NƆ ŊUDZƆ!
Nu Kae Wòfia Be Ame Nanye Kristotɔ?—Nya Kae Biblia Gblɔ?
Egbea la, ame geɖe le xexea me godoo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye, gake womewɔa nu ɖe amewo ŋu nyuie kura o. Wo dometɔ aɖewo dia wo ɖokui tɔ, womeɖia anukware o eye womenyoa dɔme na amewo o. Bubuwo hã mewɔa nuteƒe na wo srɔ̃wo o. Nuwɔna siawo katã nana ame aɖewo biana be: ‘Nu ka tututue wòfia be ame nanye Kristotɔ?’
Nu si tututu wòfia be ame nanye Kristotɔ
Ele bɔbɔe be ame nagblɔ be yenye Kristotɔ. Gake ema ɖeɖe mesu o. Biblia na míenya be ame si nye Kristotɔ la nye Yesu ƒe nusrɔ̃la. (Dɔwɔwɔwo 11:26) Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Ne mieyi edzi lé nye nya la me ɖe asi la, ekema nye nusrɔ̃lawo mienye vavã.” (Yohanes 8:31) Le nyateƒe me la, ame aɖeke mate ŋu awɔ Yesu ƒe nyawo dzi bliboe o. Gake ele be Kristotɔ nadze agbagba awɔ nu siwo Yesu fia la dzi; esia adze le ale si wòwɔa nui gbe sia gbe me. Kpɔ kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.
Kristotɔwo lɔ̃a ame
Nya si Yesu gblɔ: “Mele se yeye nam mi be mialɔ̃ mia nɔewo; ale si melɔ̃ mi la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yohanes 13:34, 35.
Nu si Yesu wɔ: Teƒe ka kee amewo tso o, ga le wo si alo ga mele wo si o, woxɔ ŋkɔ alo wonye ame tsɛwo o, Yesu lɔ̃ wo katã. Eda dɔ na dɔnɔwo, ena nuɖuɖu ame siwo dɔ nɔ wuwum eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe amewo ta gɔ̃ hã.—Mateo 14:14-21; 20:28.
Ale si Kristotɔwo wɔa nui: Kristotɔwo lɔ̃a amewo katã, wonyoa dɔme, womedea vovototo amewo me o eye wotsɔna kena faa. Wokpena ɖe ame siwo hiã tu la ŋu, eye wolɔ̃na faa tsɔa nuwo saa vɔ ɖe ame bubuwo ta.—1 Yohanes 3:16.
Kristotɔwo ɖia anukware
Nya si Yesu gblɔ: “Nyee nye . . . nyateƒe la.”—Yohanes 14:6.
Nu si Yesu wɔ: Yesu ɖi anukware le eƒe nuƒoƒo kple nuwɔna ɖe sia ɖe me. Meflu amewo alo ble wo nu kpɔ be woawɔ nu si yedi o. Amewo nya Yesu be eɖia anukware, ne ema adee nya me gɔ̃ hã.—Mateo 22:16; 26:63-67.
Ale si Kristotɔwo wɔa nui: Kristotɔwo medaa alakpa o. Woxea adzɔ, womefia fi o eye wodoa vevie nu le woƒe dɔwɔƒewo be woadze na fetu siwo woxena na wo. (Romatɔwo 13:5-7; Efesotɔwo 4:28) Womeflua amewo xɔa woƒe gawo o, womefia sukudodokpɔwo o, eye womeŋlɔa nya siwo mele eteƒe o la ɖe woƒe dɔbiagbalẽwo dzi o.—Hebritɔwo 13:18.
Kristotɔwo nyoa dɔme
Nya si Yesu gblɔ: “Miva gbɔnye, mi ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana gbɔdzɔe mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena mefa tu, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ gbɔdzɔe na mia ɖokuiwo. Elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”—Mateo 11:28-30.
Nu si Yesu wɔ: Yesu nyo dɔme eye enye ame si ŋu wote ŋu tena ɖo faa. Ewɔ nu ɖe ɖeviwo ŋu lɔlɔ̃tɔe, efa akɔ na ame siwo dzi nu te ɖo eye wòde bubu amewo ŋu.—Marko 10:13-15; Luka 9:11.
Ale si Kristotɔwo wɔa nui: Kristotɔwo ƒoa nu na amewo nyuie; womedzua ame alo daa gbe ɖe ame gbɔ o. (Efesotɔwo 4:29, 31, 32) Wotsɔa ɖe le eme na ame eye wodia mɔ si siwo dzi woato akpe ɖe amewo ŋu.—Galatiatɔwo 6:10.
Kristotɔwo wɔa nuteƒe na wo srɔ̃wo
Nya si Yesu gblɔ: “Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.”—Marko 10:9.
Nu si Yesu wɔ: Togbɔ be Yesu meɖe srɔ̃ kpɔ o hã la, ede dzi ƒo na srɔ̃tɔwo be woawɔ nuteƒe na wo nɔewo. (Mateo 19:9) Exlɔ̃ nu wo be woagawɔ nu siwo ana woƒe srɔ̃ɖeɖe me nagblẽ o.—Mateo 5:28.
Ale si Kristotɔwo wɔa nui: Kristotɔwo mewɔa nu siwo aklo bubu le woƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu o. (Hebritɔwo 13:4) Srɔ̃tɔwo lɔ̃a wo nɔewo eye wodea bubu wo nɔewo ŋu.—Efesotɔwo 5:28, 33.