INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mrt nyati 57
  • Na Yesu Ƒe Vɔsaa Naɖe Vi Na Wò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Yesu Ƒe Vɔsaa Naɖe Vi Na Wò
  • Nyati Bubuwo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo
  • Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo
  • Nyati kple video siwo le Internet dzi
  • Aleke Yehowa Ðasefowo Ƒe Kpekpewo Dede Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Nu Si Míaƒe Kpekpeawo Dede Ðena Fiana Le Mía Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Zã Videowo Nàtsɔ Afia Nu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Ame Kae Nye Yesu?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Nyati Bubuwo
mrt nyati 57
Yesu tsɔ ati si ŋu woaklãe ɖo.

Na Yesu Ƒe Vɔsaa Naɖe Vi Na Wò

Le xexea me godooa, Yehowa Ðasefowo kple ame miliɔn geɖe siwo wokpea, ƒoa ƒu ƒe sia ƒe hena Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi wɔnaa, abe ale si wòde se be woawɔe ene. (Luka 22:19) Wɔna sia kpena ɖe mía ŋu míekpɔa akpa vevi si Yesu ƒe vɔsakua wɔna. Azɔ hã, enana míekpɔa ale si Yesu ƒe vɔsaa le vi ɖem na mí fifia kple ale si wòava ɖe vi na mí le etsɔme.—Yohanes 3:16.

Èɖade Ŋkuɖodzia ƒe sia me alo mète ŋu de o, nu kae nàwɔ be Yesu ƒe vɔsakua naɖe vi na wò? Yesu gblɔ be míawɔ nu vevi eve aɖewo:

  1. 1. Srɔ̃ nu tso Mawu kple Yesu ŋu. Gbe ɖeka Yesu do gbe ɖa na Fofoa si le dziƒo be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.

  2. 2. Wɔ ɖe nu siwo nèsrɔ̃ dzi. Yesu te gbe ɖe edzi be ehiã be míawɔ ɖe yeƒe nufiafiawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, le Yesu ƒe Todzimawunya si xɔ ŋkɔa mea, ekafu ame siwo ‘sea eƒe nyawo hewɔa wo dzia’ tsɔ ƒo eƒe nyawo tae. (Luka 6:46-48) Ɣebubuɣi hã, egblɔ be: “Ne mienya nu siawo la, ekema dzidzɔtɔwoe mianye ne miewɔa wo dzi.”—Yohanes 13:17.

Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso Mawu kple Yesu ŋua? Ðe nèdi aɖaŋuɖoɖo nyui siwo akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nu siwo nàsrɔ̃a dzia? Nu siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò dometɔ aɖewoe nye esi.

Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo

Míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ kple amewo femaxee ƒe ɖoɖoa kpe ɖe ame geɖe ŋu wodzro Biblia me eye wonɔa agbe ɖe emenyawo nu.

  • Yi míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpa si nye Na Ame Aɖe Nadzro Biblia Me Kpli Wò be nànya nu geɖe tso ɖoɖo sia ŋu.

  • Kpɔ video si nye Enyo Ŋutɔ Be Nèdi Be Yeasrɔ̃ Biblia! be nàkpɔ ale si Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Biblia kple amewoe.

Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo

Yehowa Ðasefowo ƒoa ƒu zi eve le kwasiɖaa me ɖe woƒe tadeaguƒe siwo woyɔna be Fiaɖuƒe Akpata me. Le kpekpe siawo mea, míedzroa Biblia me eye míesrɔ̃a ale si míawɔ emenyawo dzi.

Ame sia ame ate ŋu ade míaƒe kpekpeawo faa; mehiã be nànye Ðasefo kokoko hafi ade o. Le ale si nɔnɔmeawo le le mia gbɔ nua, mɔnukpɔkpɔa ate ŋu anɔ anyi be nàde kpekpea le Fiaɖuƒe Akpata me alo to videokadodo dzi.

  • Kpɔ video si nye Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me? be nànya nu siwo yia edzi le kpekpe mawo me.

  • Yi míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpa si nye Yehowa Ðasefowo Ƒe Hame Ƒe Kpekpewo be nàkpɔ kpekpewɔƒe si te ɖe ŋuwò.

Nyati kple video siwo le Internet dzi

Nyati kple video gbogbo siwo le nyatakakadzraɖoƒe sia akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu geɖe tso Yesu ƒe nufiafiawo kple ale si eƒe vɔsakua ɖea vii ŋu.

Le kpɔɖeŋu me, ne èdi be yeanya ale si wòanya wɔ be ame ɖeka ƒe ku naɖe vi na ame miliɔn geɖewoa, xlẽ nyati siwo nye “Yesu Naa Ðeɖe—Le Mɔ Ka Nu?” kple “Nu Ka Tae Yesu Kpe Fu Heku?” alo nàkpɔ video si nye Nu Ka Tae Yesu Ku?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe