Photo by Stringer/Getty Images
NƆ ŊUDZƆ!
Aʋa Siwo Le Edzi Yim Le Israel Kple Dukɔ Siwo Te Ðe Eŋu Dome
Ame geɖe tsi dzi ɖe aʋa si le edzi yim le Amerika, Israel kple Iran dome ŋu vevie. Ðe nɔnɔmea ado gã ɖe edzi ale gbegbe be aʋaa nagblẽ nu le dukɔ bubuwo hã ŋua? Ðe dziɖuɖuwo ate ŋu atsi ʋunyaʋunya siwo le edzi yim la nu ale be ŋutifafa nanɔ xexea mea?
Ame siwo nya nu tso Biblia me nyagblɔɖiwo ŋu ate ŋu anɔ esusum be Armagedon-ʋa si ŋu Biblia ƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la ƒe gɔmedzedzee nye aʋa si le edzi yim le Iran kple Israel dome.
Nya kae Biblia gblɔ?
Ðe dziɖuɖuwo atsi aʋawɔwɔ nu le Israel kple dukɔ siwo te ɖe eŋu mea?
Biblia gblɔ be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo ŋu loo, alo ɖe amegbetɔvi si mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.”—Psalmo 146:3.
Mímenya ne dziɖuɖuwo ate ŋu ana ŋutifafa nanɔ Israel kple dukɔ siwo te ɖe eŋu me o. Gake Biblia na eme kɔ be dukplɔla alo amegbetɔ ƒe dziɖuɖu alo amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖeke mate ŋu atsi aʋawɔwɔwo nu eye wòana ŋutifafa naxɔ xexea me o. Mawu ɖeka koe ate ŋu ‘atsi aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi.’—Psalmo 46:9.
Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe kpee la, xlẽ Gbetakpɔxɔ magazine si ƒe tanyae nye “Aleke Wòadzɔe Be Aʋawɔwɔ Nu Nayi Keŋkeŋ?”
Ðe aʋa si le edzi yim le Iran kple Israel dome la na Biblia me nyagblɔɖi aɖe le eme vama?
Biblia gblɔ be: “Miase aʋawɔwɔwo kple aʋawɔwɔwo ŋu nyawo. . . . Dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu.”—Mateo 24:6, 7.
Aʋa si le edzi yim fifi laa le Iran kple Israel dome la hã ɖee fia be míele “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi,” si Biblia gayɔ be “ŋkeke mamlɛawo.” (Mateo 24:3; 2 Timoteo 3:1) Aʋawɔwɔ siwo teƒe kpɔm míele egbea la ɖee fia be Mawu atsi aʋawɔwɔ nu kpuie eye kuxi bubu siwo katã le fu ɖem na mí la hã nu ayi.
Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe kpee la, xlẽ nyati si nye “Nu Kae Nye ‘Ŋkeke Mamlɛawo’ Alo ‘Nuwuɣi’ La Ƒe Dzesi?”
Ðe Armagedon-ʋa adze egɔme le Israel kple dukɔ siwo te ɖe eŋu mea?
Biblia gblɔ be: “Woƒo wo nu ƒu ɖe teƒe si woyɔna le Hebrigbe me be, Armagedon.”—Nyaɖeɖefia 16:16.
Menye aʋa si ayi edzi le amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo dome, si adze egɔme le Israel kple dukɔ siwo te ɖe eŋu mee Armagedon-ʋaa nye o. Ke boŋ enye aʋa si ayi edzi le xexea me godoo le Mawu kple amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo katã dome.
Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe kpee la, xlẽ nyati si nye “Nu Kae Nye Armagedon-ʋa La?”
Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe dzi ɖi ne nuwo tɔ zi?
Biblia gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo.”—Filipitɔwo 4:6.
Yehowaa Mawu di be míado gbe ɖa na ye. Esi Mawu tsɔ ɖe le eme na mí ta la, ase míaƒe gbedodoɖawo eye wòakpe ɖe mía ŋu míaɖe dzi ɖi. (1 Petro 5:7) Mɔ ɖeka aɖe si dzi wòtona wɔa esiae nye be ekpe ɖe mía ŋu míese nu si tae aʋawɔwɔwo bɔ egbea gɔme, ale si wo nu ava yi kple nu si wòawɔ atsɔ aɖe míaƒe vevesese kple fukpekpewo ɖa.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ale si Mawu kpena ɖe mía ŋu ŋu la, xlẽ nyati si nye “Àte Ŋu Akpɔ Akɔfanyawo Le Biblia Me.” (Ele yevugbe me.)
a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.