INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 80
  • Ðe Woɖo Ɣeyiɣi Si Míaku La Ðia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Woɖo Ɣeyiɣi Si Míaku La Ðia?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Ɣeyiɣi Li Na Nu Sia Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Ðe Woɖo Míaƒe Etsɔme Ði Do Ŋgɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • ‘Amegbetɔ ƒe Agbanɔamedzi Blibo La’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Afi Kae Míeyina Ne Míeku?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 80
Wokɔ ame aɖe le dɔnɔkɔʋu me dem eye nukpɔlawo le ekpɔm

Ðe Woɖo Ɣeyiɣi Si Míaku La Ðia?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Ao, womeɖo ɣeyiɣi si míaku la ɖi o. Biblia meda asi ɖe dzɔgbese alo nu ɖoɖiname ƒe nufiafia dzi o, nu si wòfia boŋue nye be zi geɖe la, “nuɖiɖeame” gbɔe míaƒe ku tsona.—Nyagblɔla 9:11.

Ðe Biblia megblɔ be “kuɣi li” oa?

Ɛ̃, Nyagblɔla 3:2 gblɔ be “Vidziɣi li, eye kuɣi li; nuƒãɣi li, eye nuŋeɣi li.” Ke hã nya siwo ƒo xlã nya siawo ɖee fia be ale si agbemenuwɔnawo yia edzi ɖaa ŋutie Biblia le nu ƒom tsoe. (Nyagblɔla 3:1-8) Abe ale si ko Mawu mezia agbledela aɖeke dzi be wòaƒã nu le ɣeyiɣi aɖe koŋ me o la, nenema kee Mawu meɖo ɣeyiɣi si míaku la ɖi na mí o. Ke boŋ nya la ƒe veviƒee nye be míaƒo asa na dzitsitsi ɖe xexemenuwo alo ŋutilãmenuwo ŋu ale be míagagblẽ mía Wɔla la ɖi o.​—Nyagblɔla 3:​11; 12:​1, 13.

Míate ŋu anɔ agbe didi

Togbɔ be míate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe agbemenudzɔdzɔwo dzi o hã la, míaƒe nyametsotso nyuiwo ate ŋu awɔe be míanɔ agbe didi. Biblia gblɔ be: “Nunyala ƒe nufiafia la, agbevudo wònye, eɖea ame tso ku ƒe mɔ̃tetrewo me.” (Lododowo 13:14) Nenema ke Mose hã gblɔ na Israel-viwo be woate ŋu anɔ “agbe didi” nenye be wowɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi. (5 Mose 6:2) Gake míate ŋu atso míaƒe agbe dzi nenye be míenɔa agbe baɖa alo wɔa bometsinuwo.​—Nyagblɔla 7:17.

Ke hã, aleke ke míeɖadze nunya alo ɖɔ ŋu ɖo le agbe mee o, mímate ŋu asi le ku nu o. (Romatɔwo 5:12) Gake manɔ alea ɖaa o, elabe Biblia do ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime “ku maganɔ anyi akpɔ o”—Nyaɖeɖefia 21:4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe