INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mrt nyati 64
  • Dziɖula Kae Nàtia?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dziɖula Kae Nàtia?—Nya Kae Biblia Gblɔ?
  • Nyati Bubuwo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Seɖoƒe li na nu si amegbetɔwo ƒe dziɖulawo ate ŋu awɔ
  • Dziɖula aɖe si Mawu tia
  • Dziɖula Siwo Meɖia Anukware O—Nu Si Mawu Fiaɖuƒea Awɔ Tso Eŋu
    Nyati Bubuwo
  • Kplɔla Nyuitɔ—Afikae Míate Ŋu Akpɔe Le?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Amekae Nye Kplɔla Nyuitɔ Egbea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Ðe Kristo Nye Kplɔla Ŋutɔŋutɔ Na Wòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Nyati Bubuwo
mrt nyati 64
Ame aɖe le akɔ dam.

Comstock Images/Stockbyte via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Dziɖula Kae Nàtia?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Amewo le nya me tsom le ame siwo woatia be woanye yewo dzi ɖulawo ŋu.

Nya kae Biblia gblɔ?

Seɖoƒe li na nu si amegbetɔwo ƒe dziɖulawo ate ŋu awɔ

Biblia na míekpɔ nu si ta seɖoƒe li na amegbetɔwo ƒe dziɖulawo katã.

  • “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo ŋu loo, alo ɖe amegbetɔvi si mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o. Eƒe gbɔgbɔ nu tsona, eye wògatrɔna zua anyi; gbe ma gbe ke eƒe tamesusuwo katã nu yina.”—Psalmo 146:3, 4.

Amegbetɔ siwo nye dziɖula nyuitɔwo gɔ̃ hã ava ku gbe ɖeka. Azɔ hã, kakaɖedzi meli be ame siwo ava xɔ ɖe wo teƒea ayi dɔ nyui siwo wowɔa dzi o.—Nyagblɔla 2:18, 19.

Nyateƒeae nye be, Biblia ɖee fia be womewɔ amegbetɔwo be woaɖu amegbetɔwo dzi o.

  • “Ŋusẽ mele amegbetɔ si be eya ŋutɔ nafia mɔ eƒe zɔzɔme o.”—Yeremiya 10:23.

Ðe ame aɖe li egbea si ƒe dziɖuɖu anyo wua?

Dziɖula aɖe si Mawu tia

Biblia na míenya be Mawu tia dziɖula nyuitɔ kekeake si dzi míate ŋu aka ɖo. Eyae nye Yesu Kristo. (Psalmo 2:6) Yesue nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia, eye fiaɖuƒe ma nye dziɖuɖu si le dzi ɖum tso dziƒo.—Mateo 6:10.

Ðe nàtiae be Yesu nanye yeƒe dziɖula? Biblia na míekpɔ nu si tae nya sia nye ŋkubiãnya:

  • “Mide bubu via [Yesu Kristo] ŋu, be Mawu nagado dɔmedzoe, ne miatsrɔ̃ ɖa le mɔ la dzi o, elabena eƒe dziku flana kaba. Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo katã sinɛ tsona.”—Psalmo 2:12.

Fifiae wòle be nàtso nya me. Biblia me nyagblɔɖiwo ɖee fia be Yesu dze dziɖuɖu gɔme le ƒe 1914 me, eye madidi o Mawu Fiaɖuƒea ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe.—Daniel 2:44.

Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ale si nàwɔ anɔ Yesu ƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzi ŋua, xlẽ nyati si nye “Tiae Be Yeade Mawu Fiaɖuƒea Dzi Fifia!”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe