŋu!

9. Aleke srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ate ŋu ade bubu wo nɔewo ŋu? (Kpɔ fotoawo hã.)

9 Ale si míade bubu míaƒe ƒomea me tɔwo ŋu. Srɔ̃ŋutsu si dea bubu srɔ̃a ŋu la dea asixɔxɔ eŋu ne woawo ɖeɖe woli alo wole amewo dome gɔ̃ hã. (Lod. 31:28; 1 Pet. 3:7) Maƒoe, aɖi gbɔe, alo ana wòase le eɖokui me be yemele ɖeke me o. Nɔviŋutsu Ariel,a si le Argentina la gblɔ be: “Srɔ̃nye ƒe dɔlélea wɔnɛ be ɣeaɖewoɣi la, egblɔa nya siwo veam. Ne edzɔ alea la, meɖoa ŋku edzi na ɖokuinye be, menye nya mae wòdi be yeagblɔ hafi o. Ne egblɔ nya aɖe wòtɔ dzi nam la, meɖoa ŋku 1 Korintotɔwo 13:5 me nyawo dzi eye esia wɔnɛ be nyemebia dzi o, ke boŋ meƒoa nu nɛ bubutɔe.” (Lod. 19:11) Srɔ̃nyɔnu si dea bubu srɔ̃a ŋu la ƒoa nu nyui tso eŋu na amewo. (Ef. 5:33) Megblɔa gbɔɖiamenyawo, alɔmeɖenyawo alo fewuɖunyawo ɖe eŋu o, elabe enyae be esia ate ŋu agblẽ nu le yewoƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu. (Lod. 14:1) Nɔvinyɔnu aɖe si le Italy si srɔ̃ tsia dzimaɖi vevie la gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, mekpɔnɛ be srɔ̃nye tsia dzi fũu akpa. Tsã la, nye nyagbɔgblɔwo kple ale si meɖoa moe ɖenɛ fiana be nyemede bubu eŋu o. Gake esi meva nɔ ha dem kple ame siwo dea bubu amewo ŋu la, esia ʋã nye hã be meva nɔ bubu dem srɔ̃nye ŋu geɖe wu.”

Fotoawo: Atsu kple asi aɖe le nu wɔm ɖe wo nɔewo ŋu le bubu me. 1. Ŋutsua le nu ƒom na srɔ̃anyɔnua bubutɔe esime wole nu ɖam ɖekae. 2. Nyɔnua le srɔ̃a kafum na ame siwo wokpe esime ŋutsua le nuɖuɖu tsɔm na nɔviŋutsu tsitsi aɖe.

Ne míedea bubu ƒomea me tɔwo ŋu la, ke míele bubu dem Yehowa, Ame si nye ƒomea ƒe Ta, ŋu (Kpɔ memama 9)


10. Aleke viwo ate ŋu aɖee afia be yewodea bubu yewo dzilawo ŋu?

10 Sɔhɛwo, miwɔ ɖe mia dzilawo ƒe mɔfiamewo dzi le ƒomea me. (Ef. 6:1-3) Miƒo nu na mia dzilawo bubutɔe. (2 Mose 21:17) Ne mia dzilawo le tsitsim la, woahiã miaƒe kpekpeɖeŋu geɖe wu. Midze agbagba mialé be na wo nyuie. Bu María, si fofo menye Yehowa Ðasefo o la ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Esi María fofo dze dɔ la, eƒe nuwɔna na wòsẽse na María be wòalé be nɛ. María gblɔ be: “Medo gbe ɖa na Yehowa be wòana made bubu fofonye ŋu eye maɖee afia le nuwɔna me. Megblɔ na ɖokuinye be, ne Yehowa bia tso asinye be made bubu dzinyelawo ŋu la, ke ate ŋu ado ŋusẽm be mawɔe. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, meva de dzesii be ele be mayi edzi ade bubu fofonye ŋu ne metrɔ eƒe nɔnɔme o gɔ̃ hã.” Ne míedea bubu míaƒe ƒomea me tɔwo ŋu, nenye be esia wɔwɔ sesẽ hã la, eɖenɛ fiana be míedea bubu ɖoɖo si Yehowa wɔ la ŋu.

DE BUBU HAXƆSETƆWO ŊU

11. Nu kae ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míade bubu mía nɔviwo ŋu?

11 Kuxia. Mía nɔviwo dzea agbagba be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi; gake ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu adzɔ be womawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o, woabu nazã ɖe mía ŋu alo ado dziku na mí. Ne edzɔ be haxɔsetɔ aɖe wɔ nu wòve mí la, ate ŋu asesẽ be míayi edzi ade bubu eŋu. (Kol. 3:13) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi ade bubu eŋu?

12. Nu ka tae wòle vevie be míade bubu mía nɔvi xɔsetɔwo ŋu? (2 Petro 2:9-12)

12 Nu ka tae wòle be míade bubu mía nɔvi xɔsetɔwo ŋu? (Xlẽ 2 Petro 2:​9-12.) Le lɛta evelia si gbɔgbɔ ʋã Petro wòŋlɔ me la, eƒo nu tso ƒe alafa gbãtɔ me hamea me tɔ siwo nɔ vlo dom “ŋutikɔkɔemewo,” alo Kristotɔ hamemetsitsiwo ŋu. Esi mawudɔla wɔnuteƒewo kpɔ amemabumabu nuwɔna sia teƒe la, aleke wowɔ nui? Womegblɔ nya vlo aɖeke ɖe nu gbegblẽ wɔla siawo ŋu o “le esi wodea bubu Yehowa ŋu ta.” Esia mewɔ nuku ŋutɔ oa? Mawudɔla deblibo siawo kpɔ egbɔ be yewomegblɔ nya veame aɖeke ɖe ŋutsu dadala siawo ŋu o. Ke boŋ, wogblẽ nya la ɖe Yehowa si me be wòadrɔ̃ ʋɔnu wo ahaka mo na wo. (Rom. 14:10-12; tsɔe sɔ kple Yuda 9.) Míate ŋu asrɔ̃ mawudɔlawo ƒe kpɔɖeŋua. Womewɔ nu ɖe tsitretsiɖeŋulawo gɔ̃ hã ŋu amemabumabutɔe o. Ke ɖe wòasɔ be míawɔ nu ɖe mía nɔvi siwo lɔ̃ Yehowa ya ŋu amemabumabutɔea? Kura koŋ o! Ele be ‘míatre wo bubu.’ (Rom. 12:10) Esia aɖee afia be míedea bubu Yehowa ŋu.

13-14. Aleke míate ŋu ade bubu hamea me tɔwo ŋu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ fotoa hã.)

13 Ale si míade bubu nɔvi xɔsetɔwo ŋu. Hamemetsitsiwo, miɖe lɔlɔ̃ fia nɔviawo ɣesiaɣi ne miele nu fiam wo. (Filem. 8, 9) Ne èle aɖaŋu ɖom na ame aɖe la, wɔe le tufafa me ke menye kple dziku o. Nɔvinyɔnuwo, miate ŋu ana bubu nanɔ hamea me ne miedzea agbagba ƒoa asa na ameŋunyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi alo ameŋugbegblẽ. (Tito 2:3-5) Mí katã míate ŋu aɖee afia be míedea bubu hamemetsitsiwo ŋu ne míekpea asi ɖe wo ŋu eye míeɖenɛ fiana be míekpɔa ŋudzedze ɖe dɔ vevi siwo wowɔna ŋu. Wokua kutri kpɔa kpekpewo dzi, woxɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye wokpena ɖe ame siwo “ɖe afɔ baɖa” la ŋu.—Gal. 6:1; 1 Tim. 5:17.

14 Esesẽ na nɔvinyɔnu Rocío be wòade bubu hamemetsitsi aɖe si ɖo aɖaŋu nɛ la ŋu. Egblɔ be: “Dzi kum vevie elabe mese le ɖokuinye me be meƒo nu nam nyuie o. Ne mele aƒe me la, nya gbegblẽwo ko megblɔna tso eŋu. Medo toku eƒe aɖaŋuɖoɖoa. Mekoa nu nɛ le ame dome gake nye ŋutɔ koe nya nu si le susu kple dzi me nam.” Ke nu kae va kpe ɖe Rocío ŋu? Egblɔ be: “Esi menɔ Biblia xlẽm la, mede dzesi nufiame aɖe si dze le 1 Tesalonikatɔwo 5:12, 13. Mekpɔe be nyemenɔ bubu dem nɔviŋutsua ŋu o, si na nye dzitsinya va nɔ fɔ bumem. Medo gbe ɖa na Yehowa tso nɔnɔmea ŋu heku nu me le míaƒe agbalẽwo me eye meva ke ɖe nyatakaka aɖewo ŋu si na metrɔ nye nɔnɔme. Vivivi la, meva kpɔe be menye nɔviŋutsua gbɔe kuxia tso o, ke boŋ dada ye nɔ fu ɖem nam. Fifia mesrɔ̃e be hafi mate ŋu ade bubu amewo ŋu la, ele be mabɔbɔ ɖokuinye. Mekpɔtɔ le agbagba dzem be made bubu amewo ŋu geɖe wu, eye menya be esia dzea Yehowa ŋu.”

Fotoawo: Nɔvinyɔnu tsitsi aɖe le Biblia xlẽm eye wòle ŋugble dem le dɔ vovovo siwo hamemetsitsiwo kua kutri wɔna la ŋu. 1. Hamemetsitsi aɖe le nu fiam le kplɔ̃ta le kpekpe me. 2. Ele kpekpem ɖe nɔviŋutsu tsitsi aɖe si le bunɔkeke me la ŋu. 3. Etsɔ sofi le mɔ ɖem ɖe sno si dza ɖe Fiaɖuƒe Akpataa ŋkume la me.

Mí katã míate ŋu aɖee afia be míedea bubu hamemetsitsiwo ŋu ne míekpea asi ɖe wo ŋu eye míeɖenɛ fiana be míekpɔa ŋudzedze ɖe dɔ sesẽ siwo wowɔna ŋu (Kpɔ memama 13-14)


DE BUBU AME SIWO MENYE YEHOWA ÐASEFOWO O ŊU

15. Nu kae ate ŋu ana wòasẽse na mí be míade bubu ame siwo menye Yehowa Ðasefowo o la ŋu?

15 Kuxia. Zi geɖe ne míele gbeadzi la, míedoa go ame siwo metsɔ ɖeke le Mawu alo Biblia me nyawo me o. (Ef. 4:18) Ame aɖewo hã tiae be yewomaɖo to gbedeasi si míeɖea gbeƒãe la o le hehe si woxɔ tso ɖevime ta. Edzɔna be míaƒe nu medzea míaƒe dɔtɔwo alo sukunufialawo ŋu o eye ɣeaɖewoɣi hã la, míaƒe dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo mewɔa nu ɖe mía ŋu nyuie o. Esia ate ŋu awɔe be ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, míagava nɔ bubu dem wo ŋu alo anɔ nu wɔm ɖe wo ŋu nyuie o.

16. Nu ka tae wòle vevie be míade bubu ame siwo menye Yehowa Ðasefowo o la ŋu? (1 Petro 2:12; 3:15)

16 Nu ka tae wòle be míade bubu ame siwo menye Yehowa Ðasefowo o la ŋu? Ðo ŋku edzi be Yehowa léa ŋku ɖe ale si míewɔa nu ɖe ame siwo mele esubɔm haɖe o la ŋu. Apostolo Petro ɖo ŋku edzi na Kristotɔwo be woƒe agbe nyui nɔnɔ ate ŋu aʋã ame aɖewo “woakafu Mawu.” Le susu sia ta la, exlɔ̃ nu wo be woaɖe woƒe dzixɔsewo me “le tufafa kple bubu deto me.” (Xlẽ 1 Petro 2:12; 3:15.) Kristotɔwo nyae be Mawu ŋkumee yewole ɣesiaɣi, eya ta woɖale woƒe dzixɔsewo me ɖem le ʋɔnu alo le dze ɖom kple woƒe aƒelikawo o, ahiã be woawɔe le bubu me. Le nyateƒe me la, Yehowa le nu siwo katã míewɔna la kpɔm eye wòɖoa to nya siwo míegblɔna kple ale si míegblɔa wo siaa. Esia nye susu vevi aɖe si tae wòle be míade bubu ame siwo menye Yehowa Ðasefowo o la ŋu!

17. Aleke míate ŋu ade bubu ame siwo menye Yehowa subɔlawo o la ŋu?

17 Ale si míade bubu ame siwo menye Yehowa Ðasefowo o la ŋu. Ne míele gbeadzi la, mele be míawɔ nu siwo ana amewo nase le wo ɖokui me be yewomele vevie o alo yewomenya Biblia o. Ke boŋ, míabu wo be woxɔ asi na Mawu eye wonye gã wu mí. (Hag. 2:7; Flp. 2:3) Ne ame aɖe gblɔ nya veame ɖe ŋuwò le wò dzixɔse ta la, mègawɔ wɔɖenui o, mègagblɔ nya siwo atɔ dzi nɛ alo ana wòase le eɖokui me be yemele ɖeke me o. (1 Pet. 2:23) Ne ègblɔ nya aɖe si nèkpɔ be mesɔ o la, ɖe kuku enumake. Aleke nàte ŋu ade bubu amewo ŋu le wò dɔwɔƒe? Nye ame si doa vevie dɔ eye nàde dzesi nɔnɔme nyui siwo le ame siwo nèwɔa dɔ kplii kple wò dɔtɔwo ŋu. (Tito 2:9, 10) Ne ènye ame si ɖia anukware eye nèdoa vevie dɔ la, adze ame aɖewo ŋu eye madze ame aɖewo hã ŋu o, gake Mawu ya akpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò godoo.—Kol. 3:22, 23.

18. Nu ka tae wòle vevie be míaku kutri ade bubu amewo ŋu?

18 Susu nyui geɖewo li siwo tae wòle be míaku kutri ade bubu amewo ŋu! Míekpɔe be ne míedea bubu míaƒe ƒomea me tɔwo ŋu la, ke esia fia be míele bubu dem míaƒe ƒomea ƒe Ta, Yehowa ŋu. Nenema kee, ne míedea bubu mía nɔvi Kristotɔwo ŋu la, ke esia fia be míele bubu dem mía Fofo si le dziƒo la ŋu. Eye ne míedea bubu ame siwo menye Yehowa Ðasefowo o ŋu la, esia aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na wo be woakafu alo ade bubu mía Mawu gã la ŋu. Ne ame aɖewo medea bubu mía ŋu o gɔ̃ hã la, ele vevie be míayi edzi ade bubu wo ŋu ɣesiaɣi. Nu ka tae? Elabena Yehowa ayra mí. Edo ŋugbe be: “Ame siwo buam la, woawoe mabu.”—1 Sam. 2:30.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Aleke míate ŋu ade bubu míaƒe ƒomea me tɔwo ŋu?

  • Aleke míate ŋu ade bubu mía nɔvi xɔsetɔwo ŋu?

  • Aleke míate ŋu ade bubu ame siwo menye Yehowa Ðasefowo o la ŋu?

HADZIDZI 129 Míayi Edzi Ado Dzi

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe