INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 86
  • Ðe Mawu Trɔa Susua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Mawu Trɔa Susua?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Ðe Biblia megblɔ be Mawu metrɔna oa?
  • Ðe wòve Mawu be yewɔ amegbetɔwoa?
  • Ðe Wòle Be Nàtrɔ Susua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nu Si Dzɔ Va Yi Nye Nuxlɔ̃ame Na Mí
    Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Mu Tamebubu Siwo Xea Mɔ Ðe Mawu Ŋuti Sidzedze Nu La Ƒu Anyi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2012
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 86
Mɔ si xa gɔdɔ̃ ƒe dzesi

Ðe Mawu Trɔa Susua?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Ɛ̃, etrɔa susu le mɔ sia nu be ne amewo trɔ woƒe nuwɔnawo la eya hã trɔa nɔnɔme ɖe wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi Mawu dɔ nyagblɔɖila aɖe be wòayi aɖagblɔ ʋɔnudrɔ̃gbedeasi aɖe na blema Israel-viwo la, egblɔ be: “Ðewohĩ woasee, eye ame sia ame atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi, ekema matrɔ susu, eye nyemagahe vɔ̃ si meɖo ɖe wo ŋu le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta la ava wo dzi o.”​—Yeremiya 26:3.

Woɖe nya sia gɔme le Biblia aɖewo me be Mawu “trɔ dzi me” le vɔ̃ si wòɖo be yeawɔ la gome. Woƒe nya sia ate ŋu afia be Mawu da vo. Gake Hebrigbe me nya si gɔme woɖe la ate ŋu afia “trɔ susu alo trɔ tame.” Agbalẽnyala gã aɖe ŋlɔ bena: “Ne amewo trɔ woƒe nuwɔna la, Mawu hã trɔa ʋɔnu si wòɖo be yeadrɔ̃ wo la.”

Ke hã, ele be míade dzesii be togbɔ be Mawu tea ŋu trɔa susu hã la, mezi edzi be wòatrɔ susu ɣesiaɣi o. Kpɔ Biblia me nudzɔdzɔ siwo me Mawu metrɔ susu le o la dometɔ aɖewo ɖa:

  • Mawu meɖe mɔ Balak na wòtrɔ susu heƒo fi de Israel-dukɔ la o.​—4 Mose 23:18-20.

  • Esi Israel fia Saul tsɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖo dɔe la, Mawu metrɔ tame si wòɖo be yeagbee la o.​—1 Samuel 15:28, 29.

  • Mawu awɔ ɖe ŋugbe si wòdo be yeana ye Vi nanye nunɔla tegbee la dzi. Mawu matrɔ susu o.​—Psalmo 110:4.

Ðe Biblia megblɔ be Mawu metrɔna oa?

Ɛ̃, Mawu gblɔ le Biblia me be: “Nye Yehowa nyemetrɔ o.” (Malaki 3:6) Nenema kee Biblia gblɔ be Mawu “metrɔna abe vɔvɔli ene o.” (Yakobo 1:17) Gake nya sia metsi tsitre ɖe nya si Biblia gblɔ be Mawu trɔ susu la ŋu o. Mawu metrɔna o le susu sia nu be eƒe nɔnɔmewo kple eƒe dzidzenu ku ɖe lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ŋu metrɔna gbeɖe o. (5 Mose 32:4; 1 Yohanes 4:8) Gake etea ŋu naa mɔfiame vovovowo amewo le ɣeyiɣi vovovowo me. Le kpɔɖeŋu me, Mawu na mɔfiame vovovowo Fia David le aʋa eve aɖewo me, gake mɔfiame eveawo katã kpɔ dzidzedze.​—2 Samuel 5:​18-​25.

Ðe wòve Mawu be yewɔ amegbetɔwoa?

Ao, togbɔ be evenɛ be ame akpa gãtɔ meɖoa to ye o hã. Biblia gblɔ tso ale si nɔnɔmeawo nɔ le anyigba dzi do ŋgɔ na Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa ŋu be: “Eve Yehowa bena, wòwɔ ame ɖe anyigba dzi, eye wòɖu dzi nɛ.” (1 Mose 6:6) Dɔwɔnya si wozã le kpukpui sia me be “eve” nye Hebrigbe me nya aɖe si ate ŋu afia “trɔ susu.” Mawu trɔ susu ku ɖe ame siwo nɔ anyigba dzi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa dometɔ akpa gãtɔ ŋu le woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta. (1 Mose 6:5, 11) Togbɔ be etena ɖe Mawu dzi be amewo tsɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖo dɔe hã la, metrɔ susu ku ɖe amegbetɔƒome bliboa ŋu o. Le nyateƒe me la, ekpɔ amegbetɔƒomea ta le Tsiɖɔɖɔa me esi wòna Noa kple eƒe ƒomea tsi agbe.​—1 Mose 8:21; 2 Petro 2:5, 9.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe