INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwfq nyati 23
  • Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meyia Aʋa O?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meyia Aʋa O?
  • Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Akpa si míewɔna le nutoa me
  • “Womenye Xexeame ƒe Akpa Aɖeke O”
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meyia Aʋa o?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • “Womenye Xexeame ƒe Akpa Aɖeke O”
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Mawu Kple Kaisaro
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
ijwfq nyati 23
Asrafowo be eye wole tu dam le aʋa me.

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meyia Aʋa O?

Yehowa Ðasefowo meyia aʋa o ɖe susu siwo gbɔna ta:

  1. Toɖoɖo Mawu. Biblia gblɔ be mawusubɔlawo atsɔ “woƒe yiwo atu kodziwoe,” eye “womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”​—Yesaya 2:4.

  2. Toɖoɖo Yesu. Yesu gblɔ na apostolo Petro be: “Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe, elabena ame siwo katã tsɔa yi la, yi nue woatsi.” (Mateo 26:​52) Yesu gblɔ nya sia tsɔ ɖee fia be ye yomedzelawo makpɔ gome le aʋawɔwɔ me o.

    Yesu ƒe nusrɔ̃lawo wɔna ɖe se si Yesu de be womeganye “xexea ƒe akpa aɖeke o” la dzi, eya ta womedea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o. (Yohanes 17:​16) Womelɔa gbɔ tsɔ tsia tre ɖe aʋawɔwɔ ŋu o, eye womexea mɔ na ame siwo ɖoe be yewoazu asrafowo la hã be womegage ɖe asrafodɔ me o.

  3. Lɔlɔ̃ na amewo. Yesu de se na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Milɔ̃ mia nɔewo.” (Yohanes 13:​34, 35) Esia ana woanye xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si me tɔ aɖeke mawɔ aʋa kple nɔvia o.​—1 Yohanes 3:​10-12.

  4. Kristotɔ gbãtɔwo ƒe kpɔɖeŋu. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Yesu yomedzela gbãtɔwo gbe aʋawɔwɔ kple asrafodɔwɔwɔ, eye wobua nuwɔna mawo be womewɔ ɖeka kple lɔlɔ̃ si ƒe dzi Yesu de ƒo kple se si wòde be woalɔ̃ ame ƒe futɔ la o.” (Encyclopedia of Religion and War) Nenema kee Germanytɔ mawunyaŋununyala Peter Meinhold hã gblɔ be: “Wobua Kristotɔnyenye kple asrafonyenye be wonye nu eve siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu kura.”

Akpa si míewɔna le nutoa me

Yehowa Ðasefowo nye ame ɖɔʋu siwo ƒe nuwɔna dea nutoa me tɔwo dzi eye womenye afɔku aɖeke na dukɔ siwo me wole la o. Míedea bubu dziɖuɖuwo ŋu le ɖekawɔwɔ kple Biblia ƒe sedede siwo gbɔna:

  • ‘Mibɔbɔ mia ɖokui na ŋusẽtɔ siwo kɔ wu.’​—Romatɔwo 13:1.

  • “Mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, gake nu siwo nye Mawu tɔ la, na Mawu.”​—Mateo 22:21.

Eya ta míewɔna ɖe se dzi, míexea adzɔ, eye míekpea asi ɖe ɖoɖo siwo dziɖuɖua wɔ be woade amewo dzi la ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe