INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 68
  • Ame Kawoe Yia Dzo Mavɔ Me?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kawoe Yia Dzo Mavɔ Me?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Nukae Dzɔ ɖe Hell ƒe Dzoa Dzi?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Nuka Tututue Nye Hell?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Dzixɔse Aɖe Si De Du
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ŋusẽ Kae Nyateƒe Si Ku Ðe Dzo Mavɔ Ŋu La Sɔsrɔ̃ Akpɔ Ðe Dziwò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 68

Ame Kawoe Yia Dzo Mavɔ Me?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Nu si nya si gɔme woɖe be dzo mavɔ (Hebrigbe me nya “Sheol” kple Helagbe me nya “Hades”) fia koe nye yɔdo alo tsiẽƒe, ke menye teƒe aɖe si dzo nɔa bibim le tegbee si wowɔa funyafunya amewo lee o. Ame kawoe yia afi ma? Nu nyui wɔlawo kple nu gbegblẽ wɔlawo siaa. (Hiob 14:13; Psalmo 9:17) Biblia gblɔ be ameƒomea ƒe yɔdo siae nye afi si “agbagbeawo katã ƒoa ta kpli ɖo.”—Hiob 30:23.

Yesu gɔ̃ hã yi tsiẽƒe si gɔme woɖe be dzo mavɔ esi wòku. Ke hã, “womegblẽe ɖe tsiẽƒe o,” elabe Mawu fɔe ɖe tsitre.​—Dɔwɔwɔwo 2:31, 32, Eʋegbe Biblia.

Ðe ame siwo yi teƒe si woyɔna be dzo mavɔ me la anɔ afi ma tegbeea?

Yesu azã Mawu ƒe ŋusẽ atsɔ afɔ ame siwo katã yi tsiẽƒe si gɔme woɖena be dzo mavɔ la. (Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15) Wogblɔ le Nyaɖeɖefia 20:13 tso ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋu be “ku kple Hades tsɔ ame kuku siwo nɔ wo me la na.” Ne wonya fɔ ame siwo katã le tsiẽƒe si gɔme wolɔ̃a ɖeɖe be dzo mavɔ me vɔ ko la, nu si amewo lɔ̃a yɔyɔ be dzo mavɔ la maganɔ anyi o, elabena “ku maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4; 20:14.

Gake menye ame sia ame si ku lae yina ɖe teƒe si woyɔna be dzo mavɔ la me o. Biblia gblɔ be ame aɖewo nyrɔ wo ɖokuiwo ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me ale gbegbe be womagate ŋu atrɔ dzi me o. (Hebritɔwo 10:26, 27) Ne ame siawo ku la, womeyia teƒe si woyɔna be dzo mavɔ o, ke boŋ Gehena, si fia tsɔtsrɔ̃ ɖikaa. (Mateo 5:29, 30) Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ na subɔsubɔhakplɔla alakpanuwɔla siwo nɔ anyi le eŋɔli la be woayi Gehena.​—Mateo 23:27-33

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe