INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 4/15 axa 32
  • Ne Wolã Ati La Ðe Wògadzena?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Wolã Ati La Ðe Wògadzena?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amiti Tseku le Mawu ƒe Aƒe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Hiob Ka Ðe Tsitretsitsia Dzi
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • ‘Oo, Mawu Ƒe Nunya Me Goglo Loo!’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 4/15 axa 32
Ati si wolã la gadze ake

Ne Wolã Ati La Ðe Wògadzena?

NE ÈTSƆ amiti si glɔ̃ hetro kpaɖikpaɖi sɔ kple Libanon ƒe sederti gãwo la, amitia manya kpɔ na wò kura o. Gake amitiwo tea ŋu tsia agbe le nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me. Amiti aɖewo xɔ abe ƒe 1,000 sɔŋ ene. Amiti ɖea ke yia to me ʋĩi ke, eye ne wolã atia gɔ̃ hã la, egagbɔa agbe. Ne eƒe ke menya ku le to me o ko la, agadze ake.

Nuteƒewɔla Hiob ka ɖe edzi be ne yeku hã la, yeagagbɔ agbe. (Hiob 14:13-15) Etsɔ ati, si ɖewohĩ anye amiti, wɔ kpɔɖeŋui tsɔ ɖee fia be yeka ɖe edzi bliboe be, ŋusẽ le Mawu si be wòafɔ ye tso ku me. Hiob gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ li na ati gɔ̃ hã. Ne wolãe la, agadze” ake. Ne tsi dza le kuɖiɖi megbe la, amiti ƒe takpoe si ƒu la agate ŋu adze “eye wòagato alɔ abe ati fẽ ene.”—Hiob 14:7-9.

Ale si agbledela kpɔa mɔ vevie be amiti si wolã nagagbɔ agbe la, nenemae Yehowa Mawu di vevie be yeagbɔ agbe ye subɔlawo kple ame bubuwo. (Mateo 22:31, 32; Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15) Wò ya kpɔ dzidzɔ si gbegbe wòanye na mí ne wofɔ míaƒe ame vevi siwo ku la ɖe tsitre eye míexɔ wo atuu la ɖa!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe