INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 49
  • Afi Kae Abosam Le?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Afi Kae Abosam Le?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Satana
    Nyɔ!—2013
  • “Mitsi Tsitre Ðe Abosam Ŋu” Abe Ale Si Yesu Wɔe Ene
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Dziɖula Siwo Le Gbɔgbɔmenutowo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tsi Tre Ðe Abosam Ŋu, Ekema Asi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 49

Afi Kae Abosam Le?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Esi wònye gbɔgbɔmenuwɔwɔe Abosam nye ta la, enɔa xexe aɖe si womate ŋu akpɔ kple ŋku o me. Gake menye dzo mavɔ mee teƒe sia nye o. Menye teƒe aɖe si wònɔa funyafunya wɔm ame vɔ̃ɖiwo le abe ale si wòdze le nɔnɔmetata si le nyati sia me la me ene o.

“Aʋa dzɔ le dziƒo”

Ɣeaɖeɣi la, Satana Abosam tea ŋu yia afi sia afi si dzroe le gbɔgbɔmexexea me faa, eye etea ŋu nɔa mawudɔla wɔnuteƒewo dome woyina ɖe keke Mawu ŋkume ke gɔ̃ hã. (Hiob 1:6) Gake Biblia gblɔe ɖi be aʋa adzɔ “le dziƒo” eye woatsɔ Satana aƒu “gbe ɖe anyigba” dzi. (Nyaɖeɖefia 12:7-9) Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu kple xexemenudzɔdzɔwo siaa ɖo kpe edzi be wowɔ aʋa sia vɔ. Fifia Abosam va tsi anyigba ƒe nutowo me.

Ðe esia fia be Abosam ƒe nɔƒe le míaƒe anyigba ƒe teƒe aɖe koŋua? Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ tso blemadu Pergamo ŋu be enye “afi si Satana ƒe fiazikpui le” kple “afi si Satana le.” (Nyaɖeɖefia 2:13) Anɔ eme godoo be nu si koŋ nya siawo fiae nye ale si trɔ̃subɔsubɔ xɔ aƒe ɖe du ma me blibaa. Biblia gblɔ be Abosam le “anyigba dzi nɔlawo ƒe fiaɖuƒewo katã” dzi ɖum, eya ta menɔa anyigba ƒe teƒe aɖe si woate ŋu akpɔ kple ŋku o, ke boŋ ele anyigba ƒe nutowo me eye woxe mɔ ɖe enu be nuto ma me ko wòanɔ.​—Luka 4:​5, 6.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe