INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwex nyati 24
  • Woyi Edzi Yehowa Subɔm Le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woyi Edzi Yehowa Subɔm Le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me
  • Yehowa Ðasefowo Ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Nyuiwo Do Tso Eƒe Agbagbadzedze Me
  • Wowɔ Nu Le Xɔse Kple Lɔlɔ̃ Me
  • Ame Sia Ame Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu
  • Jairo Ƒe Ŋkuwoe Kpena Ðe Eŋu Wòsubɔa Mawu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Aleke Míaɖi Ðase na Míaƒe Ƒometɔwoe?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Yehowa Ado Ŋusẽ Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • “Ame Siwo Ðoa To Wò” La Akpɔ Agbe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
Kpɔ Bubuwo
Yehowa Ðasefowo Ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo
ijwex nyati 24
Atsu kple asi aɖe ɖɔ motsyɔnu tsɔ nuɖuɖu aɖewo yi na nɔvinyɔnu tsitsi aɖe.

Woyi Edzi Yehowa Subɔm Le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me

Le ƒe ʋɛ siwo va yi mea, ganyawo tɔ gu le Venezuela ale gbegbe, eye esia wɔe be agbea sesẽ ŋutɔ. Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Edgar gblɔ be: “Le ƒe ʋɛ aɖewo ko mea, nuwo va nɔ asi axɔm ŋutɔ eye ga si ame atsɔ aƒle wo hã meli o. Ðeko wòle abe amedzrowoe míenye le dukɔ bubu me ene!”

Nu kae kpe ɖe Edgar ŋu? Egblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye Carmen míede ŋugble le ale si dutanyanyuigblɔlawo trɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu ne woʋu yi dukɔ siwo me nuwo mede ame dzi le o me la ŋu. Esia ʋã mí míekpɔe be ele be míawo hã míatrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu anɔ agbe tsɛ. Le kpɔɖeŋu me, míeɖoe be míade agble sue aɖe.”

Carmen kple Edgar gbe atadi aɖewo le woƒe agble me ɖe kusi me lé ɖe asi.

Carmen kple Edgar

Gake Edgar kple Carmen gawɔ nu bubu aɖe hã. Woɖoe wo ɖokuiwo dzi fa akɔ na wo nɔvi Kristotɔwo kple ame bubu siwo dzi nu te ɖo. (1 Tesalonikatɔwo 5:11) Edgar gblɔ be, “Menye ɖeko míefa akɔ na wo ko evɔ o, ke míede dzi ƒo na woawo hã be woakpe ɖe ame bubuwo ŋu ale be woakpɔ dzidzɔ si dona tso eme.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Nu Nyuiwo Do Tso Eƒe Agbagbadzedze Me

Le corona dɔvɔ̃a ƒe gɔmedzedzea, Argenis ɖoe be yeaɖe gbeƒã na yeƒe ƒometɔwo. Eƒe ƒometɔ aɖewo lɔ̃ be wòasrɔ̃ Biblia kple yewo to fon dzi.

Argenis nɔ anyi ɖe kplɔ ŋu eye Biblia kple “Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!” gbalẽa le egbɔ, eye wòlé fon ɖe asi.

Argenis

Argenis di hã be yeƒe ƒometɔwo nakpɔ ƒe 2020 takpekpe gã ƒe wɔnawo, gake kuxiae nye be Internet mele wo si o. Eya ta Argenis na Ðasefo bubu si tsɔ ɖe eƒe ƒometɔawo gbɔ la tsɔ takpekpea ƒe videowo ƒe kɔpi yi na wo. Eye Argenis ƒe ƒometɔwo vae ɣe television gã aɖe be yewoatsɔ akpɔ wɔnaa. Hafi woadze takpekpea kpɔkpɔ gɔmea, Argenis ƒo ka na wo do gbe ɖa kpli wo ɖekae. Argenis ƒe agbagbadzedze alea wɔe be eƒe ƒometɔ 4 kple ame 15 bubu te ŋu kpɔ takpekpea.

Wowɔ Nu Le Xɔse Kple Lɔlɔ̃ Me

Atsu kple asi aɖe si ŋkɔe nye Jairo kple Johana si koe ʋu le le woƒe hamea me. Eye wozãnɛ faa tsɔ kpena ɖe nɔviwo ŋu. Gake kuxi aɖe si va do mo ɖae nye be ami si woadze ade ʋua mea va nɔ vevem vevie le wogbɔ. Jairo gblɔ be: “Míenɔa fli me gaƒoƒo geɖe, ɣeaɖewoɣia, zã bliboa gɔ̃ hã, hafi kpɔa ɖe dzena.”

Johana kple Jairo le woƒe ʋu me.

Johana kple Jairo

Jairo se le eɖokui me be yewoƒe agbagbadzedzeawo mezu dzodzro kura o. Egblɔ be: “Ne míetsɔ míaƒe ʋua tsɔ nuwo yi na nɔviwo eye míekpɔ ale si wole akpe dam na Yehowa, ame si naa nu eƒe amewo faa, esia nana dzi dzɔa mí ŋutɔ.”—2 Korintotɔwo 9:11, 14.

Ame Sia Ame Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu

Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Norianni si le eƒe ƒe 20-awo mea se le eɖokui me be yemate ŋu akpe ɖe amewo ŋu o, elabe esusui be yemetsi o. Gake exlẽ 1 Timoteo 4:12, afi si gblɔ be: “Mègana ame aɖeke nado vlo wò ɖekakpuinyenye [alo ɖetugbuinyenye] o. Ke boŋ nànye kpɔɖeŋu na nuteƒewɔlawo.”

Norianni le kpekpem ɖe nɔvinyɔnu tsitsi aɖe ŋu wole lɛta ŋlɔm le ɖaseɖiɖidɔa me.

Norianni

Mawunyakpukpui ma ʋã Norianni wòte ɖe nɔvi tsitsi siwo le woƒe hamea me ŋu na kpekpeɖeŋu wo. Le kpɔɖeŋu me, ekpena ɖe wo ŋu woŋlɔa lɛtawo tsɔ ɖia ɖase na amewo, eye ɣeaɖewoɣi hã, ekpea nɔvi tsitsiawo wowɔa ɖeka kplii ne ele nu srɔ̃m kple eƒe nusrɔ̃viwo. Norianni ƒoa ka alo ŋlɔa text message na nɔvi tsitsi siawo tsɔ dea dzi ƒo na wo. Norianni gblɔ be, “Yehowa na mekpɔe be mate ŋu awɔ geɖe.”

Mía nɔvi siwo le Venezuela le go dom kuxi vovovowo le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. Ke hã, woyi edzi le vevie dom gbeƒãɖeɖedɔa eye wonye ‘ame siwo va zu akɔfafa gã aɖe’ tsoƒe na wo nɔewo.—Kolosetɔwo 4:11; 2 Timoteo 4:2.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe