INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwyp nyati 33
  • Ðe Xexea Dzɔ Le Eɖokui Sia?—Akpa 2

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Xexea Dzɔ Le Eɖokui Sia?—Akpa 2
  • Sɔhɛwo Biana Be
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Susu eve siwo tae mele be nàxɔ nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia dzi ase o
  • Bu nyabiase siawo ŋu kpɔ
  • Ðe Wòle Be Maxɔ Nɔnɔmetɔtrɔ Ƒe Nufiafia Dzi Asea?
    Nya 10 Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ðe Amedzɔtsolãme Ƒe Nufiafia Wɔ Ðeka Kple Bibliaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ðe Xexea Dzɔ Le Eɖokui Sia?​—Akpa 1: Nu Ka Tae Wòle Be Nàxɔ Mawu Dzi Ase?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Nɔnɔmetɔtrɔ Dzie Mawu To Wɔ Nu Gbagbe Vovovoawoa?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Sɔhɛwo Biana Be
ijwyp nyati 33
Wole nu fiam amewo tso nɔnɔmetɔtrɔ ŋu le suku kɔkɔwo me

SƆHƐWO BIANA BE

Ðe Xexea Dzɔ Le Eɖokui Sia?​—Akpa 2: Nu Ka Tae Mele Be Nàxɔ Nɔnɔmetɔtrɔ Ƒe Nufiafia Dzi Ase O?

Alex tɔtɔ kura. Exɔ Mawu dzi se tso gbe aɖe gbe ke eye wòxɔe se hã be ɖe wowɔ xexea. Gake egbea woƒe nugbagbeŋutinunyafiala gblɔe gbeteɖedzitɔe be dzɔdzɔmeŋutinunya vavã dzie wotu nu gbagbewo ƒe nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia ɖo. Alex medi be woabu ye bometsilae o. Egblɔ na eɖokui be: ‘Ne dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ɖo kpe nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia dzia, ame kae menye atɔ gbe wo?’

Èse le ɖokuiwò me alea kpɔa? Ðewohĩ èxɔ nya si Biblia gblɔ be “le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba” la dzi se le wò agbe me katã. (1 Mose 1:1) Gake nyitsɔ laa la, amewo va le agbagba dzem be yewoana nàxɔe ase be nyakpakpae nya siwo wogblɔna be ɖe wowɔ xexea la nye eye be nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia boŋue nye nyateƒea. Ðe wòle be nàxɔ wo dzi asea? Nu ka tae mele be nàxɔ nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia dzi ase o?

  • Susu eve siwo tae mele be nàxɔ nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia dzi ase o

  • Bu nyabiase siawo ŋu kpɔ

  • Nya siwo hawòtiwo gblɔ

Susu eve siwo tae mele be nàxɔ nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia dzi ase o

  1. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe susuwo to vovo le ale si nu gbagbewo wɔ trɔ la ŋu. Togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ku me geɖe tso nu gbagbewo ƒe nɔnɔmetɔtrɔ ŋu hã la, woƒe susu mewɔ ɖeka o.

    Bu nya sia ŋu: Ne dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo wòle be woaɖu tu na nya siwo ku ɖe nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia ŋu ŋutɔ hã mete ŋu le ta kpɔm na nya sia o la, ɖe wòanye nu gbegblẽ ne mèxɔ woƒe nufiafia ma dzi se oa?​—Psalmo 10:4.

  2. Nu si dzi nèxɔ se le vevie. Ŋutsuvi si ŋkɔe nye Zachary gblɔ be: “Ne ɖeko nu gbagbewo dzɔ le wo ɖokuiwo si la, ke viɖe aɖeke mele míaƒe agbe kple xexea blibo la katã ŋu o.” Susu le eƒe nyaa me. Nya lae nye be nenye be ɖeko nuwo dzɔ le wo ɖokui si la, ke efia be tameɖoɖo gobi aɖeke mele míaƒe agbe ŋu. (1 Korintotɔwo 15:32) Evɔ nenye nyateƒe be ɖe wowɔ xexea kple emenuwo la, míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo fakɔnamewo na nyabiase siwo ku ɖe tameɖoɖo si le agbe ŋu kple ale si etsɔme anɔ ŋu.​—Yeremiya 29:11.

    Bu nya sia ŋu: Vi kae nyateƒe si ku ɖe nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia kple xexemewɔwɔ ŋu nyanya aɖe na wò?​—Hebritɔwo 11:1.

Bu nyabiase siawo ŋu kpɔ

NYA SI AMEWO GBLƆNA: ‘Nu siwo katã le xexea me la dzɔ tso nane si wò kpoyi le vo me la gbɔ.’

  • Ame kae na nua wò alo nu kae na wòwò?

  • Eka mee susu le wu, be woaxɔe se be nu siwo katã le xexea me metso naneke gbɔ o loo alo be woaxɔe se be nane alo ame aɖe gbɔe nu siwo katã le xexea me tso?

NYA SI AMEWO GBLƆNA: ‘Lãwoe nɔ tɔtrɔm ʋuu va zu amegbetɔwo.’

  • Nenye lãwo, abe kesewo ene mee amegbetɔwo dzɔ tso ɖe, ke nu ka tae amegbetɔwo nya nu sãsãsã wu kesewo?a

  • Nu ka tae nu gbagbe “kpokploetɔ” kekeake gɔ̃ hã ƒe wɔwɔme de ŋgɔ ŋutɔ?b

NYA SI AMEWO GBLƆNA: ‘Kpeɖodziwo li be ɖeko nu gbagbewo dzɔ le wo ɖokuiwo si.’

  • Ðe ame si gblɔ nya sia ŋutɔ ku nu me hekpɔ kpeɖodziwoa?

  • Ðe ame gbogbo mawo xɔ nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia dzi se le esi wogblɔ na wo be nunyalawo katã hã xɔ edzi se ta?

NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ

Gwen

Gwen

“Tsɔe be ame aɖe gblɔ na wò be nane wò le agbalẽtaƒe aɖe eye nuŋlɔtsiwo hlẽ ɖe gliwo kple xɔdzisasrãwo ŋu hezu nyagɔmeɖegbalẽ blibo. Àxɔe asea? Ke ɖe masesẽ ŋutɔ be woaxɔe se be nane si wò le vo me gbɔe xexe sia si le ɖoɖo nu la dzɔ tso oa?”

Jessica

Jessica

“Nɔnɔme siwo le amegbetɔwo si de ŋgɔ sãsãsã wu esi wohiã na agbenɔnɔ dzaa ko. Le nyateƒe me la, míekpɔa dɔnɔwo gbɔ eye míekpena ɖe ame siwo dzi nu mede o la ŋu. Nu ka tae míawɔ esia nenye be nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia si nye ‘ŋusẽtɔe tsia agbe’ la nye nyateƒe?”

Julia

Julia

“Ne èle tsa ɖim le ave me eye nèva ke ɖe atixɔe nyakpɔ aɖe ŋu la, ɖe nàgblɔ be: ‘Nu kae nya kpɔ ale! Atilɔwo ge le wo ɖokuiwo si va dze afi si sɔ pɛpɛpɛ hezu xɔ sia!’ Gbeɖe! Susu manɔ eme o. Ke nu ka tae nàxɔe se be ɖeko nu siwo katã le xexea me la dzɔ le wo ɖokuiwo si?”

a Ame aɖewo agblɔ be amegbetɔwo nyaa nu wu kesewo elabe amegbetɔwo ƒe ahɔhɔ̃ lolo wu kesewo tɔ. Ne èdi be yeakpɔ nu siwo tae numeɖeɖe ma mesɔ o la, ke kpɔ agbalẽ gbadza si nye The Origin Of Life—Five Questions Worth Asking alo Cinq questions à se poser sur l’origine de la vie, ƒe axa 28.

b Kpɔ agbalẽ gbadza si nye The Origin Of Life—Five Questions Worth Asking alo Cinq questions à se poser sur l’origine de la vie, ƒe axa 8-12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe