Aʋawɔnuwo: Anton Petrus/Moment via Getty Images; money: Wara1982/iStock via Getty Images Plus
NƆ ŊUDZƆ!
Aʋawɔwɔ Na Wole Miliɔn Gbogbowo Gblẽm—Nu Bubu Kawo Hã Gblẽmee Wòle?
Menye ga vie wozãna ɖe aʋawɔwɔ ŋu o.
“Le ƒe si va yi me la, dziɖuɖu siwo le xexea me godoo zã Amerika dɔlar miliɔn teƒe miliɔnwo ɖe aʋawɔwɔwo ŋu. Womezã ga sia gbegbe ɖe aʋawɔwɔ ŋu le ƒe aɖeke me kpɔ o.”—The Washington Post, February 13, 2024.
Gake menye ga dome koe aʋawɔwɔ le gbegblẽm o. Bu kpɔɖeŋu ɖeka ŋu kpɔ: Aʋa si le edzi yim le Ukraine.
Sodzawo. Wobu akɔnta be tso esime aʋaa dze egɔme ƒe evee nye esi va yi la, sodza siwo ku kple esiwo xɔ abi la ade 500,000.
Dumeviwo. Dukɔ Ƒoƒuawo ka nya ta be dumevi siwo ku kple esiwo xɔ abi la wu 28,000. Gake Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe amegã aɖe gblɔ be: “Ame siwo gbegbe ŋu aʋa sia gblẽ nu le vevie la mele gbɔgblɔ me o.”a
Aʋa siwo le dzɔdzɔm le xexea me godoo na ame gbogbowo le fu kpem ale gbegbe.
Miliɔn 114. Le xexea me godoo la, ame siawo gbegbee bu woƒe aƒewo le aʋawɔwɔ ta.
Miliɔn 783. Ame gbogbo siawoe dɔ le wuwum vevie. “Aʋawɔwɔ koŋue na dɔ le amewo wum; ame siwo dɔ wuna le xexea me la ƒe 70 le alafa me le teƒe siwo aʋa le nu gblẽm le.”—Xexeame ƒe Nuɖunyawo Gbɔkpɔha.
Ðe aʋawɔwɔ nu ayia? Ðe míava nɔ ŋutifafa me gbe ɖeka? Ðe ɣeyiɣi aɖe ava esime naneke magahiã ame o eye ame sia ame aɖu nu aɖi ƒoa? Nya kae Biblia gblɔ?
Ɣeyiɣi si me aʋawɔwɔwo axɔ aƒe ɖi
Biblia gblɔe ɖi be aʋa adzɔ le xexea ƒe akpa vovovowo. Ezã sɔdola aɖe tsɔ wɔ esia ƒe kpɔɖeŋu.
“Sɔ bubu aɖe do, ebiã hɛ̃, eye woɖe mɔ na ame si bɔbɔ nɔ edzi la be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, ne amewo nawu wo nɔewo, eye wotsɔ yi gã aɖe nɛ.”—Nyaɖeɖefia 6:4.
Sɔdola eve kplɔ sɔdola gbãtɔ ɖo eye wole tsitre ɖi na dɔwuame kple ku si axɔ anyigbaa katã dzi le dɔ vɔ̃wo kple kuxi bubuwo ta. (Nyaɖeɖefia 6:5-8) Ne èdi be yeanya nu geɖe tso Biblia me nyagblɔɖi sia kple nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be ele eme vam le míaƒe ɣeyiɣia me ŋu la, xlẽ nyati si nye “Sɔdola Eneawo—Ame Kawoe Wonye?”
Ɣeyiɣi si me ŋutifafa ava
Madidi o, womagazã xexea ƒe kesinɔnuwo ɖe aʋawɔwɔwo ŋu o. Gake menye amegbetɔ aɖekee ana esia nava eme o. Biblia gblɔ be:
Mawu atsi “aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi.”—Psalmo 46:9.
Mawu aɖɔ nu siwo katã aʋawɔwɔ gblẽ la ɖo. “Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.
Mawu akpɔ egbɔ be ame sia ame le ŋutifafa me. “Nye dukɔ anɔ teƒe siwo ŋutifafa le, aƒe siwo me dedienɔnɔ le kple teƒe siwo tomefafa kple dziɖeɖi le.”—Yesaya 32:18.
Biblia gblɔe ɖi be aʋawɔwɔ kple nu bubu siwo teƒe kpɔm míele egbea la nye dzesi siwo le eɖem fia be ŋutifafa ƒe ɣeyiɣi ma tu aƒe.
Aleke Mawu ana ŋutifafa sia nava? Awɔ esia to eƒe dziɖuɖu si le dziƒo, si nye eƒe Fiaɖuƒea dzi. (Mateo 6:10) Ne èdi be yeanya nu si Fiaɖuƒe sia nye kple ale si wòaɖe vi na wòe la, kpɔ video kpui si nye Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?
a Miroslav Jenca, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã ƒe kpeɖeŋutɔ na Europa, December 6, 2023.