Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Lododowo 30:18, 19 lia ŋlɔla gblɔ be “ŋutsu toƒe le ɖetugbui ŋu” la ‘gbɔ gɔmesese ŋu.’ Nu kae eƒe nyawo fia?
Esesẽ na ame geɖe, ame siwo nya Biblia nyuie gɔ̃ hã, be woase nya sia gɔme. Le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me la, Lododowo 30:18, 19 xlẽ be: “Nu etɔ̃ li, siwo gbɔ nye gɔmesese ŋu, [alo “siwo wɔ nuku nam ale gbegbe,” etenuŋɔŋlɔ], eye nu ene li, siwo nu nyemenya ta le o: Hɔ̃ toƒe le dziƒowo, da toƒe le agakpe dzi, tɔdziʋu toƒe le atsiaƒu gbanaa dzi, kple ŋutsu toƒe le ɖetugbui ŋu.”—Lod. 30:18, 19.
Tsãa, míese nya si nye “ŋutsu toƒe le ɖetugbui ŋu” gɔme be eku ɖe nu gbegblẽ aɖe ŋu. Nu ka tae? Le kpukpui siwo do ŋgɔ me la, woƒo nu tso nanewo siwo gblẽa nu siwo womegblɔna be “enyo gbɔ o” la ŋu. (Lod. 30:15, 16) Eye kpukpui 20 lia ƒo nu tso “nyɔnu ahasitɔ” si gblɔna be yemewɔ nu gbegblẽ aɖeke o la ŋu. Eya ta míesusui be kpukpuia nɔ nu ƒom tso nu siwo dzɔna evɔ màkpɔ dzesi aɖeke o la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, abe ale si ko hɔ̃ dzona toa ya me, da toa agakpe dzi, eye tɔdziʋu toa atsiaƒu gbanaa dzi evɔ màkpɔ dzesi aɖeke o ene la, nenema kee ŋutsu ate ŋu awɔ nu gbegblẽ aɖe evɔ ame aɖeke manya nu tso eŋu o. Esia na míese nya “ŋutsu toƒe le ɖetugbui ŋu” gɔme be eku ɖe nu gbegblẽ ŋu, si nye ale si ɖekakpui aɖe ato ayemɔnu able ɖetugbui aɖe nu aɖadɔ egbɔ la ŋu.
Gake edze ƒãa be menye nu gbegblẽ aɖeke ŋue kpukpui sia le nu ƒom tsoe o. Ðeko Lododo sia ŋlɔla nɔ nu ƒom tso nu siwo wɔ nuku nɛ hewɔ dɔ ɖe edzi la ŋu.
Hebrigbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔwo hã ɖee fia be menye nu gbegblẽ aɖeke ŋue wonɔ nu ƒom tsoe le kpukpui sia me o. Le agbalẽ si nye Theological Lexicon of the Old Testament ƒe nya nu la, Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “gbɔ nye gɔmesese ŋu” le Lododowo 30:18 ɖee fia be enye “nane si wɔ nuku na ame ale gbegbe.”
Nufialagã Crawford H. Toy si le Harvard Yunivɛsiti le Amerika hã ƒo nya ta be menye nu gbegblẽ aɖeke ŋue Biblia me nya sia ku ɖo o. Egblɔ be: “Ke boŋ eku ɖe ale si gbegbe nu siwo woyɔ le kpukpui sia me wɔ nukui la ŋu.”
Eya ta edze ƒãa be susu le eme be míaxɔe ase be nya siwo le Lododowo 30:18, 19 le nu siwo wɔ nuku la ɖɔm eye wogbɔ míaƒe gɔmesese ŋu gɔ̃ hã. Ale si ko hɔ̃ dzona le yame ʋĩi, da tea ŋu ƒua du le agakpe dzi togbɔ be afɔ mele esi o, tɔdziʋu si do agba kpekpe tea ŋu toa atsiaƒu gbanaa la dzi la, nenema kee ale si ɖekakpui kple ɖetugbui ƒe nu léa dzi na wo nɔewo eye wonɔa anyi ɖekae le dzidzɔ mee la wɔ nuku na Biblia ŋlɔla sia, eye ewɔa nuku na míawo hã ŋutɔ.